< Nyaɖeɖefia 5 >

1 Tete mekpɔ agbalẽ aɖe le ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la ƒe nuɖusime. Woŋlɔ nu ɖe agbalẽ la me kple egodo siaa, eye wotree kple nutrenu adre.
וארא בימין הישב על הכסא ספר כתוב פנים ואחור וחתום בשבעה חתמות׃
2 Eye mekpɔ mawudɔla dzɔatsu aɖe le gbeƒã ɖem kple gbe sesẽ aɖe le gbɔgblɔm be, “Ame kae dze aɖe nutrenuawo ɖa alo aʋu agbalẽ la?”
וארא מלאך אביר קורא בקול גדול מי הוא הזכה לפתח הספר ולהתיר את חותמיו׃
3 Gake ame aɖeke mele dziƒo, anyigba dzi loo alo anyigba te si ate ŋu aʋu agbalẽ la alo akpɔ eme o.
ולא יכל איש גם בשמים גם בארץ גם מתחת לארץ לפתח את הספר או להביט אליו׃
4 Mefa avi vevie, elabena ame aɖeke meli si ŋu wokpɔ ŋudzedze le si dze be wòaʋu agbalẽ la alo akpɔ eme o.
ואבך בכי גדול על אשר לא נמצא איש זכה לפתח את הספר ולקרא בו או להביט אליו׃
5 Tete amegãxoxoawo dometɔ ɖeka gblɔ nam be, “Kpɔ ɖa, mègafa avi o, elabena Yuda ƒe to la ƒe Dzata si tso David ƒe ke me la ɖu dzi. Eyae ate ŋu aʋu agbalẽ la, eye wòaɖe nutrenu adreawo ɖa.”
ויאמר אלי אחד מן הזקנים אל תבכה הנה נצח האריה אשר הוא משבט יהודה שרש דוד לפתח את הספר ולהתיר שבעת חותמיו׃
6 Eye mekpɔ Alẽvi aɖe, wòdze abe ɖe wowui ene, eye wònɔ tsitre ɖe fiazikpui la titina. Nu gbagbe eneawo kple amegãxoxoawo ƒo xlãe. Dzo adre kple ŋku adre nɔ esi, esiwo nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo, esiwo wodɔ ɖo ɖe anyigba blibo la dzi.
וארא והנה בין הכסא וארבע החיות ובין הזקנים שה עמד כמו טבוח ולו שבע קרנים ושבעה עינים אשר הם שבעה רוחות האלהים השלוחים אל כל הארץ׃
7 Eyae va xɔ agbalẽ la le ame si nɔ fiazikpui la dzi la ƒe nuɖusime.
ויבא ויקח את הספר מימין הישב על הכסא׃
8 Esi wòxɔ agbalẽa la, nu gbagbe eneawo kple amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo dze klo tsyɔ mo anyi ɖe Alẽvi la ŋgɔ. Kasaŋku nɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe si, eye sikagba si yɔ fũu kple dzudzɔʋeʋĩdonu siwo nye ame kɔkɔeawo ƒe gbedodoɖa la hã nɔ woƒe asi me.
ויהי בקחתו את הספר ויפלו לפני השה ארבע החיות ועשרים וארבעה הזקנים ואיש איש כנור בידו וקערות זהב מלאת קטרת אשר הנה תפלות הקדושים׃
9 Wodzi ha yeye be, “Wòe dze be nàʋu agbalẽ la, eye nàɖe nutrenu adreawo ɖa, elabena wowu wò kpɔ, eye nètsɔ wò ʋu ƒle amewoe na Mawu. Tso to sia to, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ, Nuto ɖe sia ɖe kple dukɔ ɖe sia ɖe me,
וישירו שיר חדש לאמר לך נאה לקחת את הספר ולפתח את חותמיו כי אתה נשחטת ובדמך קניתנו לאלהים מכל משפחה ולשון וכל עם וגוי׃
10 Èwɔ wo be woanye fiaɖuƒewo kple nunɔlawo ne woasubɔ míaƒe Mawu la, eye woaɖu fia le anyigba dzi.”
ותעש אתם מלכים וכהנים לאלהינו וימלכו על הארץ׃
11 Tete mekpɔ, eye mese mawudɔla gbogbo aɖewo ƒe gbe siwo ƒe xexlẽme anye akpeakpewo kple akpe ewo teƒe akpe ewo. Woɖe to ƒo xlã fiazikpui la, nu gbagbe eneawo kple amegãxoxoawo.
וארא ואשמע קול מלאכים רבים סביב לכסא ולחיות ולזקנים מספרם רבו רבבות ואלפי אלפים׃
12 Wole ha dzim kple gbe sesẽ be, “Alẽvi si wowu la, eyae dze, be wòaxɔ ŋusẽ, kesinɔnu, nunya kple ŋutete, kple bubu, ŋutikɔkɔe kple kafukafu.”
קראים בקול גדול נאה לשה הטבוח לקחת עז ועשר וחכמה וגבורה והדר וכבוד וברכה׃
13 Esia megbe la, mese nu gbagbe siwo katã le dziƒo, anyigba dzi, anyigba te, atsiaƒu me kpe ɖe nu siwo katã nɔ wo me la ŋuti nɔ ha dzim be, “Alẽvi si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la tɔe nye kafukafu, bubu, ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ, (aiōn g165)
וכל בריה אשר בשמים ובארץ ומתחת לארץ ואשר על הים וכל אשר בהם את כלם שמעתי אמרים לאמר לישב על הכסא ולשה הברכה וההדר והכבוד והעז לעולמי עולמים׃ (aiōn g165)
14 Nu gbagbe eneawo gblɔ be, “Amen.” Tete amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo tsyɔ mo anyi, eye wosubɔe.
ותאמרנה ארבע החיות אמן ועשרים וארבעה הזקנים נפלו על פניהם וישתחוו לחי עולמי העולמים׃

< Nyaɖeɖefia 5 >