< Nyaɖeɖefia 4 >

1 Le esia megbe la, mekpɔ ʋɔtru aɖe le ʋuʋu le dziƒo le nye ŋkume, eye gbe si mese gbã wònɔ nu ƒom nam abe kpẽ ƒe ɖiɖi ene la gblɔ be, “Va dziƒo afii, eye mafia nu si ava adzɔ le etsɔ me la wò.”
לאחר מכן ראיתי בשמים דלת פתוחה לרווחה, והקול אשר שמעתי קודם, כקול תרועת שופר, אמר אלי:”עלה הנה ואראה לך את אשר יהיה בעתיד!“
2 Tete menɔ Gbɔgbɔ la me, eye fiazikpui aɖe si le dziƒo la nɔ nye ŋkume, eye ame aɖe nɔ edzi.
מיד שרתה עלי רוח אלוהים (ויכולתי לראות את הנעשה בשמים). ראיתי כסא מלכות ואת היושב עליו;
3 Ame si nɔ fiazikpuia dzi la ƒe dzedzeme le abe kpe xɔasiwo, yaspa kple kanelia ene. Anyieʋɔ si le abe kpe xɔasi emerald ene la ƒo xlã fiazikpui la.
דמותו הקרינה זוהר נפלא ובלתי־רגיל, מעין שילוב של ברק יהלומים עם נוגה אבן אודם, וסביב כיסאו הייתה קשת שנראתה כאבן ברקת.
4 Fiazikpui sue blaeve-vɔ-ene ƒo xlã fiazikpui gãtɔ la, eye amegãxoxo blaeve-vɔ-ene nɔ wo dzi. Wo katã wodo awu ɣiwo, eye woɖɔ sikafiakukuwo.
סביב כסא המלכות עמדו עשרים־וארבעה כיסאות כבוד, ועליהם ישבו עשרים־וארבעה זקנים לבושים לבן ולראשם כתרי זהב.
5 Dzikedzo, dziɖegbe kple sokpewo le dodom tso fiazikpui la me. Akaɖi adre nɔ bibim le fiazikpui la ŋgɔ. Esiawoe nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo.
מכיסא המלכות יצאו ברקים, רעמים וקולות. לפני הכיסא בערו שבעה לפידי אש שהם שבע רוחות האלוהים.
6 Nane si le abe atsiaƒu ene, esi me kɔ abe kristalokpe ene la hã nɔ fiazikpui la ŋgɔ le afi ma. Nu gbagbe ene nɔ titina ƒo xlã fiazikpui la, eye woƒe ŋkuwo ƒo xlã wo, le ŋgɔ kple megbe siaa.
לפני הכסא היה מעין ים־זכוכית שקוף כבדולח. סביב כסא המלכות ניצבו ארבע חיות בעלות עיניים רבות מלפנים ומאחור.
7 Nu gbagbe siawo dometɔ gbãtɔ ɖi dzata. Evelia ɖi nyitsu. Etɔ̃lia ƒe mo ɖi amegbetɔ tɔ, eye enelia le abe hɔ̃ si keke eƒe aʋalawo abe dzodzom wòle ene.
החיה הראשונה נראתה כמו אריה, החיה השנייה נראתה כמו שור, פני החיה השלישית דמו לפני אדם, והחיה הרביעית נראתה כנשר מעופף.
8 Aʋala ade nɔ nu gbagbe eneawo dometɔ ɖe sia ɖe si, woto ŋku ɖe aʋalawo ŋu kpe ɖo, eye woto ŋku ɖe woƒe aʋalawo te gɔ̃ hã. Wonɔ ha dzim madzudzɔmadzudzɔe zã kple keli be,
לכל אחת מארבע החיות היו שש כנפיים ועיניים רבות מסביב ומפנים. יומם ולילה הן שרות ללא הפסק:”קדוש, קדוש, קדוש, ה׳ אלוהי צבאות, אשר היה, הווה ועתיד לבוא.“
9 Ne nu gbagbeawo le ŋutikɔkɔe, bubu kple akpedada tsɔm na ame si nɔ fiazikpui la dzi, eye wòle agbe tegbetegbe la, (aiōn g165)
בכל פעם שנתנו החיות כבוד, הדר ותודה ליושב על כיסא המלכות אשר חי לנצח, (aiōn g165)
10 ekema amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo yia klo dzi hetsyɔa mo anyi ɖe eya ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la ŋgɔ, eye wosubɔa eya ame si le agbe tegbetegbe la. Woɖea woƒe fiakukuwo dana ɖe fiazikpui la ŋgɔ henɔa ha dzim be, (aiōn g165)
נפלו עשרים־וארבעה הזקנים על פניהם לפני היושב על הכיסא, השתחוו לפניו, הניחו את כתריהם לפני הכסא ושרו: (aiōn g165)
11 “Míaƒe Aƒetɔ kple Mawu, wòe dze be nàxɔ ŋutikɔkɔe, bubu kple ŋusẽ, elabena wòe wɔ nuwo katã; wò lɔlɔ̃nue nètsɔ wɔ woe, eye wò lɔlɔ̃nue na be wole agbe.”
”אדוננו ואלוהינו ראוי אתה לכבוד, להדר ועוז, כי אתה בראת הכול; הכול היה ונברא לפי רצונך.“

< Nyaɖeɖefia 4 >