< Hawo 4 >

1 Nye lɔlɔ̃tɔ, èdze tugbe loo! O, èdze tugbe ŋutɔ! Wò ŋkuwo le abe ahɔnɛ ƒe ŋkuwo ene le wò moxevɔ la me. Wò taɖa le abe gbɔ̃ha siwo le ɖiɖim tso Gilead to dzi la ene.
Look, you are beautiful, my love. Look, you are beautiful. Your eyes are doves behind your veil. Your hair is as a flock of goats, that descend from Mount Gilead.
2 Wò aɖuwo fu tititi abe alẽha siwo woko fu na teti, eye wole tsi na wo la ene. Ɖe sia ɖe le zɔzɔm eveve, eye ɖeke metsi akogo o.
Your teeth are like a newly shorn flock, which have come up from the washing, where every one of them has twins. None is bereaved among them.
3 Wò nuyiwo le abe ɖablanu dzĩ ene, eye wò nu nya kpɔna ŋutɔ. Wò tonuƒuiwo le dzedzem le wò moxevɔ me abe atɔtɔ si me woma ɖe eve la ene.
Your lips are like scarlet thread. Your mouth is lovely. Your temples are like a piece of a pomegranate behind your veil.
4 Wò kɔ le abe David ƒe xɔ tsrala si le dzedze tɔxɛ me, eye wotsɔ kalẽtɔ akpe nanewo ƒe akpoxɔnu ku ɖe eŋuti la ene.
Your neck is like David's tower built for an armory, whereon a thousand shields hang, all the shields of the mighty men.
5 Wò nowo le abe sãdevi eve ene alo abe sãde ƒe evenɔvi siwo le gbe ɖum le dzogbenyawo me ene.
Your two breasts are like two fawns that are twins of a gazelle, which feed among the lilies.
6 Mayi lifitowo kple dzudzɔdonu ʋeʋĩ togbɛwo dzi va se ɖe esime ŋu nake, eye viviti nasi adzo.
Until the day is cool, and the shadows flee away, I will go to the mountain of myrrh, to the hill of frankincense.
7 Nye dzi lɔlɔ̃a, nu sia nu de le ŋuwò, eye kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele ŋuwò o.
You are all beautiful, my love. There is no spot in you.
8 Nye ŋugbetɔ, va mídzo le Lebanon, kplɔm ɖo ne míado go le Lebanon. Ɖiɖi tso Amana tame, tso Senir kple Hermon tame, tso dzatawo ƒe do me kple lãkletowo dzi.
Come with me from Lebanon, my bride, with me from Lebanon. Look from the top of Amana, from the top of Senir and Hermon, from the lions' dens, from the mountains of the leopards.
9 Wò nu lé dzi nam, nɔvinye nyɔnu kple nye ŋugbetɔ; wò nu lé dzi nam esi nètsɔ wò ŋkuwo kpɔm zi ɖeka pɛ ko, eye nye ŋkuwo lɔ kɔga si nède la.
You have ravished my heart, my sister, my bride. You have ravished my heart with one of your eyes, with one chain of your neck.
10 Nɔvinye nyɔnu, nye ŋugbetɔ, wò lɔlɔ̃ vivina loo! Wò lɔlɔ̃ vivina wu wain, eye ami ʋeʋĩ si nèsi la ƒe ʋeʋẽ ƒo atike ʋeʋĩwo katã ta!
How beautiful is your love, my sister, my bride. How much better is your love than wine. The fragrance of your perfumes than all manner of spices.
11 Nye ŋugbetɔ, wò nuyiwo le vivim abe anyitsito ene, eye notsi kple anyitsi le wò aɖe te. Awu siwo nèdo la le ʋeʋẽm lĩlĩlĩ abe Lebanon ƒe ʋeʋẽ ene.
Your lips, my bride, drip like the honeycomb. Honey and milk are under your tongue. The smell of your garments is like the smell of Lebanon.
12 Nye ŋugbetɔ, nɔvinye nyɔnu, èle abe abɔ si ƒe ʋɔ wotu la ene. Eye nèle abe vudo si nu wotu nu ɖo kple tsitsetse si nu wotre la ene.
A locked up garden is my sister, my bride; a locked up spring, a sealed fountain.
13 Wò nuku siwo nèƒã ɖe agble me la woe nye: atɔtɔ, sikɔni, adrike,
Your shoots are an orchard of pomegranates, with precious fruits: henna with spikenard plants,
14 gbe ʋeʋĩwo, agumetaku, sabala, sinamon kple atike ʋeʋĩ vovovowo kpe ɖe lifi, aloe kple nu ʋeʋĩ nyuitɔwo ŋu.
spikenard and saffron, calamus and cinnamon, with every kind of incense tree; myrrh and aloes, with all the best spices,
15 Èle abe tsi dzidzi si le abɔ me, kple vudo si yɔ gbã go hele sisim tso Lebanon ene.
a fountain of gardens, a well of living waters, flowing streams from Lebanon.
16 Nyɔ, anyieheya, ne nàva; dzieheya, wò hã va! Ƒo to nye abɔ me, be eƒe ʋeʋẽ nakaka ɖe yame. Na be nye lɔlɔ̃tɔ nava eƒe abɔ me, eye wòaɖɔ eƒe kutsetse nyuitɔwo kpɔ.
Awake, north wind; and come, you south. Blow on my garden, that its spices may flow out. Let my beloved come into his garden, and taste his precious fruits.

< Hawo 4 >