< Rut 1 >

1 Le esime ʋɔnudrɔ̃lawo nɔ Israel dzi ɖum la, dɔ va to ɖe anyigba la dzi. Ŋutsu aɖe si tso Efraim ƒe to la me, tso Betlehem le Yudanyigba dzi la ʋu kple srɔ̃a kple viawo yi ɖanɔ Moabnyigba dzi.
و واقع شد در ایام حکومت داوران که قحطی در زمین پیدا شد، و مردی ازبیت لحم یهودا رفت تا در بلاد موآب ساکن شود، او و زنش و دو پسرش.۱
2 Ŋutsu la ŋkɔe nye Elimelek, srɔ̃a ŋkɔe nye Naomi, eye wo viŋutsu eveawo ŋkɔwoe nye Maxlon kple Kilion. Wonye Efraimtɔwo tso Betlehem, Yuda heʋu va Moabnyigba dzi, eye wonɔ afi ma.
و اسم آن مرد الیملک بود، و اسم زنش نعومی، و پسرانش به محلون وکلیون مسمی و افراتیان بیت لحم یهودا بودند. پس به بلاد موآب رسیده، در آنجا ماندند.۲
3 Elimelek, Naomi srɔ̃ ku, eye wòsusɔ Naomi kple via ŋutsu eveawo.
والیملک شوهر نعومی، مرد و او با دو پسرش باقی ماند.۳
4 Viŋutsu eve siawo ɖe Moab nyɔnuwo; ɖeka ŋkɔe nye Orpa, eye evelia ŋkɔe nye Rut. Esi wonɔ afi ma abe ƒe ewo ene la,
و ایشان از زنان موآب برای خود زن گرفتند که نام یکی عرفه و نام دیگری روت بود، ودر آنجا قریب به ده سال توقف نمودند.۴
5 Maxlon kple Kilion hã ku, ale wòsusɔ wo dada Naomi ko; srɔ̃ kple vi aɖeke meganɔ esi o.
و هردوی ایشان محلون و کلیون نیز مردند، و آن زن ازدو پسر و شوهر خود محروم ماند.۵
6 Azɔ Naomi ɖoe be yeatrɔ ayi ɖe aƒe le Israelnyigba dzi, elabena ese le Moab be Yehowa gave Israelviwo nu, ale be woƒe agblemenukuwo ganyo.
پس او با دو عروس خود برخاست تا از بلادموآب برگردد، زیرا که در بلاد موآب شنیده بودکه خداوند از قوم خود تفقد نموده، نان به ایشان داده است.۶
7 Eya ta eya kple lɔ̃xoyɔvi eveawo dzra ɖo hedze mɔ ɖo ta aƒe.
و از مکانی که در آن ساکن بود بیرون آمد، و دو عروسش همراه وی بودند، و به راه روانه شدند تا به زمین یهودا مراجعت کنند.۷
8 Ke esi wonɔ mɔa dzi yina la, Naomi trɔ eƒe susu, eye wògblɔ na lɔ̃xoyɔvi eveawo be, “Mitrɔ miayi aƒe le mia dzilawo gbɔ. Yehowa nave mia nu abe ale si miewɔ nyui na mia srɔ̃wo kple nye ŋutɔ ene.
ونعومی به دو عروس خود گفت: «بروید و هر یکی از شما به خانه مادر خود برگردید، و خداوند برشما احسان کناد، چنانکه شما به مردگان و به من کردید.۸
9 Yehowa ŋutɔ nana be mia dometɔ ɖe sia ɖe nakpɔ dzidzeme le srɔ̃ŋutsu bubu ƒe aƒe me.” Naomi gbugbɔ nu na wo, eye wofa avi hehehe.
و خداوند به شما عطا کناد که هر یکی ازشما در خانه شوهر خود راحت یابید.» پس ایشان را بوسید و آواز خود را بلند کرده، گریستند.۹
10 Wogblɔ na Naomi be, “Míakplɔ wò ɖo ayi wò ƒometɔwo gbɔ.”
وبه او گفتند: «نی بلکه همراه تو نزد قوم تو خواهیم برگشت.»۱۰
11 Ke Naomi gblɔ na wo be, “Vinyenyɔnuwo, mitrɔ dzo. Nu ka ta miayi kplim ɖo? Ɖe mate ŋu adzi viŋutsuwo na mi miaɖea?
نعومی گفت: «ای دخترانم برگردید، چرا همراه من بیایید؟ آیا در رحم من هنوز پسران هستند که برای شما شوهر باشند؟۱۱
12 Vinyenyɔnuwo, mitrɔ yi miaƒe aƒe me. Ne mesusu be mɔkpɔkpɔ gale asinye, eye meɖe srɔ̃ zã sia me, eye medzi viŋutsuwo hã la,
‌ای دخترانم برگشته، راه خود را پیش گیرید زیرا که برای شوهر گرفتن زیاده پیر هستم، و اگر گویم که امید دارم و امشب نیز به شوهر داده شوم وپسران هم بزایم،۱۲
13 ɖe mialala va se ɖe esime woatsia? Ɖe mianɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee va se ɖe ɣe ma ɣia? Ao, vinyenyɔnuwo, ele veyem na mi wu miawo ŋutɔ gɔ̃ hã, elabena Yehowa do asi ɖe gbɔnye!”
آیا تا بالغ شدن ایشان صبر خواهیدکرد، و به‌خاطر ایشان، خود را از شوهر گرفتن محروم خواهید داشت؟ نی‌ای دخترانم زیرا که جانم برای شما بسیار تلخ شده است چونکه دست خداوند بر من دراز شده است.»۱۳
14 Wogade asi avifafa me. Orpa gbugbɔ nu na lɔ̃xoa hedo hedenyui nɛ, eye wòtrɔ yi aƒe me, ke Rut ya lé ɖe lɔ̃xoa ŋu.
پس بار دیگر آواز خود را بلند کرده، گریستند و عرفه مادر شوهر خود را بوسید، اماروت به وی چسبید.۱۴
15 Ale Naomi gblɔ nɛ be, “Rut, atsuwòsi trɔ yi eƒe amewo kple eƒe mawuwo gbɔ; wò hã, trɔ nàyi aƒe me kplii.”
و او گفت: «اینک زن برادر شوهرت نزد قوم خود و خدایان خویش برگشته است تو نیز در عقب زن برادر شوهرت برگرد.»۱۵
16 Rut ɖo eŋu be, “Mègaƒoe ɖe nunye be magblẽ wò ɖi alo matrɔ le yowòme o. Afi si nàyi la, afi mae mayi, eye afi si nànɔ la, afi mae manɔ. Wò dukɔ anye nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu.
روت گفت: «بر من اصرار مکن که تو راترک کنم و از نزد تو برگردم، زیرا هر جایی که روی می‌آیم و هر جایی که منزل کنی، منزل می‌کنم، قوم تو قوم من و خدای تو خدای من خواهد بود.۱۶
17 Afi si nàku ɖo la, afi mae maku ɖo, eye afi mae woaɖim ɖo. Yehowa nefiam, ne wòagafiam ɖe edzi. Naneke mama nye kple wò dome o, negbe ku ko.”
جایی که بمیری، می‌میرم و درآنجا دفن خواهم شد. خداوند به من چنین بلکه زیاده بر این کند اگر چیزی غیر از موت، مرا از توجدا نماید.»۱۷
18 Esi Naomi kpɔ be Rut ɖo kplikpaa be yeayi kpli ye la, edzudzɔ nyaƒoƒo ɖe enu,
پس چون دید که او برای رفتن همراهش مصمم شده است از سخن‌گفتن با وی باز ایستاد.۱۸
19 ale woyi mɔzɔzɔa dzi va se ɖe esime woɖo Betlehem. Zi ƒo le du blibo la me. Nyɔnuwo bia be, “Naomi nye esia nyateƒea?”
و ایشان هر دو روانه شدند تا به بیت لحم رسیدند، و چون وارد بیت لحم گردیدند، تمامی شهر بر ایشان به حرکت آمده، زنان گفتند که آیا این نعومی است؟۱۹
20 Naomi ɖo eŋu be, “Migayɔm azɔ be Naomi o. Naomi gɔmee nye dzidzɔnu. Miyɔm azɔ be Mara. Mara gɔmee nye vevesese, elabena Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la na nye agbenɔnɔ zu vevesese sɔŋ.
او به ایشان گفت: «مرا نعومی مخوانید بلکه مرا مره بخوانید زیرا قادر مطلق به من مرارت سخت رسانیده است.۲۰
21 Nu geɖewo nɔ asinye esi medzo le afi sia, ke Yehowa na metrɔ gbɔ kple asi ƒuƒlu. Nu ka ta miayɔm be Naomi esime Yehowa Ŋusẽkatãtɔ trɔ megbe dem, eye wòna fukpekpe va dzinye ɖo?”
من پر بیرون رفتم و خداوند مرا خالی برگردانید پس برای چه مرا نعومی می‌خوانید چونکه خداوند مرا ذلیل ساخته است و قادرمطلق به من بدی رسانیده است.»۲۱
22 Ale Naomi kple lɔ̃xoyɔvia Rut, Moab nyɔnu la gbɔ tso Moabnyigba dzi. Wova ɖo Betlehem le nuŋeɣi la ƒe gɔmedzedze.
و نعومی مراجعت کرد و عروسش روت موآبیه که از بلاد موآب برگشته بود، همراه وی آمد، و در ابتدای درویدن جو وارد بیت لحم شدند.۲۲

< Rut 1 >