< Rut 3 >

1 Gbe ɖeka la, lɔ̃xoa Naomi gblɔ nɛ be, “Vinye, ɣeyiɣi mede be madi ŋutsu aɖe na wò nàɖe, ale be nàganɔ srɔ̃gbe oa?
Naomi her mother-in-law said to her, "My daughter, shall I not seek rest for you, that it may be well with you?
2 Ŋutsu si le nye susu me lae nye Boaz. Enyo dɔ me na mí ŋutɔ, eye gawu la, míaƒe ƒometɔ wònye. Menya be ele lu gbɔ ge le zã sia me le eƒe lugbɔƒe,
Now isn't Boaz our kinsman, with whose maidens you were? Look, he winnows barley tonight at the threshing floor.
3 eya ta wɔ ɖe nya si magblɔ na wò la dzi. Le tsi, nàsi amiʋeʋĩ, eye nàta avɔ nyui aɖe ayi lugbɔƒea. Mègana wòakpɔ wò o, va se ɖe esime wòaɖu nu vɔ hafi.
Therefore wash yourself, anoint yourself, and put on your clothes, and go down to the threshing floor, but do not make yourself known to the man until he has finished eating and drinking.
4 Lé ŋku ɖe afi si wòamlɔ la ŋu, eye nàyi aɖaklo avɔ ɖa le eƒe afɔ gbɔ, eye nàmlɔ eƒe afɔ nu. Ekema agblɔ nu si ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la na wò.”
It shall be, when he lies down, that you shall notice the place where he lies, and you shall go in, and uncover his feet, and lie down; then he will tell you what you shall do."
5 Rut ɖo eŋu be, “Enyo, mesee; mawɔ nu sia nu si nègblɔ la.”
She said to her, "All that you say I will do."
6 Ale Rut yi lugbɔƒe la, eye wòwɔ nu si lɔ̃xoa gblɔ nɛ la pɛpɛpɛ.
She went down to the threshing floor, and did according to all that her mother-in-law told her.
7 Esi Boaz ɖu nu, eye wòno nu vɔ la, eyi ɖamlɔ anyi dzidzemetɔe ɖe afi si woƒo lu ƒu ɖo la. Rut wɔ ɖɔɖɔɖɔ yi ɖaɖe avɔ le Boaz ƒe afɔ gbɔ, eye wòmlɔ eƒe afɔ nu.
When Boaz had eaten and drank, and his heart was merry, he went to lie down at the end of the heap of grain. She came quietly, uncovered his feet, and lay down.
8 Le zãtitina lɔƒo la, Boaz ɖi vo, nyɔ hefɔ bɔbɔ nɔ anyi. Ekpɔ nyɔnu aɖe wòmlɔ eƒe afɔ nu.
It happened at midnight, that the man was startled and turned over; and look, a woman lay at his feet.
9 Ebiae be, “Wò ame kae?” Rut ɖo eŋu be, “Nye Rut, wò dɔlanyɔnue, nye aƒetɔ. Keke wò avɔ ɖe wò dɔlanyɔnu dzi, elabena srɔ̃ɖia nènye.”
He said, "Who are you?" She answered, "I am Ruth your handmaid. Therefore spread the corner of your garment over your handmaid; for you are a redeeming kinsman."
10 Boaz do ɣli be, “Meda akpe na Mawu ɖe ɖetugbi abe wò ene ta, elabena ègale Naomi nu vem fifia wu tsã gɔ̃ hã. Eme kɔ ƒãa be ŋutsu aɖe si metsi abe nye ene o, eɖanye ame dahe alo hotsuitɔ o, eyae anyo na wò wu hafi. Ke èɖe asi le ɖokuitɔdidi ŋu, ale be nàɖem, eye nàdzi domenyila na Naomi.
He said, "Blessed are you by Jehovah, my daughter. You have shown more kindness in the latter end than at the beginning, inasmuch as you didn't follow young men, whether poor or rich.
11 Azɔ la, vinye, megavɔ̃ o. Mawɔ nya sia ƒe akpa ɖe sia ɖe ŋu dɔ, elabena ame sia ame nya be ènye ame tɔxɛ aɖe.
Now, my daughter, do not be afraid; I will do to you all that you say; for all the city of my people does know that you are a worthy woman.
12 Ke kuxi ɖeka aɖe le nya la ŋu. Enye nyateƒe be wò ƒometɔe menye, ke ame bubu aɖe gali si do ƒome kpli wò wum.
Now it is true that I am a redeeming kinsman; however there is a redeemer closer than I am.
13 Tsi afi sia dɔ. Ne ŋu ke la, maƒo nu kplii. Ne aɖe wò la, ekema enyo; newɔ eƒe dɔdeasi. Ke ne maɖe wò o la, ekema meta Yehowa be nye ŋutɔ maɖe wò. Mlɔ afi sia va se ɖe esime ŋu nake.”
Stay this night, and it shall be in the morning, that if he will perform for you the part of a redeemer, well; let him do the redeemer's part. But if he will not do the part of a redeemer for you, then I will do the part of a redeemer for you, as Jehovah lives. Lie down until the morning."
14 Ale Rut mlɔ Boaz ƒe afɔ nu va se ɖe fɔŋli. Efɔ kaba hafi ŋu ke nyuie, elabena Boaz gblɔ nɛ be, “Mègana ame aɖeke nanya be nyɔnu aɖe va lugbɔƒe le afi sia o.”
She lay at his feet until the morning. She rose up before one could discern another. For he said, "Let it not be known that the woman came to the threshing floor."
15 Boaz gagblɔ nɛ hã be, “Ɖo wò taɖedzi la ɖe anyigba.” Esi Rut wɔ alea la, Boaz ku lu dzidzenu ade kɔ ɖe avɔ la me, eye wòlée nɛ. Ale wòtrɔ yi aƒe me.
He said, "Bring the cloak that is on you, and hold it." She held it; and he measured six measures of barley, and laid it on her; and he went into the city.
16 Esi wòɖo aƒe me la, lɔ̃xoa biae be, “Vinyenyɔnu, aleke nèdee?” Rut gblɔ nu sia nu si Boaz wɔ nɛ la na lɔ̃xoa,
When she came to her mother-in-law, she said, "How did it go, my daughter?" She told her all that the man had done to her.
17 eye wògblɔ kpe ɖe eŋu be, “Eyae tsɔ lu dzidzenu ade sia nam hegblɔ kpe ɖe eŋu be, ‘Menyo be nàtrɔ ayi lɔ̃xowò gbɔ kple asi ƒuƒlu o.’”
She said, "He gave me these six measures of barley; for he said to me, 'Do not go empty-handed to your mother-in-law.'"
18 Tete Naomi gblɔ na Rut be, “Vinyenyɔnu, lala va se ɖe esime nàkpɔ ale si nya la ava wu enui ɖa, elabena Boaz madzudzɔ o, va se ɖe esime wòakpɔ ta na nya la egbea.”
Then she said, "Wait, my daughter, until you know how the matter will fall; for the man will not rest, until he has finished the thing this day."

< Rut 3 >