< Tito 3 >

1 Ɖo ŋku edzi na wò ameawo be ele be woabu dziɖuɖua kple eƒe dɔnunɔlawo; ele be woaɖo to wo, eye woanɔ klalo na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ ɣe sia ɣi.
υπομιμνησκε αυτουσ αρχαισ και εξουσιαισ υποτασσεσθαι πειθαρχειν προσ παν εργον αγαθον ετοιμουσ ειναι
2 Mele be woagblɔ nya vɔ̃ ɖe ame aɖeke ŋu loo alo awɔ dzre o, ke boŋ ele be woanye ame fafawo, eye woabu ame sia ame.
μηδενα βλασφημειν αμαχουσ ειναι επιεικεισ πασαν ενδεικνυμενουσ πραοτητα προσ παντασ ανθρωπουσ
3 Míawo hã míenye abunɛtɔwo kpɔ, eye míegbe toɖoɖo. Ame bubuwo ble mí, eye míezu kluviwo na ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo kple fieŋufieŋu vɔ̃ɖiwo. Havimalɔmalɔ̃ kple ŋuʋaʋã xɔ mía me keŋ. Míelé fu amewo, eye woawo hã lé fu mí.
ημεν γαρ ποτε και ημεισ ανοητοι απειθεισ πλανωμενοι δουλευοντεσ επιθυμιαισ και ηδοναισ ποικιλαισ εν κακια και φθονω διαγοντεσ στυγητοι μισουντεσ αλληλουσ
4 Ke esi ɣeyiɣi la de be Mawu, mía Ɖela ƒe amenuveve kple lɔlɔ̃ nado la,
οτε δε η χρηστοτησ και η φιλανθρωπια επεφανη του σωτηροσ ημων θεου
5 eɖe mí, menye esi míedze be woaɖe mí ta o, ke boŋ le eƒe amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta. Ewɔ esia to ale si wòklɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖa kple ale si wòde Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe dzidzɔ yeye mía me la me.
ουκ εξ εργων των εν δικαιοσυνη ων εποιησαμεν ημεισ αλλα κατα τον αυτου ελεον εσωσεν ημασ δια λουτρου παλιγγενεσιασ και ανακαινωσεωσ πνευματοσ αγιου
6 Ekɔ eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mía dzi, eye wòna wòsɔ gbɔ le mía me. Ewɔ esiawo katã le nu si Yesu Kristo, mía Ɖela wɔ la ta,
ου εξεχεεν εφ ημασ πλουσιωσ δια ιησου χριστου του σωτηροσ ημων
7 ale be woate ŋu atso afia na mí le Mawu ƒe ŋkume, le eƒe dɔmenyo gbãgo la ta. Azɔ la, míate ŋu akpɔ gome le agbe mavɔ si wona mí la ƒe kesinɔnu la me. Míele mɔ kpɔm vevie na exɔxɔ. (aiōnios g166)
ινα δικαιωθεντεσ τη εκεινου χαριτι κληρονομοι γενωμεθα κατ ελπιδα ζωησ αιωνιου (aiōnios g166)
8 Esia nye nyateƒenya si wògblɔ, eye medi be nàte gbe ɖe nu siawo dzi, ale be ame siwo tsɔ woƒe xɔse de Mawu me la, nakpɔ nyuie be wotsɔ wo ɖokuiwo de nu nyui wɔwɔ me blibo; nu siawo nyo ŋutɔ, eye wohea viɖe geɖe vanɛ na ame sia ame.
πιστοσ ο λογοσ και περι τουτων βουλομαι σε διαβεβαιουσθαι ινα φροντιζωσιν καλων εργων προιστασθαι οι πεπιστευκοτεσ θεω ταυτα εστιν τα καλα και ωφελιμα τοισ ανθρωποισ
9 Mègade nu nyahehe siwo ku ɖe biabia siwo ŋu ŋuɖoɖo tututu aɖeke mele o kple mawunya ƒe akpa siwo ŋu ɖeklemiɖeɖe geɖe le la me o. Ɖe ɖokuiwò ɖa le nyahehe tso Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ ŋu me, elabena viɖe aɖeke mele nu sia tɔgbi ŋu o; nu gbegblẽ ko wòhena vɛ.
μωρασ δε ζητησεισ και γενεαλογιασ και ερεισ και μαχασ νομικασ περιιστασο εισιν γαρ ανωφελεισ και ματαιοι
10 Ne ame aɖe le mama hem va mia dome la, ele be miagbe nya nɛ zi gbãtɔ kple zi evelia. Le esia megbe la, migatsɔ ɖeke le eƒe nya me o,
αιρετικον ανθρωπον μετα μιαν και δευτεραν νουθεσιαν παραιτου
11 elabena ame ma tɔgbi medaa asi ɖe nu nyui dzi o. Ele nu vɔ̃ wɔm, eye eya ŋutɔ nya nenema.
ειδωσ οτι εξεστραπται ο τοιουτοσ και αμαρτανει ων αυτοκατακριτοσ
12 Mele eɖom be maɖo Artema alo Tikiko ɖe wò. Ne wo dometɔ ɖeka va ɖo la, dze agbagba nàdo gom le Nikopoli kaba abe ale si nàte ŋui ene, elabena meɖo be manɔ afi ma le vuvɔŋɔli la me.
οταν πεμψω αρτεμαν προσ σε η τυχικον σπουδασον ελθειν προσ με εισ νικοπολιν εκει γαρ κεκρικα παραχειμασαι
13 Wɔ nu sia nu si nàte ŋui la be nàkpe ɖe Zenas, senyala la kple Apolo ŋu le woƒe mɔzɔzɔ me. Kpɔ egbɔ be wona nu sia nu si woahiã la wo.
ζηναν τον νομικον και απολλω σπουδαιωσ προπεμψον ινα μηδεν αυτοισ λειπη
14 Fia míaƒe ameawo be woasrɔ̃ ale si woatsɔ wo ɖokuiwo ade nu nyui wɔwɔ me, ale be woate ŋu akpɔ woƒe gbe sia gbe ƒe nuhiahiãwo, eye womanɔ agbe maɖevi o.
μανθανετωσαν δε και οι ημετεροι καλων εργων προιστασθαι εισ τασ αναγκαιασ χρειασ ινα μη ωσιν ακαρποι
15 Ame siwo katã le gbɔnye la do gbe na mi nyuie. Do gbe na ame siwo lɔ̃a mí le xɔse la me. Amenuveve nanɔ kpli mi katã.
ασπαζονται σε οι μετ εμου παντεσ ασπασαι τουσ φιλουντασ ημασ εν πιστει η χαρισ μετα παντων υμων αμην

< Tito 3 >