< Hawo 3 >

1 Medi ame si nye dzi lɔ̃na la le nye aba dzi zã blibo la katã; medii, gake nyemekpɔe o.
By night on my bed I sought him whom my soul loves: I sought him, but I found him not.
2 Matso azɔ ayi aɖadii le dua me, le ablɔwo dzi kple kpɔdomewo. Matsa adi ame si nye dzi lɔ̃na la, ale medii ʋuu keke, gake nyemekpɔe o.
I will rise now, and go about the city in the streets, and in the broad ways I will seek him whom my soul loves: I sought him, but I found him not.
3 Esi mele tsatsam le dua me le edim la, medo go zãdzɔlawo, eye mebia wo be, “Miekpɔ ame si nye dzi lɔ̃na la mahã?”
The watchmen that go about the city found me: to whom I said, Saw all of you him whom my soul loves?
4 Nyemekpɔ dze le wo ŋu hafi kpɔ ame si nye dzi lɔ̃na la o. Meku ɖe eŋu goŋgoŋgoŋ be madzo o, va se ɖe esime mekplɔe yi danye ƒe aƒe me, yi ɖe ame si dzim la ƒe xɔ me.
It was but a little that I passed from them, but I found him whom my soul loves: I held him, and would not let him go, until I had brought him into my mother's house, and into the chamber of her that conceived me.
5 Yerusalem nyɔnuviwo, meta sãde kple zinɔ le gbe me na mi be, “Migaʋuʋu lɔlɔ̃ alo anyɔe o, va se ɖe esime eya ŋutɔ nalɔ̃ hafi.”
I charge you, O all of you daughters of Jerusalem, by the roes, and by the hinds of the field, that all of you stir not up, nor awake my love, till he please.
6 Ame kae nye esi gbɔna tso gbegbe abe dzudzɔ babla si wotɔtɔ kple lifi kple atike ʋeʋĩ si wowɔ kple nu vovovo siwo woƒle le asitsalawo si la ene?
Who is this that comes out of the wilderness like pillars of smoke, perfumed with myrrh and frankincense, with all powders of the merchant?
7 Kpɔ ɖa, Solomo ƒe tasiaɖam ye! Kalẽtɔ blaade siwo nye aʋakalẽtɔ akuakuawo tso Israel ƒe aʋakɔwo dome la le eŋu dzɔm.
Behold his bed, which is Solomon's; threescore valiant men are about it, of the valiant of Israel.
8 Wo katã wota yi ɖe aklito, wobi ɖe aʋawɔwɔ me, woƒe asiwo le woƒe yiwo dzi, eye wole klalo na zãmeŋɔdzi ɖe sia ɖe.
They all hold swords, being expert in war: every man has his sword upon his thigh because of fear in the night.
9 Fia Solomo ŋutɔe wɔ tasiaɖam la na eɖokui, ewɔe kple ʋuƒo siwo wotsɔ tso Lebanon.
King Solomon made himself a chariot of the wood of Lebanon.
10 Ewɔ eƒe afɔtiwo kple klosalo, eye wòwɔ egɔme kple sika. Wotsɔ agovɔ nyuitɔ wɔ zikpui si le eme, eye wotsɔ Yerusalem nyɔnuviwo ƒe lɔlɔ̃ ɖo atsyɔ̃ na emee.
He made the pillars thereof of silver, the bottom thereof of gold, the covering of it of purple, the midst thereof being paved with love, for the daughters of Jerusalem.
11 Mi Zion vinyɔnuwo, mido go va kpɔ Fia Solomo si ɖɔ fiakuku, kuku si dadaa ɖɔ nɛ le eƒe srɔ̃ɖegbe, gbe si gbe eƒe dzi kpɔ dzidzɔ vevie la ɖa.
Go forth, O all of you daughters of Zion, and behold king Solomon with the crown wherewith his mother crowned him in the day of his espousals, and in the day of the gladness of his heart.

< Hawo 3 >