< Rut 4 >
1 Boaz yi ɖanɔ dua ƒe ƒuƒoƒe, eye eteƒe medidi o la, ekpɔ Elimelek ƒe ƒometɔ si ƒe nya wògblɔ na Rut. Eyɔe gblɔ nɛ be, “Nɔvinye, va nɔ gbɔnye le afii; medi be matsɔ nya aɖe aɖo wò ŋkume.”
波阿次走上城門口,坐在那裏。可巧,波阿次所說的那位至親,正從那裏經過,他就對他說:「某兄,請過來,坐一坐! 」他就過去坐下了。
2 Wonɔ anyi, eye Boaz yɔ dua ƒe ame tsitsiwo be woava nɔ anyi abe ɖasefowo ene.
波阿次又由城內的長老中,邀請了十位,對他們說:「請你們在這裏坐一坐! 」他們就都坐下。
3 Boaz gblɔ na eƒe ƒometɔ la be, “Ènya Naomi, nyɔnu si gbɔ tso Moabnyigba dzi va mía gbɔa? Ele mía nɔvi Elimelek ƒe anyigba dzram,
波阿次便對那位至親說:「從摩阿布鄉間回來的納敖米要賣我們兄弟厄里默肋客的一塊田。
4 eye mekpɔ be ele be maƒo nu kpli wò tso eŋu, ale be ne èlɔ̃ la, nàƒlee le bubume siawo, ame siwo nye míaƒe ɖasefowo la ƒe ŋkume. Ne èdi be yeaƒlee la, ekema nàna manya fifi laa, elabena ne màƒlee o la, maƒlee. Wòe nye ame gbãtɔ si aƒlee; nyee nye evelia.” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Enyo, maƒlee.”
我認為我應在你面前說明這事,並請你當著在坐的諸位及民眾的長老前,購買這塊地。若你願意盡你至親的義務,就盡;若你不願意盡,起告訴我知道;因為除你應盡這義務之外,沒有別人了;你以後就是我。」那人答說:「我盡。」
5 Boaz yi edzi be, “Ne èƒle anyigba la le Naomi si la, ekema ele na wò be nàɖe Rut, Moab nyɔnu la, ale be wòate ŋu adzi vi si alé srɔ̃a kukua ƒe ŋkɔ ɖe te, eye anyigba la nazu eƒe domenyinu.”
波阿次接著說:「你從納敖米手中購得田地的那一天,也應娶亡者之妻,即摩阿布女子盧德,好給死者在嗣業上留名。」
6 Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ekema nyemate ŋui o, elabena Rut viŋutsu ava anyi nye hã nye dome, eye wòagblẽ vinyewo ƒe domenyinuwo me, eya ta àte ŋu aƒlee faa.”
那位至親答說:「那麼我就不能盡這義務了,免得我的產業受害,你盡我應盡的義務罷! 我不能盡了。」
7 Enye kɔnu le Israel ɣe ma ɣi be ne ame aɖe di be yeatsɔ yeƒe ɖuƒe na ame bubu la, ekema aɖe eƒe afɔkpa le afɔ atsɔ na amea le ɖasefowo ƒe ŋkume. Nuwɔna sia nye kpeɖodzi na amewo be nua zu ame evelia tɔ.
從前在以色列中間,無論對於買賣或交易,為確定一事,有這樣的一個風俗:就是一方應脫下自己的鞋,交與另一方:這在以色列就算為證據。
8 Ale ŋutsu la ɖe eƒe afɔkpa esi wògblɔ na Boaz be, “Wò ŋutɔ àte ŋu aƒlee faa.”
那為至親對波阿次說:「你購買罷! 」遂就脫下了自己的鞋。
9 Ale Boaz gblɔ na ɖasefoawo kple ame siwo nɔ tsitre ƒo xlã wo la be, “Miekpɔ be egbe, eya ta meƒle Elimelek, Kilion kple Maxlon ƒe nuwo katã le Naomi si,
於是波阿次對長老以及所有在坐的民眾說:「今天你們作證,我從納敖米手中購得了屬於厄里默肋客及基肋雍與瑪赫隆的一切產業;
10 eye mexɔ Rut, Moab nyɔnu la, ame si nye Maxlon srɔ̃ hã wòzu srɔ̃nye, ale be wòate ŋu adzi ŋutsuvi be srɔ̃a kukua ƒe ŋkɔ natsi eƒe domenyinuwo ŋu, eye eƒe ŋkɔ magabu le ƒomea kple dua me o.”
同時我也取得了瑪赫隆的妻,摩阿布的女子盧德為我的妻室,好給死者在嗣業上留名,不叫死者的名字,在自己的兄弟和故鄉的門戶中失傳;今日你們為此作證! 」
11 Ale ame siwo katã nɔ agboa nu la gblɔ be, “Míenye ɖasefowo. Yehowa nana be nyɔnu sia, ame si gbɔna wò aƒe me fifia la nazu abe Rahel kple Lea, ame siwo tu Israel ƒe aƒe la katã la ene. Wò alɔ nade dzi le Efrata, eye nàxɔ ŋkɔ le Betlehem.
在城門旁的民眾和長老都回答說:「我們作證。願上主使這走進你家中的婦女,像似那兩位曾建立了以色列家的辣黑耳和肋阿! 願你在厄弗辣大昌盛,願你在白冷得享盛名!
12 Wò dzidzimevi siwo Yehowa ana wò to nyɔnu sia dzi la nana wò ƒome nanɔ abe Perez, ame si Tamar dzi na Yuda la tɔ ene.”
願你的家藉上主使這少婦給你所生的後裔,相似塔瑪爾給猶大所生的培勒茲的家。」波阿次娶盧德
13 Ale Boaz ɖe Rut wòzu srɔ̃a, eye esi wòdɔ egbɔ la, Yehowa na wòfɔ fu dzi ŋutsuvi.
波阿次遂娶了盧德,她就成了他的妻子。他走近了他,上主賜她懷孕,生了一個兒子。
14 Nyɔnuwo gblɔ na Naomi be, “Woakafu Yehowa, ame si megblẽ wò ɖi le egbeŋkekea dzi, ale be ƒometɔ manɔ asiwò o; ɖevia naxɔ ŋkɔ le Israel blibo la me,
婦女們就對納敖米說:「願上主受頌揚! 因為他沒有使你今日缺乏承繼者。願他在以色列中得享盛名!
15 nena wò agbenɔnɔ nazu yeye, eye wòakpɔ dziwò le wò nyagãkuku me, elabena lɔ̃xoyɔviwò, ame si lɔ̃ wò, ame si sɔ gbɔ na wò wu ŋutsuvi adre lae dzii na wò.”
他是你心靈的安慰,是你老年的依靠,因為他是愛你的兒媳所生的;像這樣的兒媳,對你實勝過七個兒子。」
16 Naomi xɔ ɖevi la da ɖe atata, eye wòkpɔ edzi.
納敖米接過嬰兒來,抱在懷中,做了他的保母。
17 Nyɔnu siwo nɔ afi ma la gblɔ be, “Naomi dzi viŋutsu.” Wona ŋkɔe be Obed. Eyae dzi Yese, David fofo.
鄰近的婦女喊著說:「納敖米得了個兒子! 」他們就給他起名叫敖貝得;他就是達味的父親葉瑟的父親。達味族譜
18 Perez ƒe dzidzimeviwo yi ale: Perez dzi Hezron,
以下是培肋茲的族譜:培勒茲生赫茲龍,
19 Hezron dzi Ram, Ram dzi Aminadab, eye
赫茲龍生蘭,蘭生阿米納達布,
20 Aminadab dzi Nahson, Naheson dzi Salma,
阿米納達布生納赫雄,納赫雄生撒耳孟,
21 Salma dzi Boaz, eye Boaz dzi Obed,
撒耳孟生波阿次,波阿次生敖貝得,
22 Obed dzi Yese, eye Yese dzi David.
敖貝得生葉瑟,葉瑟生達味。