< Romatɔwo 2 >

1 Esia ta taflatsedodo aɖeke mele wò, ame si drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la si o. Nu si nètsɔna drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la, eya ke nètsɔna drɔ̃a ʋɔnu ɖokuiwò, elabena wò ame si le ʋɔnu drɔ̃m ame bubu la, wò ŋutɔ èwɔa nu siawo ke.
C’est pourquoi tu es inexcusable, ô homme, qui que tu sois qui juges; car en ce que tu juges autrui, tu te condamnes toi-même, puisque toi qui juges, tu commets les mêmes choses.
2 Azɔ la, míenya be Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ame siwo wɔa ale nu siawo la nye nyateƒe.
Or nous savons que le jugement de Dieu est selon la vérité contre ceux qui commettent de telles choses.
3 Ke ne wò, ame si le ʋɔnu drɔ̃m amewo hafi le nu siawo ke wɔm la, ɖe nèsusu be yeasi le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nua?
Et penses-tu, ô homme qui juges ceux qui commettent de telles choses et qui les pratiques, que tu échapperas au jugement de Dieu?
4 Alo ɖe mètsɔ ɖeke le Mawu ƒe dɔmenyo gã la, eƒe dzidodo, kple eƒe dzigbɔɖi me oa? Alo mènya be Mawu ƒe dɔmenyo ƒe taɖodzinue nye be wòana nàtrɔ dzi me oa?
Ou méprises-tu les richesses de sa bonté, et de sa patience, et de sa longue attente, ne connaissant pas que la bonté de Dieu te pousse à la repentance?
5 Gake ɖe miaƒe tomaɖomaɖo kple dzimesesẽ ta la, miaƒe nu vɔ̃wo le agbɔ sɔm ɖe edzi, hele Mawu ƒe dɔmedzoeŋkeke la lalam, esime wòadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.
Mais, selon ta dureté et selon ton cœur sans repentance, tu amasses pour toi-même la colère dans le jour de la colère et de la révélation du juste jugement de Dieu,
6 Mawu adrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ku ɖe eƒe dɔwɔwɔ ŋu.
qui rendra à chacun selon ses œuvres:
7 Ana agbe mavɔ ame sia ame si tsɔa dzidodo wɔa nu nyui eye wòdia ŋutikɔkɔe kple bubu kple agbe mavɔ si Mawu nana. (aiōnios g166)
à ceux qui, en persévérant dans les bonnes œuvres, cherchent la gloire et l’honneur et l’incorruptibilité, – la vie éternelle; (aiōnios g166)
8 Ke ahe to na ɖokuitɔdilawo kple ame siwo tsia tsitre ɖe eƒe nyateƒe la ŋu eye wowɔa nu vɔ̃. Mawu atrɔ eƒe dɔmedzoe akɔ ɖe wo dzi.
mais à ceux qui sont disputeurs et qui désobéissent à la vérité, et obéissent à l’iniquité, – la colère et l’indignation;
9 Konyifafa kple fukpekpe ava nu vɔ̃ wɔlawo dzi: gbã la, ava Yudatɔwo dzi, emegbe la, ava ame siwo menye Yudatɔwo o la hã dzi.
tribulation et angoisse sur toute âme d’homme qui fait le mal, et du Juif premièrement, et du Grec;
10 Ke ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋutifafa atso Mawu gbɔ na ame sia ame si le nu nyui wɔm la, gbã na Yudatɔwo, emegbe la, na ame siwo menye Yudatɔwo o.
mais gloire et honneur et paix à tout [homme] qui fait le bien, et au Juif premièrement, et au Grec;
11 Elabena Mawu medea vovototo amewo me o.
car il n’y a pas d’acception de personnes auprès de Dieu.
12 Eya ta woahe to na ame siwo katã si se mele o la abe semanɔsitɔwo ene ne wowɔ nu vɔ̃ eye woadrɔ̃ ʋɔnu ame siwo le se la te abe setenɔlawo ene.
Car tous ceux qui ont péché sans loi, périront aussi sans loi; et tous ceux qui ont péché sous [la] loi, seront jugés par [la] loi
13 Elabena menye ame siwo sea se la woe nye ame dzɔdzɔewo le Mawu ŋkume o, ke boŋ ame siwo wɔa se la dzi lae woatso afia na abe ame dzɔdzɔewo ene.
(car ce ne sont pas les auditeurs de la loi qui sont justes devant Dieu; mais ce sont ceux qui accomplissent la loi qui seront justifiés;
14 (Le nyateƒe me la, ne ame siwo menye Yudatɔwo o, ame siwo si se mele o, gake wowɔ nu ɖe dzɔdzɔme ƒe ɖoɖo nu eye wòsɔ kple se la la, ekema wozu se na wo ɖokuiwo,
car quand les nations qui n’ont point de loi, font naturellement les choses de la loi, n’ayant pas de loi, elles sont loi à elles-mêmes,
15 togbɔ be se mele wo si o be woŋlɔ nu si se la bia la ɖe woƒe dziwo me, woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase, eye ɣe aɖewo ɣi la, woƒe tamesusu hã bua fɔ wo, eye wòʋlia wo ta ɣe bubu ɣi.)
et elles montrent l’œuvre de la loi, écrite dans leurs cœurs, leur conscience rendant en même temps témoignage, et leurs pensées s’accusant entre elles, ou aussi s’excusant),
16 Nu sia adzɔ le ŋkeke si dzi Mawu adrɔ̃ ʋɔnu amewo ƒe nu ɣaɣlawo to Yesu Kristo dzi abe ale si nyanyui la gblɔ ene.
[seront jugés, dis-je, ] au jour où Dieu jugera par Jésus Christ les secrets des hommes, selon mon évangile.
17 Azɔ ne mieyɔ mia ɖokuiwo be Yudatɔwo, ne mieɖoa ŋu ɖe se la ŋu, eye mieƒoa adegbe be kadodo nyui le miawo kple Mawu dome,
Or si toi, tu portes le nom de Juif, et que tu te reposes entièrement sur la loi, et que tu te glorifies en Dieu,
18 ne mienya eƒe lɔlɔ̃nu, eye mieda asi ɖe nu si nyo la dzi, elabena wofia se la mi;
et que tu connaisses la volonté, et que tu saches discerner les choses excellentes, étant instruit par la loi,
19 ne mieka ɖe edzi be yewoe afia mɔ ŋkuagbãtɔwo, yewoe nye kekeli na ame siwo le viviti me,
et que tu croies que tu es conducteur d’aveugles, lumière de ceux qui sont dans les ténèbres,
20 ame siwo fiaa nu bometsilawo, ame siwo fiaa nu ɖeviwo, elabena sidzedze kple nyateƒe la le se la me la,
instructeur des hommes dépourvus d’intelligence, maître de petits enfants, ayant la formule de la connaissance et de la vérité dans la loi;
21 ekema wò, ame si le nu fiam ame bubuwo la, ɖe mefiaa nu ɖokuiwò oa? Wò, ame si le mawunya gblɔm na amewo be womegafi fi o ɖe, ɖe nèfiaa fia?
toi donc qui enseignes les autres, ne t’enseignes-tu pas toi-même? Toi qui prêches qu’on ne doit pas dérober, dérobes-tu?
22 Wò, ame si gblɔna be womegawɔ ahasi o ɖe, ɖe nèwɔa ahasia? Wò, ame si tsi tsitre ɖe legbasubɔsubɔ ŋu ɖe, ɖe nèfia gbedoxɔmenuwoa?
Toi qui dis qu’on ne doit pas commettre adultère, commets-tu adultère? Toi qui as en abomination les idoles, commets-tu des sacrilèges?
23 Wò, ame si ƒoa adegbe tso seawo ŋu ɖe, ɖe nèdoa vlo Mawu to se la dzi dada mea?
Toi qui te glorifies en [la] loi, déshonores-tu Dieu par la transgression de la loi?
24 Abe ale si woŋlɔe ɖi ene la, ame siwo menye Yudatɔwo o la ɖua fewu le Mawu ŋu ɖe mia ta.
Car le nom de Dieu est blasphémé à cause de vous parmi les nations, comme il est écrit.
25 Asixɔxɔ le aʋatsotso ŋu ne miewɔ ɖe se la dzi, gake ne mieda le se la dzi la, ekema miele abe ame siwo wometso aʋa na o la ene.
Car en effet [la] circoncision est profitable si tu accomplis [la] loi; mais si tu es transgresseur de [la] loi, ta circoncision est devenue incirconcision.
26 Ne ame siwo wometso aʋa na o la wɔna ɖe seawo dzi la, ɖe womabu wo abe ame siwo wotso aʋa na la ene oa?
Si donc l’incirconcision garde les exigences de la loi, son incirconcision ne sera-t-elle pas comptée pour circoncision;
27 Ame si wometso aʋa na le ŋutilã me o, gake wòwɔna ɖe se la dzi la, abu fɔ wò, ame si, togbɔ be woŋlɔ se la na wò, eye wotso aʋa na wò hã la, nènye sedzidala.
et l’incirconcision qui l’est par nature, en accomplissant la loi, ne te jugera-t-elle pas, toi qui, dans la lettre et la circoncision, es transgresseur de [la] loi?
28 Ame si nye Yudatɔ le gotagome la, menye Yudatɔ vavã o, elabena aʋatsotso menye gotagomenu kple ŋutilãmenu ɖeɖe ko o.
Car celui-là n’est pas Juif qui l’est au-dehors, et celle-là n’est pas la circoncision qui l’est au-dehors dans la chair;
29 Gbeɖe, ame si nye Yudatɔ vavã la nye Yudatɔ tso eƒe dzi me ke, eye aʋatsotso siae nye ame ƒe dzi ƒe aʋatsotso to Gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ me, ke menye to nya si woŋlɔ ɖi la me o. Ame sia ƒe kafukafu tso Mawu gbɔ, ke menye tso amewo gbɔ o.
mais celui-là est Juif qui l’est au-dedans, et la circoncision est du cœur, en esprit, non pas dans la lettre; et la louange de ce [Juif] ne vient pas des hommes, mais de Dieu.

< Romatɔwo 2 >