< Zekaria 11 >

1 “O Lebanon, ʋu wò agbowo da ɖi siaa be dzo nabi wò sedatiwo!
黎巴嫩! 打開你的門,讓火來吞滅你的香柏!
2 Mifa avi, O logotiwo elabena sedati mu dze anyi, ati gãwo tsrɔ̃! Mi ati sesẽ siwo le Basan, mifa avi, elabena wolã avetsuawo ƒu anyi!
松樹,哀號吧! 因為香柏已被伐倒,高大者已被摧毀;巴商的橡樹,哀號吧! 因為不可深入的樹林全已倒下。
3 Miɖo to alẽkplɔlawo ƒe avifafa, elabena woƒe lãnyiƒe damawo tsrɔ̃. Miɖo to dzatawo ƒe xɔxlɔ̃, elabena Yɔdan ƒe ave damawo tsrɔ̃!”
聽,牧人在哀號,因為他們的的光榮己被破壞;聽,幼獅在咆哮,因為約旦的豪華已遭摧毀。
4 Yehowa, nye Mawu la gblɔ nam be, “Yi nàwɔ dɔ abe alẽkplɔla ene, eye nàkplɔ alẽ siwo woɖo ɖi na wuwu.
上主,我的天主這樣說:「你要牧放這待宰的羊群!
5 Wo ƒlelawo wua wo yakatsyɔ, eye ame aɖeke mehea to na wo o. Ame siwo dzra wo la hã gblɔ be, ‘Mikafu Yehowa elabena mezu kesinɔtɔ!’ Woƒe kplɔlawo ŋutɔ gɔ̃ hã mekpɔa wo ta o,
那些購買牠們來宰殺的,以為無過;那賣出他們的的還說;上主應受讚美,因為我成了富翁! 那牧放牠們的,毫不憐惜牠們。
6 elabena nyemagakpɔ nublanui na anyigbadzinɔlawo o.” Yehowae gblɔe. “Malé ame sia ame ade asi na ehavi kple eƒe fia. Woate anyigba la ɖe to, eye nyemaɖe wo tso woƒe asi me o.”
我也決不再憐恤這地上的居民──上主的斷語;看,我要將每個人交在他的的牧人手中.和他的君王手中,讓他們毀滅這地, 決不由他們手中搶救。
7 Ale nye ŋutɔ mekplɔ alẽha si woɖo ɖi na wuwu, vevietɔ wo dometɔ siwo wote ɖe anyi. Metsɔ atizɔti eve, meyɔ ɖeka be Dɔmefafa, evelia be Ɖekawɔwɔ, eye mekpɔ alẽha la ta.
這樣我就代替賣羊人牧放待宰的羊群。我取了兩根棍杖:一根我稱它為「愛護」,一根我叫它作「聯合」;我這樣牧放了羊群。
8 Le ɣleti ɖeka me la, meɖe alẽkplɔla etɔ̃ katã ɖa. Alẽha la lé fum, eye woƒe nu ti kɔ nam.
在一個月內,我竟廢除了三個牧人;終於我的人神也厭煩了羊群,而他們的心也厭惡我。
9 Megblɔ be, “Nyemaganye miaƒe kplɔla o. Ame siwo le kukum la neku, eye ame siwo le tsɔtsrɔ̃m la netsrɔ̃. Ame siwo susɔ la nelé wo nɔewo ɖu.”
我於是說:我不願再失放你們:那要死的,就讓他死去;那要喪亡的,就讓他喪亡;那劓剩下的,就讓他們彼此吞食。
10 Ale metsɔ nye atikplɔ si meyɔ be Dɔmefafa la, meŋee, eye metu nu si mebla kple dukɔwo.
以後,我就拿起我的棍杖「愛護」,把它折斷,藉以廢除我與眾百姓所結的盟約。
11 Metu nubabla la gbe ma gbe, eye ame siwo nu ti kɔ na le alẽhawo me, esi wole kpɔyem la, nyae be enye Yehowa ƒe nya.
盟約便在那一天廢除了;於是那些注視我的羊販子,便知道這是上主的話。
12 Megblɔ na wo be, “Ne edze mia ŋu la, ekema mixe nye fe nam, gake ne medze mia ŋu o la, mitsɔe.” Ale woxe klosaloga blaetɔ̃ nam.
以後,我對他們說:如果你們看著好,就給我工資,不然,就算了。他們於是衡量了二十兩銀子作我的工資。
13 Yehowa gblɔ nam be, “Tsɔe ƒu gbe ɖe zemela ŋu.” Eyae nye home gã si wosusu be mexɔ! Ale metsɔ klosaloga blaetɔ̃ la ƒu gbe ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe nudzraɖoƒe.
那時上主對我說:「你把他們對我所佔計的高價投入寶內! 我就是拿了那三十兩銀子,投入上主殿內寶庫裏
14 Azɔ meŋe nye atikplɔ evelia si meyɔ be Ɖekawɔwɔ la, ale meŋe ɖekawɔwɔ si le Yuda kple Israel dome.
我又折斷我的另一根棍杖「聯合」,藉以廢除與以色列間的手足情誼。
15 Yehowa gblɔ nam be, “Tsɔ alẽkplɔla tsibome ƒe lãkplɔnu,
上主又對我說:「你再取一套愚昧收入的服裝,
16 elabena mele alẽkplɔla aɖe ɖo ge ɖe anyigba la nu si makpɔ alẽ bubuwo ta alo adi alẽviwo alo abla abi na esiwo xɔ abi alo adi nuɖuɖu na esiwo le sesĩe la o, ke boŋ aɖu alẽ nyuitɔwo ƒe lã, eye wòavuvu woƒe afɔkliwo.
因為.看,我將在地上興起一個牧人:那喪失的,他不去尋找;那迷途的,他不去搜索;那受傷的,他不去醫治;那病弱的,他不去扶持;卻要擇肥而食,並且剝去牠們的蹄子。
17 “Baba na alẽkplɔla ɖigbɔ̃ la, ame si gblẽ alẽha la ɖi! Yi nelã eƒe abɔ, eye wòaho eƒe ɖusimeŋku! Eƒe abɔ nedzo ɖo agu, eye eƒe ɖusimeŋku nagbã keŋkeŋ!”
禍哉! 那拋棄羊群的愚昧牧人! 願刀劍落在他的臂膊和他的右眼上! 願他的臂膊枯槁! 願他的右眼完全失明!

< Zekaria 11 >