< Nyaɖeɖefia 9 >

1 Mawudɔla atɔ̃lia ku eƒe kpẽ la, eye mekpɔ ɣletivi si ge tso dziƒo va dze anyigba dzi la. Wotsɔ ʋe globo la ƒe safui na ɣletivi sia. (Abyssos g12)
第五位天使吹号,我就看见一个星从天落到地上,有无底坑的钥匙赐给它。 (Abyssos g12)
2 Esi wòʋu nu le ʋe globo la nu la, dzudzɔ do tso eme abe abolokpo gã aɖe mee dzudzɔ le dodom le ene. Dzudzɔ gã la na be ɣe kple dziŋgɔli do viviti. (Abyssos g12)
它开了无底坑,便有烟从坑里往上冒,好像大火炉的烟;日头和天空都因这烟昏暗了。 (Abyssos g12)
3 Ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe do go tso dzudzɔ la me va anyigba dzi, eye wòna ŋusẽ wo be woawɔ nu abe ahɔ̃ siwo le anyigba dzi la ene.
有蝗虫从烟中出来,飞到地上;有能力赐给它们,好像地上蝎子的能力一样,
4 Wode se na wo be womegagblẽ gbe siwo le anyigba dzi, numiemie loo alo atiwo o, ke boŋ woagblẽ ame siwo Mawu ƒe nutrenu mele ŋgonu na o la.
并且吩咐它们说,不可伤害地上的草和各样青物,并一切树木,惟独要伤害额上没有 神印记的人。
5 Womena ŋusẽ wo be woawu wo o, ke boŋ be woawɔ funyafunya wo dzinu atɔ̃. Ale fukpekpe si me woto la nɔ abe ale si ame si ahɔ̃ te la sea vevee ene.
但不许蝗虫害死他们,只叫他们受痛苦五个月。这痛苦就像蝎子螫人的痛苦一样。
6 Le ŋkeke mawo me la, amewo adi ku, gake womakpɔe o. Ku adzro wo vevie, gake ku asi abu ɖe wo.
在那些日子,人要求死,决不得死;愿意死,死却远避他们。
7 Ʋetsuviawo ƒe dzedzeme le abe sɔ siwo bla akpa hena aʋayiyi ene. Woɖɔ nane ɖe ta si le abe sikafiakuku ene, eye woƒe mowo ɖi amegbetɔwo tɔ.
蝗虫的形状,好像预备出战的马一样,头上戴的好像金冠冕,脸面好像男人的脸面,
8 Woƒe ɖa le abe nyɔnuwo ƒe ɖa ene, eye woƒe aɖuwo le abe dzatawo tɔ ene.
头发像女人的头发,牙齿像狮子的牙齿。
9 Wodo akɔtakpoxɔnu siwo le abe gayibɔkɔtakpoxɔnuwo ene, eye woƒe aʋalawo ƒe hoowɔwɔ le abe sɔwo kple tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ne wolũ ɖe aʋa me la ene.
胸前有甲,好像铁甲。它们翅膀的声音,好像许多车马奔跑上阵的声音。
10 Asiketiwo kple tiwo le wo si abe ahɔ̃wo tɔ ene, eye ŋusẽ le woƒe asiketiwo me be woawɔ funyafunya amewo hena ɣleti atɔ̃.
有尾巴像蝎子,尾巴上的毒钩能伤人五个月。
11 Woƒe fiae nye mawudɔla si le ʋe globo la dzi kpɔm, ame si ƒe ŋkɔe nye Abadon le Hebrigbe me kple Apolion le Grikgbe me (si gɔmee nye Nugblẽla). (Abyssos g12)
有无底坑的使者作它们的王,按着希伯来话,名叫亚巴顿,希腊话,名叫亚玻伦。 (Abyssos g12)
12 Vɔ̃ gbãtɔ nu va yi, eye vɔ̃ eve bubuwo le mɔ dzi gbɔna.
第一样灾祸过去了,还有两样灾祸要来。
13 Mawudɔla adelia ku eƒe kpẽ la. Tete mese gbe aɖe tso sikavɔsamlekpui si nɔ Mawu ŋkume la ƒe lãdzowo gbɔ.
第六位天使吹号,我就听见有声音从 神面前金坛的四角出来,
14 Gbe la gblɔ na mawudɔla adelia si lé kpẽ la ɖe asi la be, “Ɖe ga mawudɔla ene siwo wobla da ɖe Frat tɔsisi gã la to la.”
吩咐那吹号的第六位天使,说:“把那捆绑在幼发拉底大河的四个使者释放了。”
15 Ale woɖe ga mawudɔla ene siwo wodzra ɖo ɖi na gaƒoƒo vevi, ŋkeke vevi, dzinu vevi kple ƒe vevi sia be woayi aɖawu amegbetɔƒomea ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka.
那四个使者就被释放;他们原是预备好了,到某年某月某日某时,要杀人的三分之一。
16 Asrafo siwo do sɔ la ƒe xexlẽme anɔ miliɔn alafa eve. Nye ŋutɔ mekpɔ woƒe xexlẽme.
马军有二万万;他们的数目我听见了。
17 Sɔ kple sɔdola siwo mekpɔ le nye ŋutega me la ƒe dzedzeme nɔ ale: Woƒe akɔtakpoxɔnu biã hẽe abe dzo ene; ɖewo nye blɔ, eye ɖewo hã ɖi aŋuti ɖiɖi abe sulfakpe ene. Sɔawo ƒe tawo ɖi dzatawo ƒe ta, eye dzudzɔ kple sulfakpe do tso woƒe nuwo me.
我在异象中看见那些马和骑马的,骑马的胸前有甲如火,与紫玛瑙并硫磺。马的头好像狮子头,有火、有烟、有硫磺从马的口中出来。
18 Dzo, dzudzɔ kple sulfakpe si do go tso sɔawo ƒe nu me la wu amegbetɔƒomea ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka.
口中所出来的火与烟并硫磺,这三样灾杀了人的三分之一。
19 Sɔawo ƒe ŋusẽ le woƒe nuwo kple asiketiwo me, elabena woƒe asiketiwo le abe dawo ene, eye ta li na asiketiawo, esiwo wotsɔna dea abi amewo ŋui.
这马的能力是在口里和尾巴上;因这尾巴像蛇,并且有头用以害人。
20 Amegbetɔƒomea si susɔ, ame siwo dɔvɔ̃ siawo mewu o la gbe tɔtrɔ le woƒe asiwo ƒe nu tovowo wɔwɔ me. Wogbe be yewomaɖe asi le gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ, sika, klosalo, akɔbli, kpe kple ati legba siwo metea ŋu kpɔa nu, sea nu loo alo zɔna o la subɔsubɔ ŋuti o.
其余未曾被这些灾所杀的人仍旧不悔改自己手所做的,还是去拜鬼魔和那些不能看、不能听、不能走,金、银、铜、木、石的偶像,
21 Nenema ke wometrɔ le woƒe amewuwu, afakaka, ahasiwɔwɔ alo fififi yome o.
又不悔改他们那些凶杀、邪术、奸淫、偷窃的事。

< Nyaɖeɖefia 9 >