< Romatɔwo 16 >

1 Mele Foibe, mía nɔvinyɔnu, ame si nye subɔla le Kenkrea hamea me la kafum na mi.
I commend to you our sister Phoebe, who is a minister of the church at Cenchrae.
2 Mele biabiam tso mia si be miaxɔe abe ale si dze le Aƒetɔ la me ene, eye miakpe ɖe eŋu le nu sia nu si ahiãe la me le mɔ sia mɔ si dze ame kɔkɔewo la nu. Elabena ekpe ɖe ame geɖewo ŋu le woƒe hiahiãwo me. Ekpe ɖe nye ŋutɔ hã ŋunye.
I beg you to give her a Christian welcome, as the saints should; and to assist her in any matter in which she may have need of you. For she herself has been made an overseer to many people, including myself.
3 Mido gbe na Priskila kple Akwila nam. Wonye nye hadɔwɔlawo le Kristo Yesu ƒe dɔ la me.
Salute Priscilla and Aquila, my fellow laborers in the cause of Jesus Christ,
4 Wotsɔ woƒe agbe de xaxa me ɖe tanye. Menye nye ɖeka koe le akpe dam na wo o, ke Kristo kple hame siwo katã le ame siwo menye Yudatɔwo o dome la hã le akpe dam na wo.
who risked their own lives to save mine; who are thanked not only by me,
5 Mido gbe na ame siwo katã kpea ta hesubɔa Mawu le woƒe aƒewo me la nam. Mido gbe na xɔ̃nye vevi, Epeneto hã nam. Eyae nye ame gbãtɔ si zu Kristotɔ le Asia.
but by all the churches among the Gentiles. Salute likewise the church that meets in their home. Salute Epaenetus, my dearly beloved, the first man in Roman Asia to believe in Christ.
6 Mido gbe na Maria hã, ame si wɔ dɔ sesĩe hekpe ɖe mía ŋu la nam.
Salute Mary, who toiled terribly for you;
7 Andronika kple Yunia hã li; woawoe nye ƒonyemetɔ siwo nɔ gaxɔ me kplim la. Apostoloawo bua wo, eye wozu kristotɔ hafi meva zui. Mido gbe na wo nam.
and Andronicus and Junia, my kinsfolk and fellow prisoners, who are notable among the apostles, and who became Christians before I did.
8 Mido gbe na Ampliato, ame si nye nye lɔlɔ̃tɔ le Aƒetɔ la me.
Salute Amplias, my beloved in the Lord;
9 Mido gbe na Urbano, míaƒe hadɔwɔla le Kristo me kple nɔvi lɔlɔ̃tɔ Stakis nam.
and Urbanus, my fellow toiler in Christ; and Stachys, my dear, dear friend.
10 Mido gbe na Apeles, ame si li ke le Kristo me la hã. Mido gbe na ame siwo le dɔ wɔm le Aristobulo ƒe aƒe me la hã nam.
Salute Apellas, tested and tried in Christ, and the household of Aristobulus,
11 Medo gbe na ƒonyemetɔ Herodion. Mido gbe na kluvi siwo nye kristotɔwo le Narkiso ƒe aƒe me.
and Herodion, my kinsman. Salute the believing members of the household of Narcissus.
12 Mido gbe na xɔ̃nye Trifena kple Trifosa, ame siwo nye Aƒetɔ la ƒe dɔwɔlawo. Mido gbe na Persis lɔlɔ̃a, ame si wɔ dɔ sesĩe ŋutɔ na Aƒetɔ la.
Salute Trypheana and Tryphosa, who are ever toiling in the Lord. Salute dear Persis, who has toiled terribly in the Lord’s service.
13 Medo gbe na Rufo, ame si Aƒetɔ la tia be wòanye ye ŋutɔ tɔ kple dadaa lɔlɔ̃a, ame si kpɔ dzinye abe danye ene.
Salute Rufus, the chosen in the Lord, and his mother and mine.
14 Mido gbe na Asinkrito, Flego, Hermes, Patroba, Herma kple nɔvi bubu siwo katã le wo gbɔ la.
Salute Asyncritus, Phlegon, Hermes, Patrobas, Hermas, and the brothers who are associated with them.
15 Migblɔ na Filologo, Yunia, Nereo kple nɔvia nyɔnu kple Olimpa kple kristotɔ bubu siwo katã le wo gbɔ la be medo gbe na wo.
Salute Philologus and Julia, Nereus and his sister, Olympas, and all the saints associated with them.
16 Mitsɔ nugbugbɔ kɔkɔe do gbe na mia nɔewo nam. Kristo ƒe hame siwo katã le afi sia la do gbe na mi katã.
Salute one another with a holy kiss. All the churches of Christ salute you.
17 Nya ɖeka gale asinye magblɔ hafi awu agbalẽ sia nu. Migade ha kple ame siwo dea mama amewo dome, nana amewo ƒe xɔse trana, eye wofiaa nu siwo tsi tsitre ɖe nu siwo wofia mi tso Kristo ŋuti la o.
I exhort you, brothers, to keep watch of those who are causing the divisions among you, and occasions of stumbling, contrary to the teaching which you have learned.
18 Nufiala siawo mele dɔ wɔm na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke boŋ woawo ŋutɔ ƒe viɖe ko dim wole. Woƒoa nu nyuie, eye woblea susu wodzoe tɔwo enuenu.
Turn away from them. For men of that stamp are not the slaves of Christ, but are slaves to their own appetites. By their smooth and fair speech they beguile the hearts of the innocent.
19 Ke ame sia ame nya be miawo ya la, mienye nuteƒewɔlawo. Nu sia doa dzidzɔ nam ŋutɔ. Medi be mianya nu tso nu si nyo la ŋu ɣe sia ɣi, eye miavo tso nu vɔ̃ ɖe sia ɖe me.
I say this, for the tidings of your obedience have been told throughout the world. On your own behalf, then, I rejoice; but I want you to be wise unto the good, but innocents in evil.
20 Esusɔ vie ŋutifafa ƒe Mawu la nagbã Satana ɖe miaƒe afɔ te gudugudu. Míaƒe Aƒetɔ Yesu ƒe yayra nava mia dzi.
The God of peace will soon crush Satan under your feet. The grace of our Lord Jesus Christ be with you.
21 Timoteo, nye hadɔwɔla kple Lukio, Yason kple Sosipatro, ame siwo nye ƒonyemetɔwo la do gbe na mi.
Timothy, my fellow worker, salutes you; so do my fellow countrymen Lucius, Jason, and Sosipater.
22 Nye, Tertio, ame si le agbalẽ sia ŋlɔm la, nye hã medo gbe na mi abe mia nɔvi kristotɔ ɖeka ene.
I, Tertius, who write this letter, salute you in the Lord.
23 Gayo be mado gbe na mi. Eya ƒe amedzroe menye, eye hamea kpea ta le afii le eƒe aƒe me. Erasto, ame si nye dugadzikpɔla kple Kuarto, nɔvi kristotɔ aɖe hã do gbe na mi. [
Gaius, my host, and the host of the church, salutes you. Erastus, the treasurer of the city, salutes you, and so does brother Quartus.
24 Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã. Amen.]
The grace of our Lord Jesus Christ be with you all!
25 Azɔ mikafu Mawu si te ŋu ɖo mia gɔme anyi to nye nyanyui kple gbeƒãɖeɖe Yesu Kristo me la. Esiae nye ɖoɖo si woɣla ɖe mi tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me ke. (aiōnios g166)
Now I commend you to Him who is able to keep you stedfast, according to my gospel, and the proclamation of Jesus Christ, whereby is unveiled the secret truth which was kept secret through immemorial ages, (aiōnios g166)
26 Ke azɔ la, abe ale si nyagblɔɖilawo gblɔe do ŋgɔ, eye abe ale si Mawu mavɔtɔ la de se ene la, wole gbeƒã ɖem na dukɔwo katã be woaxɔe ase, eye woaɖo to eya amea. (aiōnios g166)
but now has been brought to light, and by command of the eternal God made known to the Gentiles by the scriptures of the Prophets, so that the Gentiles might hold obedience of the faith. (aiōnios g166)
27 Mawu, ame si ɖeka koe nye nunyala to Yesu Kristo dzi la tɔ nanye ŋutikɔkɔe la yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen. (aiōn g165)
Unto Him, the only wise God, through Jesus Christ, be glory forever. Amen. (aiōn g165)

< Romatɔwo 16 >