< Romatɔwo 6 >

1 Azɔ nu ka gblɔ ge míala? Ɖe míaganɔ nu vɔ̃ wɔwɔ dzi be Mawu nanɔ nublanui kpɔm na mí to míaƒe nu vɔ̃wo tsɔtsɔke mea?
What shall we say then? Shall we continue in sin, that grace may abound?
2 Gbeɖe! Aleke mí ame siwo ku na nu vɔ̃ la aganɔ agbe le nu vɔ̃ me mahã?
By no means. How shall we, that are dead to sin, live any longer in it?
3 Alo ɖe mienyae be mí ame siwo katã wode mawutsi ta na le Kristo Yesu me la, wodee na mí ɖe eƒe ku me oa?
Know ye not, that so many of us as were baptized into Jesus Christ were baptized into his death?
4 Eya ta esi wode mawutsi ta na mí ɖe eƒe ku me la, woɖi mí kpakplii, bena abe ale si wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome to Fofo la ƒe ŋutikɔkɔe me ene la, nenema ke míawo hã míazɔ le agbe ƒe yeyenyenye me.
Therefore we are buried with him by baptism into death: that as Christ was raised from the dead by the glory of the Father, even so we also should walk in newness of life.
5 Eya ta ne míezu ɖeka kplii, eye míesɔ kplii le eƒe ku me la, ekema míasɔ kplii le eƒe tsitretsitsi hã me.
For if we have been planted together in the likeness of his death, we shall be also in the likeness of his resurrection:
6 Elabena míenya be woklã míaƒe nɔnɔme xoxoawo ɖe atitsoga ŋu kplii, bena woaɖe ŋutilã si dzi nu vɔ̃ ɖu fia ɖo la ɖa, be míaganye kluvi na nu vɔ̃ azɔ o.
Knowing this, that our old man is crucified with him, that the body of sin may be destroyed, that henceforth we should not serve sin.
7 Elabena ame sia ame si ku la, woɖee tso nu vɔ̃ si me.
For he that is dead is freed from sin.
8 Azɔ ne míeku kple Kristo la, míexɔe se be míanɔ agbe kplii hã.
Now if we are dead with Christ, we believe that we shall also live with him:
9 Elabena míenya be esi wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, magaku akpɔ o; ku magaɖu fia ɖe edzi akpɔ o.
Knowing that Christ being raised from the dead dieth no more; death hath no more dominion over him.
10 Esi wòku la, eku na nu vɔ̃ zi ɖeka hɔ̃ɔ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu; ke esi wòle agbe la, ele agbe na Mawu.
For in that he died, he died to sin once: but in that he liveth, he liveth to God.
11 Nenema ke miawo hã mibu mia ɖokuiwo be yewoku na nu vɔ̃, gake yewole agbe na Mawu le Kristo Yesu me.
Likewise reckon ye also yourselves to be dead indeed to sin, but alive to God through Jesus Christ our Lord.
12 Eya ta migana nu vɔ̃ nakpɔ ŋusẽ ɖe miaƒe ŋutilã si le kuku ge la dzi, be miawɔ ɖe eƒe nudzodzro vɔ̃wo dzi o.
Let not sin therefore reign in your mortal body, that ye should obey it in its lusts.
13 Migatsɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa aɖeke wɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye ƒe dɔwɔnu na nu vɔ̃ o, ke boŋ mitsɔ mia ɖokuiwo na Mawu abe ame siwo wogbɔ agbe tso ku me ene; eye mitsɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa ɖo anyi nɛ abe dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwɔnu ene.
Neither yield ye your members as instruments of unrighteousness to sin: but yield yourselves to God, as those that are alive from the dead, and your members as instruments of righteousness to God.
14 Esia ta nu vɔ̃ magaɖu fia ɖe mia dzi azɔ o, elabena miegale se la ƒe kpɔkplɔ te o, ke boŋ miele amenuveve la ƒe kpɔkplɔ te.
For sin shall not have dominion over you: for ye are not under the law, but under grace.
15 Ekema aleke wòle? Esi míegale se la ƒe kpɔkplɔ te o, ke boŋ míele amenuveve la ƒe kpɔkplɔ te ɖe, ɖe míaganɔ nu vɔ̃ wɔwɔ dzi mahã? Gbeɖe!
What then? shall we sin, because we are not under the law, but under grace? By no means.
16 Ɖe mienyae bena ne mietsɔ mia ɖokui wɔ kluvi na ame aɖe, be miaɖo toe la, miezu kluvi na ame si mieɖoa toe la, eɖanye kluviwo na nu vɔ̃ hena ku alo kluviwo na toɖoɖo hena dzɔdzɔenyenye o mahã?
Know ye not, that to whom ye yield yourselves servants in obedience, his servants ye are whom ye obey; whether of sin to death, or of obedience to righteousness?
17 Ke mida akpe na Mawu be togbɔ be mienye kluviwo na nu vɔ̃ tsã hã la, azɔ la, mietsɔa miaƒe dzi xɔa nufiafia si wotsɔ mi de asi na la.
But God be thanked, that ye were the servants of sin, but ye have obeyed from the heart that form of doctrine which was delivered to you.
18 Woxɔ mi le nu vɔ̃ si me hewɔ mi ablɔɖeviwoe, eye miezu dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo.
Being then made free from sin, ye became the servants of righteousness.
19 Mele gbe sia gbe ƒe nudzɔdzɔwo ƒe kpɔɖeŋuwo zãm le nu ƒom na mi ɖe miaƒe ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ta. Elabena zi ale si mietsɔ mia ɖokuiwo wɔ kluviwo na makɔmakɔnyenye kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye tsã la, nenema ke azɔ la, mitsɔ mia ɖokuiwo wɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo hena kɔkɔenyenye.
I speak after the manner of men because of the infirmity of your flesh: for as ye have yielded your members servants to uncleanness and to iniquity to work iniquity; even so now yield your members servants to righteousness to work holiness.
20 Elabena esime mienye kluviwo na nu vɔ̃ tsã la, mienɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kpɔkplɔ te o.
For when ye were the servants of sin, ye were free from righteousness.
21 Ekema viɖe ka miekpɔ ɣe ma ɣi tso nu siwo le ŋu kpem na mi azɔ la me? Nu mawo katã kplɔa mí yia ku me!
What fruit had ye then in those things of which ye are now ashamed? for the end of those things is death.
22 Ke azɔ esi woxɔ mi tso nu vɔ̃ si me hewɔ mi ablɔɖeviwoe, eye miezu Mawu ƒe kluviwo la, miekpɔa viɖe hena kɔkɔenyenye; ke nuwuwu la nye agbe mavɔ. (aiōnios g166)
But now being made free from sin, and having become servants to God, ye have your fruit to holiness, and the end everlasting life. (aiōnios g166)
23 Elabena nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku, ke Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana lae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ la me. (aiōnios g166)
For the wages of sin is death; but the gift of God is eternal life through Jesus Christ our Lord. (aiōnios g166)

< Romatɔwo 6 >