< Tito 2 >
1 Ele na wò be nàfia nu si nye nufiafia si de blibo.
But you are to speak the things that befit sound doctrine.
2 Fia ame tsitsiwo be woafa tu, woanye ame siwo dze na bubu, ɖokuidziɖulawo, ame siwo ƒe xɔse de blibo le lɔlɔ̃ kple tenɔnɔ me.
Old men should be sober, chaste, prudent, sound in faith, in love, in patience.
3 Nenema ke, fia nyɔnu tsitsiwo be woafa tu, eye woabu ame le woƒe nuwɔna ɖe sia ɖe me. Womanye ame siwo nɔa tsatsam, nɔa nya vlowo gblɔm tso amewo ŋu la o, eye womanye ahatsunolawo hã o.
Old women, similarly, should be in holy attire, not false accusers, not given to much wine, teaching well,
4 Ele be nyɔnu tsitsi siawo nafia ɖetugbiwo ale si woafa tui, eye woalɔ̃ wo srɔ̃wo kple wo viwoe.
so that they may teach prudence to the young women, so that they may love their husbands, love their children,
5 Fia wo be woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒemedɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo kple ame siwo bɔbɔa wo ɖokui na woawo ŋutɔ srɔ̃wo be ame aɖeke magblɔ nya tovo ɖe Mawu ƒe nya la ŋu o.
be sensible, chaste, restrained, have concern for the household, be kind, be subordinate to their husbands: so that the Word of God may be not blasphemed.
6 Nenema ke, do ŋusẽ ɖekakpuiwo be woanye ɖokuidziɖulawo.
Exhort young men similarly, so that they may show self-restraint.
7 Tsɔ ɖokuiwò ɖo kpɔɖeŋui na wo le nu sia nu me, to nu si nyo la wɔwɔ me. Ɖe nuteƒewɔwɔ kple moveviɖoɖo fia le wò nufiafia me.
In all things, present yourself as an example of good works: in doctrine, with integrity, with seriousness,
8 Kpe ɖe esiawo ŋu la, wò nuƒoƒo neto mɔ ɖeka be womakpɔ kpɔtsɔtsɔ le eŋu o, ale be ŋu nakpe ame siwo tsia tsitre ɖe ŋuwò la, elabena nya vɔ̃ aɖeke mele wo si woagblɔ tso mía ŋu o.
with sound words, irreproachably, so that he who is an opponent may dread that he has nothing evil to say about us.
9 Fia kluviwo be woaɖo to woƒe aƒetɔwo le nu sia nu me, woadze agbagba awɔ nu adze wo ŋu, eye womegaɖo nya ŋu na woƒe aƒetɔwo o.
Exhort servants to be submissive to their masters, in all things pleasing, not contradicting,
10 Fia wo hã be womegafi woƒe aƒetɔwo o, ke boŋ woaɖe nuteƒewɔwɔ nyui afia be woate ŋu aka ɖe wo dzi blibo ɣe sia ɣi ale be le mɔ ɖe sia ɖe nu la, woawɔ nufiafia tso Mawu, míaƒe Ɖela ŋu wòadze ame ŋu.
not cheating, but in all things showing good fidelity, so that they may adorn the doctrine of God our Savior in all things.
11 Elabena Mawu ƒe amenuveve si hea ɖeɖe vanɛ la do na amewo katã.
For the grace of God our Savior has appeared to all men,
12 Efia mí be míagblɔ “Ao” na mawumavɔmavɔ̃ kple xexemenudzodzrowo, eye míanɔ agbe le ɖokuidziɖuɖu, dzɔdzɔenyenye kple mawuvɔvɔ̃ me le fifixexea me, (aiōn )
instructing us to reject impiety and worldly desires, so that we may live soberly and justly and piously in this age, (aiōn )
13 esi míele lalam na yayraŋkeke si míele mɔ kpɔm na, yayraŋkeke si dzi woaɖe míaƒe Mawu gã kple Ɖela Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe afia le.
looking forward to the blessed hope and the advent of the glory of the great God and of our Savior Jesus Christ.
14 Ame si tsɔ eɖokui na ɖe mía ta be yeaɖe mí tso vɔ̃ɖinyenye katã me, be wòakɔ mía ŋuti na eɖokui, ame siwo nye eya ŋutɔ tɔ, eye wole klalo be woawɔ nu si nyo la.
He gave himself for our sake, so that he might redeem us from all iniquity, and might cleanse for himself an acceptable people, pursuers of good works.
15 Eya ta fia nu siawo. De dzi ƒo na wò ameawo, eye nàka mo na wo kple ŋusẽ katã. Mègana ame aɖeke nado vlo wò o.
Speak and exhort and argue these things with all authority. Let no one despise you.