< Zekaria 12 >

1 Esiae nye Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖe Israel ŋu, Yehowa si wɔ dziƒo kple anyigba, eye wòwɔ gbɔgbɔ de ame me, eyae gblɔ be,
託宣 イスラエルについての主の言葉。すなわち天をのべ、地の基をすえ、人の霊をその中に造られた主は、こう仰せられる、
2 “Mawɔ Yerusalem wòanye kplu si ne ame siwo ƒo xlãe noe la, woamu. Woaɖe to ɖe Yuda kple Yerusalem.
「見よ、わたしはエルサレムを、その周囲にあるすべての民をよろめかす杯にしようとしている。これはエルサレムの攻め囲まれる時、ユダにも及ぶ。
3 Gbe ma gbe ne dukɔ siwo katã le anyigba dzi ƒo ƒu ɖe eŋuti la, mawɔ Yerusalem wòanye agakpe si meʋãna o la na dukɔwo. Ame siwo katã adi be yewoamli agakpe sia la axɔ abi.
その日には、わたしはエルサレムをすべての民に対して重い石とする。これを持ちあげる者はみな大傷を受ける。地の国々の民は皆集まって、これを攻める。
4 Gbe ma gbe la, made vɔvɔ̃ sɔ ɖe sia ɖe me, eye matsɔ tsukuku ada ɖe wo dolawo dzi.” Yehowae gblɔe. “Nye ŋkuwo anɔ Yuda ƒe aƒe la ŋuti ɖaa, ke magbã ŋku na dukɔwo ƒe sɔwo.
主は言われる、その日には、わたしはすべての馬を撃って驚かせ、その乗り手を撃って狂わせる。しかし、もろもろの民の馬を、ことごとく撃って、めくらとするとき、ユダの家に対しては、わたしの目を開く。
5 Ekema Yuda ƒe kplɔlawo agblɔ le woƒe dzi me be, ‘Yerusalemtɔwo sesẽ, elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae nye woƒe Mawu.’
その時ユダの諸族は、その心の中に『エルサレムの住民は、その神、万軍の主によって力強くなった』と言う。
6 “Gbe ma gbe la, mawɔ Yuda ƒe kplɔlawo woanɔ abe dzoɖenu le nake si woƒo kɔe la dzi ene. Woanɔ abe akakati bibi le gbe ƒuƒuwo dome ene. Woabi ame siwo ƒo xlã wo, ɖusime kple miame siaa, ke Yerusalem ya anɔ te sesĩe.
その日には、わたしはユダの諸族を、たきぎの中の火皿のようにし、麦束の中のたいまつのようにする。彼らは右に左に、その周囲にあるすべての民を、焼き滅ぼす。しかしエルサレムはなお、そのもとの所、すなわちエルサレムで、人の住む所となる。
7 “Yehowa aɖe Yuda ƒe nɔƒewo gbã, ale be bubu si le David ƒe aƒe la kple Yerusalem me nɔlawo ŋu la malolo wu Yudatɔ o.
主はまずユダの幕屋を救われる。これはダビデの家の光栄と、エルサレムの住民の光栄とが、ユダの光栄にまさることのないようにするためである。
8 Gbe ma gbe la, Yehowa atsɔ akpoxɔnu atsyɔ Yerusalem nɔlawo dzi, ale be ame gblɔetɔ kekeake si le wo dome la anɔ abe David ene, eye David ƒe aƒe la anɔ abe Mawu ene, anɔ abe Yehowa ƒe dɔla si dze ŋgɔ na wo la ene.
その日、主はエルサレムの住民を守られる。彼らの中の弱い者も、その日には、ダビデのようになる。またダビデの家は神のように、彼らに先だつ主の使のようになる。
9 Gbe ma gbe la, matsrɔ̃ dukɔ siwo katã tso ɖe Yerusalem ŋu.
その日には、わたしはエルサレムに攻めて来る国民を、ことごとく滅ぼそうと努める。
10 “Makɔ amenuveve kple gbedodoɖa ƒe gbɔgbɔ ɖe David ƒe aƒe la kple Yerusalem nɔlawo dzi. Woakpɔ nye, ame si wotɔ nui la dzi, woafa nɛ abe ale si wofana na vi ɖeka hɔ̃ɔ si ku la ene, eye woafa nɛ vevie abe ŋgɔgbevi si ku la ene.
わたしはダビデの家およびエルサレムの住民に、恵みと祈の霊とを注ぐ。彼らはその刺した者を見る時、ひとり子のために嘆くように彼のために嘆き、ういごのために悲しむように、彼のためにいたく悲しむ。
11 Gbe ma gbe la, avi aɖi hoo le Yerusalem abe ale si Hadad Rimon fa avi vevie le Megido ƒe balime ene.
その日には、エルサレムの嘆きは、メギドの平野にあったハダデ・リンモンのための嘆きのように大きい。
12 Anyigba la katã afa avi; to ɖe sia ɖe afa avi na eɖokui, eye wo srɔ̃wo anɔ wo gbɔ: to si tso David ƒe aƒe me kple wo srɔ̃wo, to si tso Natan ƒe aƒe me kple wo srɔ̃wo,
国じゅう、氏族おのおの別れて嘆く。すなわちダビデの家の氏族は別れて嘆き、その妻たちも別れて嘆く。ナタンの家の氏族は別れて嘆き、その妻たちも別れて嘆く。
13 to si tso Levi ƒe aƒe me kple wo srɔ̃wo, Simei ƒe to kple wo srɔ̃wo,
レビの家の氏族は別れて嘆き、その妻たちも別れて嘆く。シメイの氏族は別れて嘆き、その妻たちも別れて嘆く。
14 eye to mamlɛawo katã hã kple wo srɔ̃wo.”
その他の氏族も皆別れて嘆き、その妻たちも別れて嘆くのである。

< Zekaria 12 >