< Nyaɖeɖefia 4 >
1 Le esia megbe la, mekpɔ ʋɔtru aɖe le ʋuʋu le dziƒo le nye ŋkume, eye gbe si mese gbã wònɔ nu ƒom nam abe kpẽ ƒe ɖiɖi ene la gblɔ be, “Va dziƒo afii, eye mafia nu si ava adzɔ le etsɔ me la wò.”
After this I looked and saw a door standing open in heaven. And the voice I had previously heard speak to me like a trumpet was saying, “Come up here, and I will show you what must happen after these things.”
2 Tete menɔ Gbɔgbɔ la me, eye fiazikpui aɖe si le dziƒo la nɔ nye ŋkume, eye ame aɖe nɔ edzi.
At once I was in the Spirit, and I saw a throne standing in heaven, with someone seated on it.
3 Ame si nɔ fiazikpuia dzi la ƒe dzedzeme le abe kpe xɔasiwo, yaspa kple kanelia ene. Anyieʋɔ si le abe kpe xɔasi emerald ene la ƒo xlã fiazikpui la.
The One seated there looked like jasper and carnelian, and a rainbow that gleamed like an emerald encircled the throne.
4 Fiazikpui sue blaeve-vɔ-ene ƒo xlã fiazikpui gãtɔ la, eye amegãxoxo blaeve-vɔ-ene nɔ wo dzi. Wo katã wodo awu ɣiwo, eye woɖɔ sikafiakukuwo.
Surrounding the throne were twenty-four other thrones, and on these thrones sat twenty-four elders dressed in white, with golden crowns on their heads.
5 Dzikedzo, dziɖegbe kple sokpewo le dodom tso fiazikpui la me. Akaɖi adre nɔ bibim le fiazikpui la ŋgɔ. Esiawoe nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo.
From the throne came flashes of lightning, and rumblings, and peals of thunder. Before the throne burned seven torches of fire. These are the seven Spirits of God.
6 Nane si le abe atsiaƒu ene, esi me kɔ abe kristalokpe ene la hã nɔ fiazikpui la ŋgɔ le afi ma. Nu gbagbe ene nɔ titina ƒo xlã fiazikpui la, eye woƒe ŋkuwo ƒo xlã wo, le ŋgɔ kple megbe siaa.
And before the throne was something like a sea of glass, as clear as crystal. In the center, around the throne, were four living creatures, covered with eyes in front and back.
7 Nu gbagbe siawo dometɔ gbãtɔ ɖi dzata. Evelia ɖi nyitsu. Etɔ̃lia ƒe mo ɖi amegbetɔ tɔ, eye enelia le abe hɔ̃ si keke eƒe aʋalawo abe dzodzom wòle ene.
The first living creature was like a lion, the second like a calf, the third had a face like a man, and the fourth was like an eagle in flight.
8 Aʋala ade nɔ nu gbagbe eneawo dometɔ ɖe sia ɖe si, woto ŋku ɖe aʋalawo ŋu kpe ɖo, eye woto ŋku ɖe woƒe aʋalawo te gɔ̃ hã. Wonɔ ha dzim madzudzɔmadzudzɔe zã kple keli be,
And each of the four living creatures had six wings and was covered with eyes all around and within. Day and night they never stop saying: “Holy, Holy, Holy, is the Lord God Almighty, who was and is and is to come!”
9 Ne nu gbagbeawo le ŋutikɔkɔe, bubu kple akpedada tsɔm na ame si nɔ fiazikpui la dzi, eye wòle agbe tegbetegbe la, (aiōn )
And whenever the living creatures give glory, honor, and thanks to the One seated on the throne who lives forever and ever, (aiōn )
10 ekema amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo yia klo dzi hetsyɔa mo anyi ɖe eya ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la ŋgɔ, eye wosubɔa eya ame si le agbe tegbetegbe la. Woɖea woƒe fiakukuwo dana ɖe fiazikpui la ŋgɔ henɔa ha dzim be, (aiōn )
the twenty-four elders fall down before the One seated on the throne, and they worship Him who lives forever and ever. They cast their crowns before the throne, saying: (aiōn )
11 “Míaƒe Aƒetɔ kple Mawu, wòe dze be nàxɔ ŋutikɔkɔe, bubu kple ŋusẽ, elabena wòe wɔ nuwo katã; wò lɔlɔ̃nue nètsɔ wɔ woe, eye wò lɔlɔ̃nue na be wole agbe.”
“Worthy are You, our Lord and God, to receive glory and honor and power, for You created all things; by Your will they exist and came to be.”