< Nyaɖeɖefia 7 >

1 Le esia megbe la, mekpɔ mawudɔla ene wole tsitre ɖe anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, eye wona be ya eneawo magaƒo ato anyigba, atsiaƒu alo ati aɖeke dzi o.
Après cela, je vis quatre anges qui se tenaient aux quatre coins de la terre, retenant les quatre vents, afin qu'aucun vent ne soufflât ni sur la terre, ni sur la mer, ni sur aucun arbre.
2 Tete mekpɔ mawudɔla bubu tso ɣedzeƒe gbɔna, eye wòlé Mawu gbagbe la ƒe nutrenu ɖe asi. Eyɔ mawudɔla ene, ame siwo wona ŋusẽe be woawɔ nu vevi anyigba kple atsiaƒu la kple gbe sesẽ be,
Puis je vis un autre ange qui montait du côté de l'Orient, tenant le sceau du Dieu vivant, et il cria à grande voix aux quatre anges qui avaient reçu le pouvoir de nuire à la terre et à la mer,
3 “Mègawɔ nu vevi aɖeke anyigba, atsiaƒu loo alo atiwo o, va se ɖe esime míatsɔ nutrenu aɖo ŋgonu na míaƒe Mawu la ƒe dɔlawo.”
En disant: Ne nuisez point à la terre, ni à la mer, ni aux arbres, jusqu'à ce que nous ayons marqué d'un sceau le front des serviteurs de notre Dieu.
4 Emegbe la, mekpɔ ame siwo wotsɔ nutrenu ɖo ŋgonu na la ƒe xexlẽme. Wole ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene eye wo katã wotso Israel ƒe toawo me.
Et j'entendis le nombre de ceux qui avaient été marqués: cent quarante-quatre mille marqués d'entre toutes les tribus des enfants d'Israël;
5 Wode dzesi ame akpe wuieve tso Yuda ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve tso Ruben ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve tso Gad ƒe to la me,
De la tribu de Juda, douze mille marqués; de la tribu de Ruben, douze mille marqués; de la tribu de Gad, douze mille marqués;
6 wode dzesi ame akpe wuieve tso Aser ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve tso Naftali ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve tso Manase ƒe to la me,
De la tribu d'Ascer, douze mille marqués; de la tribu de Nephthali, douze mille marqués; de la tribu de Manassé, douze mille marqués;
7 wode dzesi ame akpe wuieve tso Simeon ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve tso Levi ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve tso Isaka ƒe to la me,
De la tribu de Siméon, douze mille marqués; de la tribu de Lévi, douze mille marqués; de la tribu d'Issacar, douze mille marqués;
8 wode dzesi ame akpe wuieve tso Zebulon ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve tso Yosef ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve tso Benyamin ƒe to la me.
De la tribu de Zabulon, douze mille marqués; de la tribu de Joseph, douze mille marqués; de la tribu de Benjamin, douze mille marqués.
9 Le esia megbe la, mekpɔ ameha gã aɖe si womate ŋu axlẽ o la le nye ŋkume. Wotso dukɔ sia dukɔ, to sia to, ƒome ɖe sia ɖe kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me. Wole tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ le Alẽvi la ŋkume. Wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye wolé deʋayawo ɖe asi.
Ensuite je regardai, et voici une grande multitude que personne ne pouvait compter, de toute nation, de toute tribu, de tout peuple, et de toute langue; ils se tenaient devant le trône et devant l'Agneau, vêtus de robes blanches, et des palmes à la main;
10 Wole ɣli dom kple gbe sesẽ be, “Xɔname nye míaƒe Mawu la tɔ, ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi, kple Alẽvi la tɔ.”
Et ils criaient à grande voix, disant: Le salut vient de notre Dieu, qui est assis sur le trône, et de l'Agneau.
11 Mawudɔlawo katã nɔ tsitre ƒo xlã fiazikpui la, amegãxoxoawo kple nu gbagbe eneawo. Wotsyɔ mo anyi ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye wosubɔ Mawu,
Et tous les anges se tenaient autour du trône, et des Anciens, et des quatre animaux; et ils se prosternèrent sur leur face devant le trône, et ils adorèrent Dieu,
12 le gbɔgblɔm be, “Amen! Kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple nunya kple akpedada kple bubu kple ŋusẽ kple ŋutete nanye míaƒe Mawu la tɔ tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen!” (aiōn g165)
En disant: Amen! La louange, la gloire, la sagesse, la grâce, l'honneur, la puissance et la force soient à notre Dieu, aux siècles des siècles! Amen. (aiōn g165)
13 Tete amegãxoxoawo dometɔ ɖeka biam be, “Ame kawoe nye ame siawo le awu ʋlaya ɣiwo me, eye afi ka wotso?”
Puis un des Anciens prit la parole, et me dit: Ceux qui sont vêtus de robes blanches, qui sont-ils, et d'où sont-ils venus
14 Meɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, wòe nyae.” Eye wògblɔ nam be, “Woawoe nye ame siwo do go tso xaxa gã la me. Wonya woƒe awu ʋlayawo, eye wowɔ wo ɣie to Alẽvi la ƒe ʋu me.
Et je lui dis: Seigneur, tu le sais. Et il me dit: Ce sont ceux qui sont venus de la grande tribulation, et qui ont lavé leurs robes, et ont blanchi leurs robes dans le sang de l'Agneau.
15 Eya ta, “wole Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ ɖo, eye wosubɔnɛ le eƒe gbedoxɔ me zã kple keli, eye ame si nɔ fiazikpui la dzi la akeke eƒe agbadɔ ɖe wo dzi.
C'est pourquoi ils sont devant le trône de Dieu, et ils le servent jour et nuit dans son temple; et celui qui est assis sur le trône, étendra sur eux son pavillon.
16 ‘Dɔ magawu wo akpɔ gbeɖe o. Tsikɔ hã magawu wo akpɔ gbeɖe o. Ɣe magaɖu wo o.’ Alo ŋdɔkutsu nagaɖu wo o,
Ils n'auront plus faim, et ils n'auront plus soif; et le soleil ne frappera plus sur eux, ni aucune chaleur;
17 elabena Alẽvi si le fiazikpui la titina la anye woƒe kplɔla. ‘Akplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔe,’ ‘eye Mawu ŋutɔ atutu aɖatsi ɖe sia ɖe le woƒe ŋkume.’”
Car l'Agneau qui est au milieu du trône, les paîtra et les conduira aux sources des eaux vives, et Dieu essuiera toute larme de leurs yeux.

< Nyaɖeɖefia 7 >