< Romatɔwo 5 >

1 Eya ta esi wotso afia na mí to xɔse me la, ŋutifafa le mí kple Mawu dome to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzi,
Being therefore justified by faith, we have peace with God through our Lord Jesus Christ;
2 ame si me mɔnukpɔkpɔ su mía si le to xɔse me heyina ɖe amenuveve sia gbɔ si me míetsia tsitre ɖo la. Eye míeƒoa adegbe le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ la ŋuti.
through whom we also have our access by faith into this grace in which we stand. We rejoice in hope of the glory of God.
3 Ke menye esia ɖeɖe ko o, ke boŋ míeƒoa adegbe le míaƒe fukpekpewo me hã, elabena míenya be fukpekpe dzia dzidodo;
Not only this, but we also rejoice in our sufferings, knowing that suffering produces perseverance;
4 ke dzidodo dzia kelili, eye kelili dzia mɔkpɔkpɔ.
and perseverance, proven character; and proven character, hope;
5 Ke mɔkpɔkpɔ menana ŋu kpea ame o, elabena wotrɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ kɔ ɖe míaƒe dziwo me to Gbɔgbɔ Kɔkɔe si wona mí la me.
and hope doesn’t disappoint us, because God’s love has been poured into our hearts through the Holy Spirit who was given to us.
6 Kpɔ ɖa, le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, esi míeganye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ko la, Kristo va ku ɖe ame mavɔ̃mawuwo ta.
For while we were yet weak, at the right time Christ died for the ungodly.
7 Elabena asesẽ hafi ame aɖe naku ɖe ame dzɔdzɔe ta, ke ame nyui la, ɖewohĩ ame aɖe ado dzi be yeaku ɖe eta.
For one will hardly die for a righteous man. Yet perhaps for a good person someone would even dare to die.
8 Ke Mawu ɖe eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃ fia mí le esia me be: Esi míeganye nu vɔ̃ wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.
But God commends his own love toward us, in that while we were yet sinners, Christ died for us.
9 Azɔ la, esi wotso afia na mí to eƒe ʋu me la, woaɖe mí tso Mawu ƒe dɔmedzoe me to eya amea me!
Much more then, being now justified by his blood, we will be saved from God’s wrath through him.
10 Elabena esi míenye Mawu ƒe futɔwo tsã, eye míewɔ ɖeka kple Mawu to Via ƒe ku me la, míakpɔ ɖeɖe wu to eƒe agbe me.
For if while we were enemies, we were reconciled to God through the death of his Son, much more, being reconciled, we will be saved by his life.
11 Ke menye esia ɖeɖe ko o, ke boŋ míeƒoa adegbe le Mawu me hã, to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzi, ame si me míewɔ ɖeka kple Mawu le azɔ.
Not only so, but we also rejoice in God through our Lord Jesus Christ, through whom we have now received the reconciliation.
12 Eya ta ale si nu vɔ̃ va xexea me to ame ɖeka dzi, eye ku va to nu vɔ̃ wɔwɔ me la, nenema ke ku va amewo katã dzi, elabena wo katã wɔ nu vɔ̃.
Therefore, as sin entered into the world through one man, and death through sin, so death passed to all men because all sinned.
13 Nu vɔ̃ le xexea me hafi se la va, gake womebua nu vɔ̃ na ame aɖeke ne se meli o.
For until the law, sin was in the world; but sin is not charged when there is no law.
14 Gake ku ɖu fia tso Adam ƒe ɣeyiɣiwo dzi va se ɖe Mose ƒe ɣeyiɣiwo dzi, ɖe ame siwo mewɔ nu vɔ̃ si sɔ kple Adam ƒe sedzimawɔmawɔ o la dzi, ame si nye ame si gbɔna la ƒe kpɔɖeŋu.
Nevertheless death reigned from Adam until Moses, even over those whose sins weren’t like Adam’s disobedience, who is a foreshadowing of him who was to come.
15 Gake ale si vodada li la, menye nenema kee nye amenuveve ƒe nunana hã o; elabena ne ame geɖewo ku ɖe ame ɖeka ƒe vodada ta la, ekema Mawu ƒe amenuveve kple nunana si va to Yesu Kristo ƒe amenuveve me la sɔ gbɔ geɖe wu hegbã go ɖe ame geɖewo dzi.
But the free gift isn’t like the trespass. For if by the trespass of the one the many died, much more did the grace of God and the gift by the grace of the one man, Jesus Christ, abound to the many.
16 Eye menye ame ɖeka si wɔ nu vɔ̃ la ta Mawu ƒe nunana la va ɖo o; elabena fɔbubu va to ʋɔnudɔdrɔ̃ ame ɖeka ƒe nu vɔ̃ me, ke wotso afia na ame geɖewo to amenuveve la me.
The gift is not as through one who sinned; for the judgment came by one to condemnation, but the free gift followed many trespasses to justification.
17 Elabena nenye be to ame ɖeka ƒe vodada me ku ɖu fia to ame ɖeka ma dzi la, ekema ame siwo xɔ dzɔdzɔenyenye ƒe amenuveve kple nunana ƒe agbɔsɔsɔ la, woaɖu fia geɖe wu le agbe me to Yesu Kristo ɖeka dzi.
For if by the trespass of the one, death reigned through the one; so much more will those who receive the abundance of grace and of the gift of righteousness reign in life through the one, Jesus Christ.
18 Eya ta ale si to vodada ɖeka me fɔbubu va amewo katã dzi la, nenema ke agbe ƒe afiatsotso va na amewo katã to nu dzɔdzɔe ɖeka wɔwɔ me.
So then as through one trespass, all men were condemned; even so through one act of righteousness, all men were justified to life.
19 Elabena ale si to ame ɖeka ƒe tomaɖomaɖo me ame geɖewo zu nu vɔ̃ wɔlawo la, nenema ke to ame ɖeka ƒe toɖoɖo me la, woawɔ ame geɖewo woazu ame dzɔdzɔewo.
For as through the one man’s disobedience many were made sinners, even so through the obedience of the one, many will be made righteous.
20 Se la va bena vodada la nasɔ gbɔ ɖe edzi. Gake afi si nu vɔ̃ sɔ gbɔ le la, amenuveve la sɔ gbɔ ɖe edzi wu,
The law came in that the trespass might abound; but where sin abounded, grace abounded more exceedingly,
21 be ale si nu vɔ̃ ɖu fia le ku me la, nenema ke amenuveve la hã naɖu fia to dzɔdzɔenyenye me hena agbe mavɔ to Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ dzi. (aiōnios g166)
that as sin reigned in death, even so grace might reign through righteousness to eternal life through Jesus Christ our Lord. (aiōnios g166)

< Romatɔwo 5 >