< Hawo 7 >

1 Wò, dumegã ƒe vinyɔnu, atokota dze afɔ na wò loo! Wò zɔzɔme le tɔxɛ abe dzonu vavã si aɖaŋuwɔla wɔ la ene.
君の女よ なんぢの足は鞋の中にありて如何に美はしきかな 汝の腿はまろらかにして玉のごとく 巧匠の手にて作りたるがごとし
2 Wò agbɔgbɔnu sɔ tebee abe wainkplu si me wain si wotɔtɔ la mevɔna le o la ene. Wò alime keke abe bli si woli kɔe, eye dzogbenya ɖe to ɖee la ene.
なんぢの臍は美酒の缺ることあらざる圓き杯盤のごとく なんぢの腹は積かさねたる麥のまはりを百合花もてかこめるが如し
3 Wò nowo le abe sãdevi eve siwo nye zi ƒe evenɔviwo la ene.
なんぢの兩乳房は牝鹿の雙子なる二の小鹿のごとし
4 Wò kɔ le tsralɛ abe nyiɖuxɔ tsrala ene. Wò ŋkuwo le abe Hesbon ƒe tsita si le Bat Rabingbo nu la ene. Wò ŋɔti le abe Lebanon ƒe xɔ tsrala si dze ŋgɔ Damasko la ene.
なんぢの頸は象牙の戍樓の如く 汝の目はヘシボンにてバテラビムの門のほとりにある池のごとく なんぢの鼻はダマスコに對へるレバノンの戍樓のごとし
5 Wò ta le tegblẽe abe Karmel to ene, eye wò taɖa le abe fia ƒe avɔ si wotsɔ ka vovovowo lɔ̃e la ene. Eƒe dzedzeme ɖe aboyo fia la.
なんぢの頭はカルメルのごとく なんぢの頭の髪は紫花のごとし 王その垂たる髪につながれたり
6 Èdze tugbe ŋutɔ, eye wò nu hã nyoa ame ŋu. O lɔlɔ̃, wò nuwɔna ɖe sia ɖe doa dzidzɔ na nye dzi!
ああ愛よ もろもろの快樂の中にありてなんぢは如何に美はしく如何に悦ばしき者なるかな
7 Wò kɔkɔme le abe deti ene, eye wò nowo le toɖoe abe atikutsetse siwo le kpo ŋuti la ene.
なんぢの身の長は棕櫚の樹に等しく なんぢの乳房は葡萄のふさのごとし
8 Megblɔ be, “Made deti la dzi, eye malé eƒe tsetsea ɖe asi.” Wò nowo nenɔ abe wainkpo siwo le wainka ŋu la ene, wò gbɔgbɔ naʋẽ lĩlĩlĩ abe aplu ene,
われ謂ふこの棕櫚の樹にのぼり その枝に執つかんと なんぢの乳房は葡萄のふさのごとく なんぢの鼻の氣息は林檎のごとく匂はん
9 eye wò nu me nenye wain nyuitɔ. Wain la neto nye lɔlɔ̃tɔ ƒe nu me kple eƒe aɖutame wɔlii.
なんぢの口は美酒のごとし わが愛する者のために滑かに流れくだり 睡れる者の口をして動かしむ
10 Menye nye lɔlɔ̃tɔ tɔ, eye eya hã ƒe dzi le yonyeme.
われはわが愛する者につき 彼はわれを戀したふ わが愛する者よ われら田舍にくだり 村里に宿らん
11 Nye lɔlɔ̃tɔ, va; na míayi gbe me, eye míatsi kɔƒe me adɔ.
12 Na míafɔ kaba ayi waingblewo me, akpɔe ɖa be wainkawo te tsetse, woƒe seƒoƒowo ke, eye gbotiwo hã le tsetsem mahã; le afi ma matsɔ nye lɔlɔ̃ na wò.
われら夙におきて葡萄や芽しし莟やいでし石榴の花やさきしいざ葡萄園にゆきて見ん かしこにて我わが愛をなんぢにあたへん
13 Adrikewo le ya ɖem nyuie, eye atikutsetse vivi vovovowo le míaƒe ʋɔtru nu, eye medzra yeyeawo kple xoxoawo siaa ɖo na wò, nye lɔlɔ̃tɔ.
戀茄かぐはしき香氣を發ち もろもろの佳き果物古き新らしき共にわが戸の上にあり わが愛する者よ我これをなんぢのためにたくはへたり

< Hawo 7 >