< Hawo 8 >
1 Ɖe nànɔ nam abe nɔviŋutsu si no danye ƒe no la ene! Ekema ne medo go wò le kpɔdome la, magbugbɔ nu na wò, eye ame aɖeke mado vlom o.
Ô mon frère bien-aimé, que n'as-tu sucé les mamelles de ma mère! Si je te trouve dehors, je te baiserai, et nul ne me méprisera.
2 Makplɔ wò adzoe, ayi ɖe danye, ame si fia num la ƒe aƒe me. Mana wain si me wode atike ʋeʋĩi kple atɔtɔŋutitsi la wò nàno.
Je te prendrai par la main, je t'introduirai dans la maison de ma mère, dans la chambre de celle qui m'a conçu. Je te ferai boire du vin parfumé, et du jus de mes grenades.
3 Eƒe miabɔ le nye ta te, eye wòtsɔ eƒe ɖusibɔ kpla kɔ nam.
Il posera sa main gauche sur ma tête, et, de la droite, il m'embrassera.
4 Yerusalem vinyɔnuwo, meta mi: migaʋuʋu alo mianyɔ lɔlɔ̃ o, va se ɖe esi eya ŋutɔ nalɔ̃ hafi.
Je vous adjure, filles de Jérusalem, par les vertus de la campagne, n'éveillez pas, ne réveillez pas ma bien-aimée qu'elle ne le désire.
5 Ame kae nye esi gbɔna tso gbegbe, eye wòziɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃tɔ ŋu? Menyɔ wò le apluti te; afi mae dawò fɔ wò fu le, afi mae ame si le ku lém la dzi wò ɖo.
Quelle est celle qui se lève blanche comme l'aubépine, appuyée sur son frère bien-aimé? Je t'ai réveillée sous un pommier; c'est là que ta mère t'a enfantée; c'est là que t'a enfantée celle qui t'a conçu.
6 Lém ɖe wò dzi kple wò abɔ ŋuti abe nutrenu ene. Elabena lɔlɔ̃ sesẽ wu ku, eye ŋuʋaʋã gbea tanana abe yɔdo ene. Ebina abe dzo ene, eye wòflana abe Yehowa ƒe dzo ene. (Sheol )
Mets-moi comme un sceau sur ton cœur, et comme un sceau sur ton bras. Car l'amour est fort comme la mort, et la jalousie est cruelle comme l'enfer; ses traits sont des traits de feu, ce sont des flammes. (Sheol )
7 Tsi geɖe mate ŋu atsi lɔlɔ̃ ƒe dzo o, eye tɔsisi aɖeke mate ŋu akplɔe dzoe o. Ne ame aɖe atsɔ eƒe aƒemekesinɔnuwo katã ana ɖe lɔlɔ̃ ta la, anye alɔmeɖenu wòawɔ.
Des torrents d'eau ne pourront point éteindre l'amour, ni les fleuves le submerger. Si un homme donne toute sa vie par amour, les autres hommes auront pour lui le dernier mépris.
8 Nɔvinyɔnu ɖetugbivi aɖe le mía si mekpɔ te no haɖe o. Nu ka míawɔ na mía nɔvinyɔnu la gbe si gbe woava bia eta?
Notre sœur est petite, et n'a point de mamelle; que ferons-nous pour notre sœur, le jour où je viendrai lui parler?
9 Nenye glie wònye la, míatsɔ klosalo atu xɔ tsrala ɖe edzi. Nenye agboe wònye la, míatsɔ sedaʋuƒowo aklã ɖe eŋuti godoo.
Si elle est un mur, couronnons-la de créneaux d'argent; si elle est une porte, incrustons-la de bois de cèdre.
10 Menye gli, eye nye nowo le abe xɔ tsralawo ene. Ale mele eƒe ŋkume abe ame si tsɔ dzidzeme vɛ la ene.
Moi, je suis un mur, et mes mamelles sont comme des tours; et j'ai été à leurs yeux comme ayant trouvé la paix.
11 Waingble le Solomo si le Baal Hamon; eye wòtsɔ agble la de asi na agbledzikpɔlawo, be wo dometɔ ɖe sia ɖe nana klosalo kilogram wuiɖekɛ kple afã ɖe waintsetseawo ta.
Salomon avait une vigne en Béelamon; il a donné sa vigne à ceux qui la gardent; chacun rendra de ses fruits mille sicles d'argent.
12 Nye ŋutɔ nye waingble le asinye be matsɔ ana; O Solomo, klosalo kilogram wuiɖekɛ kple afã la nye tɔwò, eye kilogram eve kple afã nye agbledzikpɔlawo tɔ.
Ma vigne est à moi; elle est devant mes yeux; que Salomon en ait mille sicles; que ceux qui gardent ses fruits en aient deux cents.
13 Wò ame si le abɔwo me, eye xɔlɔ̃wo ƒo xlã wò, na mase wò gbe!
Ô toi qui demeures dans les jardins, mes compagnes écoutent ta voix; fais-la-moi entendre.
14 Nye lɔlɔ̃tɔ, si va, eye nànɔ abe sãde alo zivi si le gbe ʋeʋĩwo ƒe towo dzi la ene.
Fuis, mon frère bien-aimé; et, rapide comme le chevreuil ou comme le faon de la biche, fuis dans les montagnes des parfums.