< Hawo 2 >

1 Nyee nye Saron seƒoƒo kple dzogbenya le balimewo.
I am the rose of Sharon, and the lily of the valleys.
2 Abe ale si dzogbenya le ŋuwo domee ene la, nenemae nye nye lɔlɔ̃tɔ le ɖetugbiwo dome.
As the lily among thorns, so is my love among the daughters.
3 Abe ale si apluti nɔna le avemetiwo dome ene la, nenemae nye nye lɔlɔ̃tɔ le ɖekakpuiwo dome. Melɔ̃a anyinɔnɔ ɖe eƒe vɔvɔli te, eye eƒe kutsetse vivia nunye ŋutɔ.
As the apple tree among the trees of the wood, so is my beloved among the sons. I sat down under his shadow with great delight, and his fruit was sweet to my taste.
4 Ekplɔm yi ɖe afi si woɖo kplɔ̃ ɖo, eye lɔlɔ̃ nye aflaga si wòtsɔ tsyɔ dzinye.
He brought me to the banqueting house, and his banner over me was love.
5 Etsɔ waintsetsebolo do ŋusẽm kple aplu fa dzi nam, elabena lɔlɔ̃ na meku ƒenyi.
Stay me with flagons, comfort me with apples: for I am sick of love.
6 Etsɔ eƒe miabɔ de nye ta te, eye wòtsɔ eƒe ɖusibɔ kpla kɔ nam.
His left hand is under my head, and his right hand does embrace me.
7 Yerusalem nyɔnuviwo, meta sãde kple zinɔ le gbe me be, “Migaʋuʋu lɔlɔ̃ alo anyɔe o, va se ɖe esime eya ŋutɔ lɔ̃ hafi.”
I charge you, O all of you daughters of Jerusalem, by the roes, and by the hinds of the field, that all of you stir not up, nor awake my love, till he please.
8 Nye lɔlɔ̃tɔ, ɖo to afii! Kpɔ ɖa, nye lɔlɔ̃tɔe nye ekem gbɔna, le kpo tim flɔ towo, eye wòle kpo dzom le togbɛwo tame.
The voice of my beloved! behold, he comes leaping upon the mountains, skipping upon the hills.
9 Nye lɔlɔ̃tɔ le abe sãde alo zivi ene. Kpɔ ɖa, eyae nye ekem le tsitre ɖe míaƒe kpɔ godo, le nu kpɔm to fesre nu, eye wòdo ŋku ɖa to fesrenuvɔ me.
My beloved is like a roe or a young hart: behold, he stands behind our wall, he looks forth at the windows, showing himself through the lattice.
10 Nye lɔlɔ̃tɔ ƒo nu kplim be, “Nye dzi lɔlɔ̃a, tsi tsitre, eye nye tugbefia, va dze yonyeme.
My beloved spoke, and said unto me, Rise up, my love, my fair one, and come away.
11 Kpɔ ɖa, vuvɔŋɔli nu va yi, tsidzadza ke, eye enu va yi.
For, lo, the winter is past, the rain is over and gone;
12 Seƒoƒo ke ɖe anyigba dzi, hadzidzi ƒe ɣeyiɣi ɖo, eye wose akpakpawo ƒe xɔxlɔ̃ le míaƒe anyigba dzi.
The flowers appear on the earth; the time of the singing of birds has come, and the voice of the turtle is heard in our land;
13 Gbotiwo de asi tsetse me xoxo, eye wainkawo ƒe seƒoƒo le ya ɖem nyuie. Tso va, nye dzi lɔlɔ̃a; nye tugbefia, va dze yonyeme.”
The fig tree puts forth her green figs, and the vines with the tender grape give a good smell. Arise, my love, my fair one, and come away.
14 Nye ahɔnɛ le agakpewo tome, le towo ƒe bebeƒewo, do wò mo ɖa, eye na mase wò gbe, elabena wò gbe vivina, eye wò mo nya kpɔna.
O my dove, that are in the clefts of the rock, in the secret places of the stairs, let me see your countenance, let me hear your voice; for sweet is your voice, and your countenance is comely.
15 Milé abeiwo nam, abeivi siwo le wainkawo gblẽm, eye wole míaƒe wainka siwo ƒo se la gblẽm.
Take us the foxes, the little foxes, that spoil the vines: for our vines have tender grapes.
16 Nye lɔlɔ̃tɔ nye tɔnye, eye nye hã menye etɔ, eya ame si le tsa ɖim le dzogbenyawo dome.
My beloved is mine, and I am his: he feeds among the lilies.
17 Nye lɔlɔ̃tɔ, trɔ gbɔ hafi ŋu nake, viviti nasi dzo, eye nànɔ abe sãde alo zivi le togbɛ tsakliwo dzi ene.
Until the day break, and the shadows flee away, turn, my beloved, and be you like a roe or a young hart upon the mountains of Bether.

< Hawo 2 >