< Romatɔwo 15 >
1 Ehiã be mí ame siwo ŋu ŋusẽ le la, míabu ame siwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu, eye míagadze mía ɖokui ŋu o.
우리 강한 자가 마땅히 연약한 자의 약점을 담당하고 자기를 기쁘게 하지 아니할 것이라
2 Mía dome ame sia ame nadze ehavi ŋu hena ehavi ƒe nyonyo kple tutuɖedzi.
우리 각 사람이 이웃을 기쁘게 하되 선을 이루고 덕을 세우도록 할지니라
3 Kristo mewɔ nu be yeadze ye ɖokui ŋu o. Abe ale si Psalmokpala gblɔe ene la, “Eva be yeakpe fu, eye yeaxɔ dzudzu tso ame siwo tututu tsi tsitre ɖe Aƒetɔ la ŋu la gbɔ.”
그리스도께서 자기를 기쁘게 하지 아니하셨나니 기록된바 주를 비방하는 자들의 비방이 내게 미쳤나이다 함과 같으니라
4 Ele be nu siwo woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me gbe aɖe gbe ke la nafia dzigbɔɖi mí, eye woade dzi ƒo na mí, ale be míanɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si Mawu aɖu nu vɔ̃ kple ku dzi la.
무엇이든지 전에 기록한 바는 우리의 교훈을 위하여 기록된 것이니 우리로 하여금 인내로 또는 성경의 안위로 소망을 가지게 함이니라
5 Mawu si naa dzigbɔɖi kple tenɔnɔ kpakple dzideƒo ame la nakpe ɖe mia ŋu be mianɔ anyi kple mia nɔewo le nɔvilɔlɔ̃ blibo me, eye ame sia ame natsɔ Kristo Yesu ƒe nɔnɔme anɔ agbe ɖe nɔvia ŋu.
이제 인내와 안위의 하나님이 너희로 그리스도 예수를 본받아 서로 뜻이 같게 하여 주사
6 Ekema mí katã míate ŋu atsɔ gbe ɖeka akafu Aƒetɔ la, atsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo.
한 마음과 한 입으로 하나님 곧 우리 주 예수 그리스도의 아버지께 영광을 돌리게 하려 하노라
7 Eya ta mixɔ mia nɔewo nyuie ɖe ha la me abe ale si Kristo ŋutɔ hã xɔ mi ene, ekema miatsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu.
이러므로 그리스도께서 우리를 받아 하나님께 영광을 돌리심과 같이 너희도 서로 받으라
8 Miɖo ŋku edzi be Yesu Kristo va be yeafia mí be Mawu wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi, eye be yeakpe ɖe Yudatɔwo ŋu.
내가 말하노니 그리스도께서 하나님의 진실하심을 위하여 할례의 수종자가 되셨으니 이는 조상들에게 주신 약속들을 견고케 하시고
9 Migaɖo ŋku edzi hã be eva be ame siwo menye Yudatɔwo o la hã nakpɔ ɖeɖe, eye woatsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu le ale si wòvea wo nu la ta. Nu siae Psalmokpala la fia esi wòŋlɔ bena, “Makafu wò le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, eye madzi ha na wò ŋkɔ.”
이방인으로 그 긍휼하심을 인하여 하나님께 영광을 돌리게 하려 하심이라 기록된바 이러므로 내가 열방 중에서 주께 감사하고 주의 이름을 찬송하리로다 함과 같으니라
10 Le teƒe bubu aɖe la, egagblɔ be, “O, ame siwo menye Yudatɔwo o la, mikpɔ dzidzɔ kple Mawu ƒe amewo, ame siwo nye Yudatɔwo la.”
또 가로되 열방들아 주의 백성과 함께 즐거워하라 하였으며
11 Egagblɔ le teƒe bubu hã be, “Mikafu Aƒetɔ la, mi ame siwo menye Yudatɔwo o la katã, mina ame sia ame nakafui.”
또 모든 열방들아 주를 찬양하며 모든 백성들아 저를 찬송하라 하였으며
12 Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be, “Yese ƒe ke, ame si atsi tsitre be yeaɖu fia ɖe xexemedukɔwo dzi la ava; eyae ame siwo menye Yudatɔwo o la akpɔ mɔ na.”
또 이사야가 가로되 이새의 뿌리 곧 열방을 다스리기 위하여 일어나시는 이가 있으리니 열방이 그에게 소망을 두리라 하였느니라
13 Eya ta mele gbe dom ɖa ɖe mi ame siwo menye Yudatɔwo o la ta be Mawu, ame si naa mɔkpɔkpɔ mi la, nana dzidzɔ kple ŋutifafa nayɔ mia me le esi miexɔ edzi se la ta. Mele gbe dom ɖa be Mawu nakpe ɖe mia ŋu be mɔkpɔkpɔ le Mawu me nagbã go le mia me to Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ si le mia me la me.
소망의 하나님이 모든 기쁨과 평강을 믿음 안에서 너희에게 충만케 하사 성령의 능력으로 소망이 넘치게 하시기를 원하노라
14 Nɔvinyewo, menya be mienye ame nyanuwo kple ame nyuiwo, eye mienya nu siawo nyuie, ale be miate ŋu afia nu ame bubuwo tso wo katã ŋu.
내 형제들아 너희가 스스로 선함이 가득하고 모든 지식이 차서 능히 서로 권하는 자임을 나도 확신하노라
15 Metsɔ dzideƒo ŋlɔ nya aɖewo na mi abe ŋkuɖoɖo nu dzi na mi ene, to amenuveve si Mawu nam la me,
그러나 내가 너희로 다시 생각나게 하려고 하나님께서 내게 주신 은혜로 인하여 더욱 담대히 대강 너희에게 썼노니
16 be manye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla na ame siwo menye Yudatɔwo o la, eye be matsɔ Mawu ƒe nyanyui la vɛ na mi ame siwo menye Yudatɔwo o la, be miazu vɔsa si dze Mawu ŋu, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã kɔ eŋu.
이 은혜는 곧 나로 이방인을 위하여 그리스도 예수의 일군이 되어 하나님의 복음의 제사장 직무를 하게 하사 이방인을 제물로 드리는 그것이 성령 안에서 거룩하게 되어 받으심직하게 하려 하심이라
17 Eya ta meƒoa adegbe le nu siwo katã Kristo Yesu wɔ to dzinye le Mawu ta la ŋu.
그러므로 내가 그리스도 예수 안에서 하나님의 일에 대하여 자랑하는 것이 있거니와
18 Mele be mabu akɔnta le ale si wòwɔ ame bubuwo ŋu dɔ la ŋu o, ke menya esia be: Kristo to dzinye, eye wòhe ame siwo menye Yudatɔwo o la va Mawu gbɔe.
그리스도께서 이방인들을 순종케 하기 위하여 나로 말미암아 말과 일이며 표적과 기사의 능력이며 성령의 능력으로 역사하신 것외에는 내가 감히 말하지 아니하노라
19 Meɖe wo fia to nye gbeƒãɖeɖe kple agbe nyui si menɔ le woƒe ŋkume la me hekpe ɖe nukunu siwo wowɔ to dzinye abe dzesiwo tso Mawu gbɔ ene la ŋu. Esiawo katã tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me. Meɖe gbeƒã Kristo ƒe nyanyui blibo la to mɔ sia dzi tso keke Yerusalem yi ɖado ɖe Iliriko ke.
이 일로 인하여 내가 예루살렘으로부터 두루 행하여 일루리곤까지 그리스도의 복음을 편만하게 전하였노라
20 Ke enye nye didi vevie be magayi ŋgɔ wu nenema gɔ̃ hã, eye maɖe gbeƒã nyanyui la le teƒe siwo womese Kristo ŋkɔ le kpɔ haɖe o. Esia dzrom wu be maɖe gbeƒã le afi si ame bubu aɖe ɖo hame aɖe anyi ɖo xoxo la.
또 내가 그리스도의 이름을 부르는 곳에는 복음을 전하지 않기로 힘썼노니 이는 남의 터 위에 건축하지 아니하려 함이라
21 Menɔ zɔzɔm ɖe ɖoɖo si ŋu woƒo nu le le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea me la nu. Afi sia Yesaya gblɔ le be, “Ame siwo mese Kristo ŋkɔ kpɔ haɖe o la, woakpɔ nu, eye woase egɔme.”
기록된바 주의 소식을 받지 못한 자들이 볼 것이요 듣지 못한 자들이 깨달으리라 함과 같으니라
22 Nu sia ta nyemete ŋu va kpɔ mi ɖa kaba o ɖo.
그러므로 또한 내가 너희에게 가려 하던 것이 여러번 막혔더니
23 Ke mewu nye dɔ la nu le afi sia mlɔeba azɔ, eye mele klalo be mava le ƒe geɖe siwo mia gbɔ vava dzrom la megbe.
이제는 이 지방에 일할 곳이 없고 여러 해 전부터 언제든지 서바나로 갈 때에 너희에게 가려는 원이 있었으니
24 Mele ɖoɖo wɔm be mayi Spania. Ne meyina la, matɔ ɖe Roma, eye ne menɔ anyi kpli mi le dzidzɔ me ɣeyiɣi kpui aɖe la, miagate ŋu ado mɔm.
이는 지나가는 길에 너희를 보고 먼저 너희와 교제하여 약간 만족을 받은 후에 너희의 그리로 보내줌을 바람이라
25 Ke hafi mava la, ele be mayi Yerusalem gbã, eye matsɔ nunana aɖe ayi na Yudatɔ siwo nye kristotɔwo le afi ma la.
그러나 이제는 내가 성도를 섬기는 일로 예루살렘에 가노니
26 Elabena kristotɔ siwo le Makedonia kple Akaya la di nanewo be yewoaɖo ɖe nɔvi siwo le Yerusalem, ame siwo le ɣeyiɣi sesẽ aɖe ŋutɔ me tom la.
이는 마게도냐와 아가야 사람들이 예루살렘 성도 중 가난한 자들을 위하여 기쁘게 얼마를 동정하였음이라
27 Edzɔ dzi na wo ŋutɔ be woawɔ esia, elabena wodze sii be yewonyi akpedafe gã aɖe le kristotɔ siwo le Yerusalem la si. Nu ka ta? Elabena Kristo ƒe nya tso hame si le Yerusalem la gbɔ va na ame siwo menye Yudatɔwo o la. Tso esime woxɔ nyanyui la ƒe gbɔgbɔmenunana sia tso afi ma la, wodze sii be nu suetɔ si yewoate ŋu awɔ lae nye be yewoakpe ɖe wo ŋu kple nunɔamesi aɖewo.
저희가 기뻐서 하였거니와 또한 저희는 그들에게 빚진 자니 만일 이방인들이 그들의 신령한 것을 나눠 가졌으면 육신의 것으로 그들을 섬기는 것이 마땅하니라
28 Ne metsɔ ga sia na wo, eye mewu dɔ nyui si wowɔ na wo nɔviwo nu na wo la, mava kpɔ mi ɖa ne mele Spania yim.
그러므로 내가 이 일을 마치고 이 열매를 저희에게 확증한 후에 너희에게를 지나 서바나로 가리라
29 Meka ɖe edzi be ne meva la, Kristo ana yayra geɖem matsɔ vɛ na mi.
내가 너희에게 나갈 때에 그리스도의 충만한 축복을 가지고 갈 줄을 아노라
30 Ke mele nu xlɔ̃m mi nɔviwo, le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo kple Gbɔgbɔ ƒe lɔlɔ̃ me bena miade dzinye, eye miaʋli le gbedodoɖa me na Mawu ɖe tanye.
형제들아 내가 우리주 예수 그리스도로 말미암고 성령의 사랑으로 말미암아 너희를 권하노니 너희 기도에 나와 힘을 같이하여 나를 위하여 하나님께 빌어
31 Mido gbe ɖa be Mawu nakpɔ tanye le Yudea tso ame siwo menye kristotɔwo o la si me. Mido gbe ɖa hã be kristotɔ siwo le Yerusalem la nalɔ̃ axɔ kpekpeɖeŋu si metsɔ yina na wo la.
나로 유대에 순종치 아니하는 자들에게서 구원을 받게 하고 또 예루살렘에 대한 나의 섬기는 일을 성도들이 받음직하게 하고
32 Ekema ne Mawu lɔ̃ la, mate ŋu ava mia gbɔ kple dzidzɔ, eye míade agbe yeye mía nɔewo me.
나로 하나님의 뜻을 좇아 기쁨으로 너희에게 나아가 너희와 함께 편히 쉬게 하라
33 Ke azɔ la, mía Mawu, ame si naa ŋutifafa la nanɔ anyi kpli mi katã. Amen.
평강의 하나님께서 너희 모든 사람과 함께 계실지어다! 아멘