< Nyaɖeɖefia 8 >
1 Esi wòʋu nutrenu adrelia la, ɖoɖoe gã aɖe zi le dziƒo abe gaƒoƒo afã ene,
And when he had opened the seventh seal, there was silence in heaven, for about half an hour.
2 eye mekpɔ mawudɔla adre siwo nɔ tsitre ɖe Mawu ŋkume la, eye wotsɔ kpẽ adre na wo.
And I saw the seven angels, who stood before God; and to them were given, seven trumpets.
3 Mawudɔla bubu si lé sikadzoɖesonu ɖe asi la hã va tsi tsitre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ. Wotsɔ dzudzɔʋeʋĩdonu geɖe nɛ be wòatsɔ akpe ɖe ame kɔkɔeawo katã ƒe gbedodoɖawo ŋu, atsɔ aɖo sikavɔsamlekpui si le fiazikpui la ŋgɔ la dzi.
And another angel came and stood by the altar; and he held a golden censer: and much incense was given him, so that he might offer, with the prayers of all the saints, upon the golden altar before the throne.
4 Dzudzɔʋeʋĩdonu la ƒe dzudzɔ kpe ɖe ame kɔkɔeawo ƒe gbedodoɖa ŋu ɖo Mawu gbɔ tso mawudɔla la ƒe asi me.
And the smoke of the incense of the prayers of the saints went up before God from the hand of the angel.
5 Emegbe la, mawudɔla la tsɔ dzoɖesonu la ɖe asi, ɖe dzo tso vɔsamlekpui la dzi kɔ ɖe eme, eye wòtsɔe xlã ɖe anyigba. Tete sokpewo ge tso dziƒo, dzi ɖe gbe, dzi ke dzo, eye anyigba ʋuʋu.
And the angel took the censer, and filled it with fire from the altar, and cast it upon the earth: and there were thunders, and lightnings, and voices, and an earthquake.
6 Mawudɔla adre siwo wotsɔ kpẽ adreawo na la nɔ klalo na wo kuku.
And the seven angels, who had the seven trumpets, prepared themselves to sound.
7 Mawudɔla gbãtɔ ku eƒe kpẽ la. Tete tsikpe dza, eye wotsɔ dzo si wotɔtɔ kple ʋu la kɔ ɖe anyigba. Tete anyigba ƒe mama etɔ̃ ƒe akpa ɖeka fia. Atiwo hã ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka fia. Nenema ke gbe damawo katã hã fiae.
And the first sounded; and there was hail, and fire, which were mingled with water: and these were thrown upon the earth; and a third part of the earth was burned up, and a third part of the trees were burned, and all green grass was burned.
8 Mawudɔla evelia ku eƒe kpẽ la, eye wòtsɔ nane si lolo abe to ene, eye wòle bibim la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me. Atsiaƒu la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka trɔ zu ʋu.
And the second angel sounded, and, as it were a great mountain burning with fire, was cast into the sea; and also a third part of the sea became blood.
9 Nu gbagbe siwo katã le atsiaƒua me la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka ku, eye tɔdziʋu siwo katã nɔ atsiaƒua dzi la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka hã tsrɔ̃.
And a third part of all the creatures in the sea, that had life, died; and a third part of the ships were destroyed.
10 Mawudɔla etɔ̃lia ku eƒe kpẽ la, eye ɣletivi gã aɖe si le bibim abe akakati gã aɖe ene la ge tso dziƒo va dze tɔsisiwo kple vudowo ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka dzi.
And the third angel sounded, and there fell from heaven a star, burning like a lamp; and it fell upon a third part of the rivers, and upon the fountains of water.
11 Ɣletivi sia ŋkɔe nye “Veve.” Ale tsiwo katã ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka trɔ zu tsi veve. Ale ame geɖewo ku to tsi veve sia nono me.
And the name of the star was called Wormwood; and a third part of the waters became wormwood; and many persons died from the waters, because they were bitter.
12 Mawudɔla enelia ku eƒe kpẽ la. Tete wòtsɔ nu xe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka ŋkume, eye viviti do. Ale ŋkeke ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka mekpɔ kekeli o, eye nenema ke zã ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka hã mekpɔ kekeli o.
And the fourth angel sounded, and a third part of the sun was smitten, and the third part of the moon, and the third part of the stars; so that the third part of them were dark, and they became dark; and the day did not give light for the third part of it, and the night in like manner.
13 Esi mele nu siawo kpɔm la, mese hɔ̃ aɖe si nɔ dzodzom le dziƒo titina la gblɔ kple gbe gã aɖe be, “Babaa! Babaa! Babaa na anyigbadzinɔlawo le kpẽ siwo mawudɔla etɔ̃ mamlɛawo ava ku la ta!”
And I saw and heard an eagle, which flew in the midst, and it had a tail of blood, while it said, with a loud voice: Woe, woe, to them who dwell on the earth, because of the remaining sounds of the trumpets of the three angels, who are to sound.