< Nyaɖeɖefia 1 >

1 Esia nye Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia si Mawu nae be wòaɖe afia eƒe dɔlawo tso nu si ava dzɔ kpuie la ŋuti. Edɔ eƒe mawudɔla ɖa be wòaɖe nu siawo afia Yohanes, ame si nye eƒe dɔla.
A revelation of Jesus Christ, which God gave to him, to show to his servants the things which must shortly be; and sending by his messenger, he signified them to his servant John,
2 Yohanes ɖi ɖase le nu siwo katã wòkpɔ la ŋu, nu siwo nye Mawu ƒe nya kple ɖaseɖiɖi tso Yesu Kristo ŋu la.
who testified the word of God, and the testimony of Jesus Christ, whatever he saw.
3 Woayra ame si xlẽ nyagblɔɖi sia me nyawo, woayra ame siwo see, eye wotsɔ emenyawo de woƒe dzi me la, elabena ɣeyiɣi la tu aƒe.
Happy is he that reads, and they that hear the words of this prophecy, and keep the things that are written in it; for the time is at hand.
4 Agbalẽ sia tso Yohanes gbɔ na hame adre siwo le Asia nuto me: Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, ame si nɔ anyi, eye wòli, eye wògale vava ge la gbɔ kple gbɔgbɔ adre siwo le eƒe fiazikpui la ŋgɔ
John, to the seven congregation which are in Asia; favor and peace be with you, from him who is, and who was, and who is to come; and from the seven spirits which are before his throne;
5 kple Yesu Kristo, ame si nye ɖaseɖila anukwaretɔ, ame gbãtɔ si fɔ tso ku me, eye wònye anyigbadzifiawo dzi ɖula la gbɔ na mi. Eya ame si lɔ̃ mí, eye wòɖe mí tso míaƒe nu vɔ̃wo me to eƒe ʋu me,
and from Jesus Christ, the faithful witness, the first born of the dead, and the ruler of the kings of the earth; to him who has loved us, and washed us from our sins in his own blood,
6 eya ame si wɔ mí be míanye fiaɖuƒe kple nunɔla siwo asubɔ eƒe Mawu kple Fofoa, eya tɔ nanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen. (aiōn g165)
and has made us kings and priests to his God and Father; to him be glory and dominion for ever and ever. Amen. (aiōn g165)
7 “Kpɔ ɖa, Egbɔna; lilikpowo aƒo xlãe,” eye “ŋku ɖe sia ɖe akpɔe. Ɛ̃, ame siwo tɔ akplɔe gɔ̃ hã akpɔe.” Ne eva do la, dukɔ siwo katã le anyigba dzi la “afa avi kple ɣli le eya amea ta.”
Behold, he is coming in the clouds; and every eye shall see him, even they who pierced him: and all the tribes of the earth shall mourn because of him. Yes: so let it be.
8 “Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu, ame si nɔ anyi, eye wòli, eye wògale vava ge, ame si nye Ŋusẽkatãtɔ.” Aƒetɔ Mawue gblɔe.
I am the Alpha and the Omega, says the Lord, who is, and who was, and who is to come, the Almighty.
9 Nye, mia nɔvi Yohanes, ame si kpe fu kpli mi le Aƒetɔ la ta lae le agbalẽ sia ŋlɔm na mi. Nye hã mekpɔ gome le dzidodo si Mawu nana la me, eye miakpɔ gome le eƒe fiaɖuƒe la hã me! Menɔ Patmo Ƒukpo dzi. Woɖe aboyom yi afi ma le Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ŋuti ɖaseɖiɖi ta.
I, John, who am also your brother and companion in tribulation, and in the kingdom and patience of Jesus Christ, was in the island called Patmos, for the sake of the word of God, and for the testimony of Jesus Christ.
10 Esime menɔ gbɔgbɔ me le Aƒetɔ la ƒe ŋkekea dzi la, mese gbe sesẽ aɖe le megbenye abe kpẽ ƒe ɖiɖi ene.
I was in the Spirit on the Lord's day, and heard a great voice behind me, as of a trumpet,
11 Enɔ gbɔgblɔm be, “Ŋlɔ nu sia nu si nèkpɔ la da ɖi, eye nàɖo agbalẽ la ɖe hame adre siwo le Efeso, Smirna, Pergamo, Tiatira, Sardis, Filadelfia kple Laodikea.”
saying, What you see, write in a book, and send it to the seven congregations; to Ephesus, and to Smyrna, and to Pergamos, and to Thyatira, and to Sardis, and to Philadelphia, and to Laodicea.
12 Esi metrɔ be makpɔ ame si nɔ nu ƒom la, kasia mekpɔ sikakaɖiti adre.
And I turned to see the voice which spoke to me, and being turned, I saw seven golden lamps;
13 Ame aɖe tsi tsitre ɖe wo dome si ɖi Amegbetɔ Vi la. Edo awu ʋlaya aɖe, eye wòtsɔ sikalidziblaka aɖe bla akɔta.
and, in the midst of the seven lamps, one like a Son of Man, clothed in a long robe, and girded about the breasts with a golden girdle.
14 Eƒe taɖa fu tititi abe alẽfu alo ɖetifu ene. Eƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖewo ene.
His head, even his hairs, were white like wool, as white as snow; and his eyes were as a flame of fire;
15 Eƒe afɔwo biã hẽe abe akɔbli si wode kpodzo me ene, eye eƒe gbe le abe tɔsisi geɖewo ƒe hoowɔwɔ ene.
and his feet like fine brass, when glowing in a furnace; and his voice as the voice of many waters;
16 Elé ɣletivi adre ɖe nuɖusi, eye yi ɖaɖɛ nuevee do go tso eƒe nu me. Eƒe mo nɔ keklẽm abe ɣe ƒe keklẽ ene.
and he had in his right hand seven stars, and out of his mouth there went a sharp two-edged sword; and his countenance was as the sun, when he shines in his strength.
17 Esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene. Tete wòtsɔ eƒe nuɖusi da ɖe dzinye, eye wògblɔ be, “Mègavɔ̃ o. Nyee nye Gɔmedzedze kple Nuwuwu.
And when I saw him, I fell down at his feet, as dead; and he laid his right hand upon me, and said, Fear not; I am the First and the Last;
18 Nyee nye Ame si le agbe; meku kpɔ, gake kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Eye ku kple tsiẽƒe ƒe safuiwo le asinye. (aiōn g165, Hadēs g86)
I am he who lives and was dead; and behold, I am living for ever and ever; and I have the keys of the unseen world, and of death. (aiōn g165, Hadēs g86)
19 “Eya ta ŋlɔ nu siwo nèkpɔ fifia kple nu siwo le vava ge emegbe la.
Write the things which you see, even those which are, and the things which shall be hereafter.
20 Nu ɣaɣla si le ɣletivi adre siwo nèkpɔ melé ɖe nuɖusi kple sikakaɖiti adreawo me lae nye esi: Ɣletivi adreawo nye hame adreawo ƒe mawudɔlawo, eye sikakaɖiti adreawo nye hame adreawo.
As to the hidden meaning of the seven stars, which you see in my right hand, and of the seven lamps of gold: the seven stars are messengers of the seven congregations; and the seven lamps which you see, are seven congregations.

< Nyaɖeɖefia 1 >