< Romatɔwo 3 >
1 Ekema viɖe kae le Yudatɔnyenye me alo asixɔxɔ kae le aʋatsotso ŋu?
Then what advantage does the Jew have? Or what is the profit of circumcision?
2 Viɖe geɖe le Yudatɔnyenye me. Gbã la, Mawu tsɔ eƒe nyawo de asi na wo.
Much in every way! Because first of all, they were entrusted with the revelations of God.
3 Ekema ne xɔse mele wo dometɔ aɖewo si o ɖe? Ɖe xɔse si mele wo si o la ate fli ɖe Mawu ƒe anukwaretɔnyenye mea?
For what if some were without faith? Will their lack of faith nullify the faithfulness of God?
4 Gbeɖe! Mawu nye anukwaretɔ, eye ame sia ame nye aʋatsokala, abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: “Be woatso afia na wò le wò nyawo me, eye nàɖu dzi ne èdrɔ̃ ʋɔnu.”
May it never be! Yes, let God be found true, but every man a liar. As it is written, “that you might be justified in your words, and might prevail when you come into judgment.”
5 Gake ne míaƒe madzɔmadzɔnyenye ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye fia nyuie ɖe, nya ka míagblɔ? Ɖe míagblɔ be Mawu mewɔ nu dzɔdzɔe to eƒe dɔmedzoehehe va mía dzi me oa? (Mele nu ƒom abe amegbetɔ ene.)
But if our unrighteousness commends the righteousness of God, what will we say? Is God unrighteous who inflicts wrath? I speak like men do.
6 Mele alea o! Ne ele nenema la, aleke Mawu adrɔ̃ ʋɔnu xexea mee?
May it never be! For then how will God judge the world?
7 Ame aɖe agblɔ be, “Ne nye aʋatsokaka ado Mawu ƒe nyateƒetɔnyenye ɖe ŋgɔ, eye wòado Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖe dzi ɖe, nu ka ta wogabu fɔm be menye nu vɔ̃ wɔla ɖo?”
For if the truth of God through my lie abounded to his glory, why am I also still judged as a sinner?
8 Nu ka ta womagblɔ be, abe ale si ame aɖewo ka aʋatso ɖe mía si ene be míegblɔ be, “Mina míawɔ nu vɔ̃ be nu nyui nado tso eme” o ɖo? Enyo be woabu fɔ wo!
Why not (as we are slanderously reported, and as some affirm that we say), “Let’s do evil, that good may come?” Those who say so are justly condemned.
9 Aleke míawu nya la nue? Ɖe míagblɔ be míenyo wu ame bubuwoa? Ao, mele eme nenema o, elabena míegblɔ xoxo be Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la siaa nye nu vɔ̃ wɔlawo.
What then? Are we better than they? No, in no way. For we previously warned both Jews and Greeks that they are all under sin.
10 Abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe ene la, “Ame dzɔdzɔe aɖeke meli o, ɖeka pɛ hã meli o;
As it is written, “There is no one righteous; no, not one.
11 Ame aɖeke mese egɔme o; ame aɖeke medi Mawu o.
There is no one who understands. There is no one who seeks after God.
12 Ame sia ame tra mɔ; wo katã wogblẽ; ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o; ame ɖeka pɛ hã meli o.
They have all turned away. They have together become unprofitable. There is no one who does good, no, not so much as one.”
13 Woƒe ve me le abe yɔdo nuvowo ene; woƒe aɖewo srɔ̃ alakpadada. Aʋatsokaka yɔ aɖe dzi na wo. Ƒli ƒe aɖi le woƒe nuyiwo ŋu.
“Their throat is an open tomb. With their tongues they have used deceit.” “The poison of vipers is under their lips.”
14 Woƒe nu me yɔ fũu kple fiƒode kple vevesese helĩhelĩ.
“Their mouth is full of cursing and bitterness.”
15 Woɖea abla ɖe ʋukɔkɔɖi ŋu;
“Their feet are swift to shed blood.
16 gbegblẽ kple nuxaxa le woƒe mɔwo dzi,
Destruction and misery are in their ways.
17 eye womenya ŋutifafa ƒe mɔ o.”
The way of peace, they have not known.”
18 Mawuvɔvɔ̃ aɖeke mele woƒe ŋkuwo me o.
“There is no fear of God before their eyes.”
19 Azɔ la, míenya be nya sia nya si se la gblɔ la, egblɔe na ame siwo le se la te, be amewo nazi ɖoɖoe, eye Mawu nadrɔ̃ ʋɔnu xexea me katã.
Now we know that whatever things the law says, it speaks to those who are under the law, that every mouth may be closed, and all the world may be brought under the judgment of God.
20 Eya ta Mawu matso afia na ame aɖeke be ele dzɔdzɔe to se la dzi wɔwɔ me o; ke boŋ to se la me la, míedea dzesi nu vɔ̃.
Because by the works of the law, no flesh will be justified in his sight; for through the law comes the knowledge of sin.
21 Ke azɔ la, woɖe dzɔdzɔenyenye tso Mawu gbɔ fia mí se la manɔmee. Se la kple Nyagblɔɖilawo ɖi ɖase tso eŋuti.
But now apart from the law, a righteousness of God has been revealed, being testified by the law and the prophets;
22 Dzɔdzɔenyenye sia si tso Mawu gbɔ la vana to Yesu Kristo dzixɔse me na ame siwo katã xɔe se la. Vovototo aɖeke mele eme o,
even the righteousness of God through faith in Jesus Christ to all and on all those who believe. For there is no distinction,
23 elabena wo katã wowɔ nu vɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe bu ɖe wo,
for all have sinned, and fall short of the glory of God;
24 eye wotso afia na wo faa to eƒe amenuveve si va to ɖeɖedɔ si Kristo Yesu va wɔ la me.
being justified freely by his grace through the redemption that is in Christ Jesus,
25 Mawu tsɔe na abe vɔsa ene ɖe mía nu, to eƒe ʋu la dzi xɔse me. Ewɔ esia be yeaɖe yeƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ afia, elabena le eƒe lɔlɔ̃ ta la, mena tohehe amewo ɖe nu vɔ̃ siwo wowɔ la ta o.
whom God sent to be an atoning sacrifice through faith in his blood, for a demonstration of his righteousness through the passing over of prior sins, in God’s forbearance;
26 Ewɔ esia tsɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia le egbeŋkekewo me, be wòanye dzɔdzɔetɔ kple ame si tsoa afia na ame siwo xɔ Yesu dzi se la.
to demonstrate his righteousness at this present time, that he might himself be just and the justifier of him who has faith in Jesus.
27 Esia ta adegbeƒoƒo aɖe lia? Adegbeƒoƒo aɖeke meli o. Nu ka ta míaƒo adegbe ɖo? To se la dzi wɔwɔ mea? Gbeɖe, ke boŋ to xɔse me.
Where then is the boasting? It is excluded. By what kind of law? Of works? No, but by a law of faith.
28 Elabena míexɔe se be ame akpɔ afiatsotso to xɔse me, ke menye to se la dzi wɔwɔ me o.
We maintain therefore that a man is justified by faith apart from the works of the law.
29 Ɖe Mawu nye Yudatɔwo ɖeɖe ko ƒe Mawua? Ɖe Mawu menye ame siwo menye Yudatɔwo o hã ƒe Mawu oa? Ɛ̃, enye ame siwo menye Yudatɔwo o hã ƒe Mawu.
Or is God the God of Jews only? Is not he the God of Gentiles also? Yes, of Gentiles also,
30 Elabena Mawu ɖeka koe li, ame si atso afia na aʋatsotsotɔwo kple aʋamatsomatsotɔwo to xɔse ɖeka ma me.
since indeed there is one God who will justify the circumcised by faith and the uncircumcised through faith.
31 Ɖe míate fli ɖe se la me to xɔse sia mea? Gbeɖe! Ke boŋ se la le eteƒe.
Do we then nullify the law through faith? May it never be! No, we establish the law.