< Romatɔwo 8 >

1 Eya ta azɔ la, fɔbubu aɖeke megali na ame siwo le Kristo Yesu me la o,
Hence, there is no condemnation to them who do not walk according to the flesh, in Jeshu Meshiha.
2 elabena to Yesu Kristo me la, Gbɔgbɔ si naa agbe la ɖem tso nu vɔ̃ kple ku ƒe se la si me.
For the law of the Spirit of life, which is in Jeshu Meshiha, hath set thee free from the law of sin and of death.
3 Elabena nu si se la mete ŋu wɔ o esi wògbɔdzɔ to ŋutilã me la, Mawu wɔe to Via si wòɖo ɖa le nu vɔ̃ ŋutilã ƒe nɔnɔme me la dzi, eye wòtsɔ eɖokui sa vɔe ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eye wòbu fɔ nu vɔ̃ le ŋutilã me,
Because the law was weak through the infirmity of the flesh, Aloha sent his Son in the likeness of the flesh of sin, on account of sin to condemn sin in his flesh;
4 be woawu se la ƒe dzɔdzɔenyenye nu le mí ame siwo mezɔna ɖe ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu ko la me.
that the righteousness of the law might in us be fulfilled, who walk not in the flesh, but in the Spirit.
5 Ame siwo zɔna le ŋutilã nu la ƒe susuwo nɔa ŋutilã ƒe nudzodzrowo ŋuti; gake ame siwo zɔna le Gbɔgbɔ la nu la ƒe susuwo nɔa Gbɔgbɔ la ƒe nudzodzrowo ŋu.
For they who are in the flesh, of that flesh are mindful; and they who are of the Spirit, of that Spirit are mindful.
6 Elabena susu si ŋutilã la kplɔna la nye ku, ke susu si Gbɔgbɔ la kplɔna la nye agbe kple ŋutifafa.
For the mind of the flesh is death, and the mind of the Spirit life and peace.
7 Susu si ŋutilã la kplɔna la nye adika na Mawu, elabena mebɔbɔa eɖokui ɖe Mawu ƒe seawo te o, eye mate ŋui hã o.
Because the mind of the flesh is enmity towards Aloha; for to the law of Aloha it is not subject, for it cannot be;
8 Eya ta ame siwo gale agbe le ŋutilã nu la mate ŋu adze Mawu ŋu o.
and they who are in the flesh cannot please Aloha.
9 Ke miawo la, mienɔa agbe le ŋutilã nu o, ke boŋ mienɔa agbe le Gbɔgbɔ la nu, ne ele eme be Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mia me. Eye ne Kristo ƒe Gbɔgbɔ mele ame aɖe me o la, eya amea menye Kristo tɔ o.
But you are not in the flesh, but in the Spirit, if truly the Spirit of Aloha dwelleth in you. But if a man have not the Spirit of the Meshiha, this (man) is not his.
10 Ke ne Kristo le mia me la, miaƒe ŋutilã ku le nu vɔ̃ ta, gake Gbɔgbɔ la nye agbe le dzɔdzɔenyenye ŋuti.
And if the Meshiha be in you, the body is dead because of sin; but the Spirit is life because of righteousness.
11 Eye ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ si fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le agbe le mia me la, ekema ame si fɔ Kristo ɖe tsitre la agbɔ agbe miaƒe ŋutilã siwo kuna la to eƒe Gbɔgbɔ si le agbe le mia me la dzi.
And if the Spirit of him who raised our Lord Jeshu Meshiha from among the dead dwell in you, he who raised our Lord Jeshu Meshiha from among the dead will also make alive your dead bodies, on account of his Spirit who dwelleth in you.
12 Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, míenyi fe, gake menye ŋutilã si míenyi fe le, be míanɔ agbe le ŋutilã nu o.
Now, my brethren, we are debtors, not to the flesh, that according to the flesh we should walk.
13 Elabena ne miegale agbe le ŋutilã nu la, miaku; gake ne mietsɔ Gbɔgbɔ la ɖu ŋutilã ƒe nuwɔwɔwo dzi la, mianɔ agbe.
For if after the flesh you live, you must die: but if, after the Spirit, the habitudes of the body you mortify, you live.
14 Elabena ame siwo Mawu ƒe Gbɔgbɔ kplɔna la, ame mawoe nye Mawu viwo.
For they who by the Spirit of Aloha are led, they are the sons of Aloha.
15 Elabena Gbɔgbɔ si miexɔ la mewɔ mi mienye kluviwo, be miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke boŋ Gbɔgbɔ si miexɔ la na vinyenye ƒe ŋusẽ mi, esime míedo ɣli be, “Abba, Fofo.”
For we have not received the spirit of servitude again unto fear, but we have received the Spirit of the adoption of sons, by whom we cry, Father, our Father!
16 Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ la ŋu be Mawu viwo míenye.
And the Spirit himself witnesseth with our spirit, that we are the sons of Aloha.
17 Azɔ esi míenye viawo ta la, míezu eƒe kesinɔnuwo ƒe domenyilawo, Mawu ƒe domenyilawo kple ame siwo anyi dome kple Kristo, ne ele alea be míekpe fu kplii, be míakpɔ gome kplii le eƒe ŋutikɔkɔe me.
And if sons, heirs also; heirs of Aloha, and the sons of the inheritance of Jeshu Meshiha. For if we suffer with him, with him also shall we be glorified.
18 Mebuna be fukpekpe siwo me tom míele fifia la mate ŋu asɔ kple ŋutikɔkɔe si wole ɖeɖe ge afia le mía me la o.
For I consider that the sufferings of this time are not equal to that glory which is to be revealed in us.
19 Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã tsɔ dzigbɔɖi kple mɔkpɔkpɔ le Mawu viwo ƒe ɖeɖefia la lalam.
For the whole creation hopeth and waiteth for the manifestation of the sons of Aloha.
20 Elabena nuwɔwɔ la le gbegblẽ me, nu si menye eƒe didi o, ke boŋ ame si he gbegblẽ sia vɛ la ƒe lɔlɔ̃nu wònye kple mɔkpɔkpɔ,
For the creation hath been subjected to vanity, not willingly, but on account of him who subjected her, upon the hope
21 be nuwɔwɔ la axɔ ablɔɖe tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye me age ɖe Mawu viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.
that the creation herself also shall be made free from the servitude of corruption into the liberty of the glory of the sons of Aloha.
22 Elabena míenya be nuwɔwɔ blibo la katã le veve sem abe fuɖuame ene va se ɖe fifi.
For we know that all creatures groan and travail until this day;
23 Gake menye eya ɖeɖe koe o, ke boŋ mí ame siwo xɔ Gbɔgbɔ ƒe ŋgɔgbenu la, míawo hã míele ŋeŋem le mía ɖokuiwo me hele vinyenye si nye míaƒe ŋutilã ƒe ɖeɖekpɔkpɔ la lalam.
and not only they, but we also who have in us the first-fruit of the Spirit, groan within ourselves, and wait for the adoption, the redemption of our bodies.
24 Elabena woɖe mí to mɔkpɔkpɔ sia me. Gake mɔkpɔkpɔ si kpɔa nu kple ŋku la menye mɔkpɔkpɔ wònye o. Ame kae kpɔa mɔ na nu si su esi xoxo mahã?
For in hope we live: but hope that is seen is not hope; for if we see it, why hope we for it?
25 Gake ne míele mɔ kpɔm na nu si mesu mía si haɖeke o la, míelalanɛ le dzigbɔɖi me.
But if we hope for that which is not seen, in patience we wait.
26 Nenema ke Gbɔgbɔ la kpena ɖe mía ŋu le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ me. Elabena míenyaa nu si ta míado gbe ɖa ɖo gɔ̃ hã o, gake Gbɔgbɔ la ŋutɔ xɔa nya ɖe akɔ ɖe mía nu le ŋeŋe manyagblɔ aɖe me.
So also the Spirit helpeth our infirmity: for what to pray for as we ought we know not; but the Spirit himself prayeth on our behalf in groanings unspoken.
27 Ke ame si dzroa míaƒe dziwo me la nyaa nu si Gbɔgbɔ la le didim, elabena Gbɔgbɔ la xɔa nya ɖe akɔ na Mawu ƒe amewo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me.
But he who searcheth the hearts, he knoweth the mind of the Spirit, who, according to the will of Aloha, prayeth for the saints.
28 Ke míenya be le nuwo katã me la, Mawu wɔa nu hena ame siwo lɔ̃nɛ la ƒe nyui, ame siwo woyɔ le eƒe tameɖoɖo ɖi nu.
BUT we know that those who love Aloha, in every thing he helpeth them for good; them whom he set before that they might be called.
29 Elabena ame siwo Mawu nya ɖi la, woawo ke wòɖo ɖi be woanɔ Via ƒe nɔnɔme me, be wòanye ŋgɔgbevi le nɔviawo dome.
And from the first he knew them, and signified them in the likeness of the image of his Son, that he might be the first-born of many brethren.
30 Eye ame siwo wòɖo ɖi la, woawo ke hã wòyɔ; ame siwo wòyɔ la, woawo wòtso afia na, eye ame siwo wòtso afia na la, woawo ŋuti wòkɔ.
But whom he before signified, them he called; and whom he called, them he justified; and whom he justified, them he glorified.
31 Nu ka gɔ̃ míagblɔ tso nu siawo ŋu? Ne Mawu le mía dzi la, ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe mía ŋu?
What then shall we say of these? If Aloha be for us, who is against us?
32 Ame si meve eya ŋutɔ Via nu o, ke boŋ wòtsɔe na ɖe mí katã ta la, ɖe matsɔ nu bubu ɖe sia ɖe hã ana mí oa?
And if his Son be spared not, but for all of us delivered him up, how will he not with him give us all things?
33 Ame kae ate ŋu atsɔ nya ɖe mí ame siwo Mawu tia na eɖokui la ŋu? Mawue nye afiatsola.
Who is against the chosen of Aloha? Aloha justifieth.
34 Ekema ame kae abu fɔ mí? Ame aɖeke mabu fɔ mí o. Kristo Yesue nye ame si ku; ke nu si gawu lae nye be eyae wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wònɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime, eye wòle kuku ɖem ɖe mía ta le dziƒo.
Who condemneth? The Meshiha hath died and arisen, and is at the right hand of Aloha, and prayeth for us.
35 Nu kae ama mí ɖa tso Kristo ƒe lɔlɔ̃ gbɔ? Fuwɔame loo alo xaxa? Yometiti loo alo dɔwuamea? Amamanɔnɔ loo, dzɔgbevɔ̃e loo, alo yia?
Who shall separate us from the love of Meshiha? Affliction, or sorrow, or persecution, or famine, or nakedness, or peril, or the sword?
36 Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Le tawò míeɖoa ku ƒe xaxawo me le ŋkeke blibo la me; wobua mí abe alẽ siwo wokplɔ yina wuwu ge la ene.”
As it is written: For thee all the day long are we killed, We are reckoned as sheep for the slaughter.
37 Gake le nu siawo katã me la, míeɖu dzi glo le ame si lɔ̃ mí la me.
But in these we all are victorious by the hand of him who hath loved us.
38 Elabena menyae keŋ be eɖanye ku o, eɖanye agbe o; eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye gbɔgbɔ vɔ̃wo o; eɖanye nu siwo li fifia o, eɖanye nu siwo le vava ge o, eɖanye ŋusẽwo o,
For I am persuaded that neither death, nor life, nor angels, nor authorities, nor powers, nor things subsisting, nor things to come,
39 eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubu aɖe o, womate ŋu ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ si le Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ me la gbɔ o.
nor height, nor depth, nor any other creature, shall be able to separate me from the love of Aloha which is in our Lord Jeshu Meshiha.

< Romatɔwo 8 >