< Zekaria 10 >

1 Mibia Yehowa wòana tsi nadza na mi le tsidzaɣi, elabena Yehowae nana tsi ɖona. Enana tsi dzana na amewo, eye wònana nukuwo miena ɖe bo dzi na ame sia ame.
Ask of the LORD rain in the spring time, The LORD who makes lightnings, and he gives rain showers to everyone for the plants in the field.
2 Legbawo blea ame, bokɔnɔwo kpɔa ŋutega siwo mele eteƒe o, wokua drɔ̃e siwo nye aʋatso, eye wogblɔa akɔfanya siwo mevaa eme o. Eya ta ameawo le tsaglalã tsam abe alẽ siwo wote ɖe anyi la ene, elabena kplɔla mele wo si o.
For the teraphim have spoken vanity, and the diviners have seen a lie; and they have told false dreams. They comfort in vain. Therefore they go their way like sheep. They are oppressed, because there is no shepherd.
3 “Nye dɔmedzoe bi ɖe alẽkplɔlawo ŋu, eye mahe to na kplɔlawo, elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la akpɔ Yuda ƒe aƒe, eƒe alẽha la ta, eye wòawɔ wo woanɔ abe sɔ si ŋu ŋusẽ le le aʋagbedzi ene.
My anger is kindled against the shepherds, and I will punish the male goats; For the LORD of hosts has visited his flock, the house of Judah, and will make them as his majestic horse in the battle.
4 Dzogoedzikpe atso Yuda ava, eye tsyoti, dati siwo ŋu dɔ wowɔna le aʋa me kple dziɖula ɖe sia ɖe atso Yuda ava.
From him will come forth the cornerstone, from him the nail, from him the battle bow, from him every ruler together.
5 Wo katã woabɔ asaɖa abe ŋutsu kalẽtɔ siwo le zɔzɔm le bamɔtatawo dzi le aʋagbedzi ene, elabena Yehowa li kpli wo, woawɔ aʋa, aɖu sɔdolawo dzi.
They shall be as mighty men, treading down muddy streets in the battle; and they shall fight, because the LORD is with them; and the riders on horses will be confounded.
6 “Mado ŋusẽ Yuda ƒe aƒe, eye maɖe Yosef ƒe aƒe, magbugbɔ wo agaɖo te, elabena mekpɔ nublanui na wo. Woanɔ abe ɖe nyemegbe nu le wo gbɔ kpɔ o ene, elabena nyee nye Yehowa, woƒe Mawu la, eye matɔ na wo.
"I will strengthen the house of Judah, and I will save the house of Joseph, and I will bring them back; for I have mercy on them; and they will be as though I had not cast them off: for I am the LORD their God, and I will hear them.
7 Efraimtɔwo ava nɔ abe ŋutsu kalẽtɔwo ene, eye woƒe dziwo akpɔ dzidzɔ abe wain wono ene. Wo viwo akpɔe, woatso aseye, eye woakpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu.
Ephraim will be like a mighty man, and their heart will rejoice as through wine; yes, their children will see it, and rejoice. Their heart will be glad in the LORD.
8 Mana dzesi wo, eye maƒo wo nu ƒu, maɖe wo vavã, eye woagasɔ gbɔ abe tsã ene.
I will signal for them, and gather them; for I have redeemed them; and they will increase as they have increased.
9 Togbɔ be mekaka wo ɖe amewo dome hã la, woaɖo ŋku dzinye le anyigba didi mawo dzi. Wo kple wo viwo atsi agbe, eye woagatrɔ agbɔ.
I will sow them among the peoples; and they will remember me in far countries; and they will live with their children, and will return.
10 Makplɔ wo agbɔe tso Egipte, eye maƒo wo nu ƒu tso Asiria; makplɔ wo va Gilead kple Lebanon, eye womakpɔ teƒe anɔ gɔ̃ hã o.
I will bring them again also out of the land of Egypt, and gather them out of Assyria; and I will bring them into the land of Gilead and Lebanon; and there won't be room enough for them.
11 Woato nuxaxa ƒe atsiaƒu me, ke woaɖu ƒu dzeagbowo dzi, eye Nil tɔsisi ƒe gogloƒewo aƒu kplakplakpla. Woaŋe kɔ le Asiria ƒe dada nu, eye woaɖe Egipte ƒe fiatikplɔ ɖa.
He will pass through the sea of affliction, and will strike the waves in the sea, and all the depths of the Nile will dry up; and the pride of Assyria will be brought down, and the scepter of Egypt will depart.
12 Mado ŋusẽ wo le Yehowa me, eye eƒe ŋkɔ me woazɔ le.” Yehowae gblɔe.
I will strengthen them in the LORD; and they will walk up and down in his name," says the LORD.

< Zekaria 10 >