< Nyaɖeɖefia 6 >

1 Mekpɔ Alẽvi la wòʋu nutrenu adreawo ƒe gbãtɔ. Emegbe la, mese nu gbagbe eneawo dometɔ ɖeka gblɔ kple gbe si le abe dziɖegbe ene la be, “Va!”
I looked when the Lamb opened one of the seven seals, and I heard one of the four living creatures say in a voice that sounded like thunder, “Come!”
2 Mekpɔ sɔ ɣi aɖe le ŋgɔnye! Sɔdola la lé dati ɖe asi, eye wotsɔ fiakuku nɛ, eye wòdo sɔ la do go dzo abe kalẽtɔ si ɖoe kplikpaa be yeaɖu dzi la ene.
I looked and there was a white horse. Its rider held a bow, and he was given a crown. He came out as a conqueror in order to conquer.
3 Alẽvi la ɖe nutrenu evelia ɖa, eye wòʋu agbalẽ evelia hã. Mese nu gbagbe evelia wògblɔ be, “Va!”
When the Lamb opened the second seal, I heard the second living creature say, “Come!”
4 Tete sɔ bubu do go va; ebiã, eye adã le mo nɛ. Wona ŋusẽ edola be wòaɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi, eye wòana amewo nawu wo nɔewo. Ale wotsɔ yi gã aɖe de asi nɛ.
Then another horse came out—fiery red. To its rider was given permission to take peace away from the earth, so that its people would slaughter one another. This rider was given a huge sword.
5 Esi Alẽvi la ɖe nutrenu etɔ̃lia ɖa la, mese nu gbagbe etɔ̃lia wògblɔ be, “Va!” Eye mekpɔ sɔ yibɔ aɖe. Edola lé nudanu ɖe asi.
When the Lamb opened the third seal, I heard the third living creature say, “Come!” I saw a black horse, and its rider held a pair of scales in his hand.
6 Mese nane si ɖi ame ƒe gbe le nu gbagbe eneawo dome la le gbɔgblɔm be, “Bli agba ɖeka axɔ apaɖila ƒe ŋkeke ɖeka ƒe fetu, eye lu agba etɔ̃ anye apaɖila ƒe ŋkeke ɖeka ƒe fetu. Mikpɔ egbɔ be miegblẽ ami kple wain dome o!”
I heard what seemed to be a voice among the four living creatures say, “A choenix of wheat for one denarius, and three choenices of barley for a denarius. But do not harm the oil and the wine.”
7 Esi Alẽvi la ɖe nutrenu enelia ɖa la, mese nu gbagbe enelia wògblɔ be, “Va!”
When the Lamb opened the fourth seal, I heard the voice of the fourth living creature say, “Come!”
8 Mekpɔ sɔ si ɖi ku ŋutɔ la le ŋkunyeme! Edola ŋkɔe nye Ku, eye Tsiẽƒe le eyome kplikplikpli. Wona ŋusẽ wo ɖe anyigba ƒe mama enelia ƒe ɖeka dzi, be woawu amewo kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ kpakple lã wɔadã siwo le anyigba dzi la. (Hadēs g86)
Then I saw a pale horse. The rider on it was named Death, and Hades was following him. They were given authority over one-fourth of the earth, to kill with the sword, with famine and disease, and with the wild animals of the earth. (Hadēs g86)
9 Esi Alẽvi la ɖe nutrenu atɔ̃lia ɖa la, mekpɔ vɔsamlekpui aɖe. Le vɔsamlekpui la te la, mekpɔ ame siwo katã wowu ɖe Mawu ƒe Nya la gbɔgblɔ kple ɖaseɖiɖi anukwaretɔe ta la ƒe luʋɔwo.
When the Lamb opened the fifth seal, I saw under the altar the souls of those who had been killed because of the word of God and the testimony which they held.
10 Wodo ɣli kple gbe sesẽ be, “Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ, kɔkɔetɔ kple dzɔdzɔetɔ, va se ɖe ɣe ka ɣi nàdrɔ̃ ʋɔnu anyigbadzitɔwo, eye nàbia hlɔ̃ ɖe míaƒe ʋu ta?”
They cried out with a loud voice, “How long, Ruler over all, holy and true, until you judge those who live on the earth, and until you avenge our blood?”
11 Tete wotsɔ awu ʋlaya ɣi na wo dometɔ ɖe sia ɖe, eye wogblɔ na wo bena woalala vie va se ɖe esime woƒe hadɔlawo kple wo nɔvi siwo wole wuwu ge abe woawo ke ene la hã ƒe xexlẽme nu nade.
Then each of them was given a white robe, and they were told that they should wait a little longer until the full number of their fellow servants and their brothers and sisters was reached who were to be killed, just as they had been killed.
12 Mekpɔ Alẽvi la wòɖe nutrenu adelia ɖa. Enumake anyigba ʋuʋu sesĩe. Ɣe ƒe keklẽ trɔ zu yibɔɔ abe avɔ si wolɔ̃ kple gbɔ̃fu yibɔ la ene. Nenema ke ɣleti hã biã dzẽe abe ʋu ene,
When the Lamb opened the sixth seal, I watched and there was a great earthquake. The sun became as black as sackcloth, and the full moon became like blood.
13 eye ɣletivi siwo le dziƒo la ge va dze anyigba abe ale si gbotsetse siwo tsi megbe la dudunae ne ya sesẽ aɖe ʋuʋu ati la ene.
The stars in the heavens fell to the earth, just as a fig tree drops its unripe fruit when shaken by a stormy wind.
14 Dziŋgɔli gbugbɔ yi megbe abe lãgbalẽ si woŋlɔ ene, eye to ɖe sia ɖe kple ƒukpo ɖe sia ɖe te ɖa le wo nɔƒe.
The sky vanished like a scroll that was being rolled up. Every mountain and island was moved out of its place.
15 Tete anyigbadzifiawo, bubumewo, aʋafiawo, hotsuitɔwo, kalẽtɔwo kple kluvi ɖe sia ɖe kple ablɔɖevi ɖe sia ɖe yi ɖaɣla wo ɖokuiwo ɖe agadowo me kple agakpewo dome.
Then the kings of the earth and the important people, and the generals, and the rich, and the powerful, and everyone else, slave and free, hid in caves and among the rocks of the mountains.
16 Wogblɔ na towo kple agakpewo be, “Mimu dze mía dzi ne miaɣla mí ɖa tso ame si nɔ fiazikpui la dzi la ƒe ŋkume kple Alẽvi la ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la gbɔ,
They said to the mountains and to the rocks, “Fall on us! Hide us from the face of the one who is seated on the throne and from the Lamb's wrath.
17 elabena woƒe dɔmedzoeŋkeke gã la ɖo vɔ. Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe enu?”
For the great day of their wrath has come. Who is able to stand?”

< Nyaɖeɖefia 6 >