< Nyaɖeɖefia 22 +

1 Tete mawudɔla la fia agbetsitɔsisi lam, eye eme kɔ keŋkeŋkeŋ abe kristalokpe ene; ele sisim tso Mawu ƒe fiazikpui la kple Alẽvi la gbɔ
Then the angel showed me a pure river of the water of life, as bright as crystal, flowing from the throne of God and of the Lamb.
2 heva to dumɔ gã la titina. Agbeti la le tɔsisi la ƒe goawo kple eve dzi; etsea ku wuieve ɣleti ɖe sia ɖe, eye eƒe aŋgbawo nye dɔyɔgbe na dukɔwo.
In the middle of the city street, and on each side of the river, is the tree of life, bearing twelve kinds of fruit, yielding its fruit each month. And the leaves of the tree are for the healing of the nations.
3 Fiƒode aɖeke maganɔ anyi azɔ o. Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui anɔ du la me, eye eƒe dɔlawo asubɔe.
No longer will there be anything accursed, but the throne of God and of the Lamb will be in the city, and his servants will serve him.
4 Woakpɔ eƒe ŋkume, eye eƒe ŋkɔ anɔ woƒe ŋgowo nu.
They will see his face, and his name will be on their foreheads.
5 Zã maganɔ anyi o. Womahiã akaɖi ƒe keklẽ alo ɣe ƒe keklẽ o, elabena Aƒetɔ Mawu ana akaɖi wo, eye woaɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me. (aiōn g165)
There will be no night there, and they will not need any lamp or the light of the sun, for the Lord God will give them light, and they will reign forever and ever. (aiōn g165)
6 Mawudɔla la gblɔ nam be, “Nya siawo nye nya siwo ŋu woaɖo dzi ɖo la, eye wonye nyateƒe. Aƒetɔ la, nyagblɔɖilawo ƒe gbɔgbɔ ƒe Mawu la dɔ eƒe dɔla be wòafia nu siwo ava dzɔ kpuie la eƒe dɔlawo.”
Then the angel said to me, “These words are trustworthy and true. The Lord, the God of the spirits of the prophets, has sent his angel to show his servants what must soon take place.
7 “Kpɔ ɖa, megbɔna kpuie! Woayra ame si lé nyagblɔɖi siwo le agbalẽ sia me la me ɖe asi.”
“Behold, I am coming quickly. Blessed is he who keeps the words of the prophecy of this book.”
8 Nye, Yohanes, nyee nye ame si se nu siawo katã, eye mekpɔ wo. Eye esi mese, hekpɔ nu siawo la, medze klo ɖe mawudɔla si ɖe nu siawo katã fiam la ƒe afɔ nu be masubɔe.
I, John, am the one who heard and saw these things. And when I heard and saw them, I fell down to worship at the feet of the angel who showed them to me.
9 Ke egblɔ nam be, “Mègawɔe o! Nye hã dɔla ko menye abe wò ke ene, kpe ɖe nɔviwò nyagblɔɖilawo kple ame siwo katã lé agbalẽ sia me nyawo me ɖe asi la ŋu; subɔ Mawu ko!”
But he said to me, “Do not do that! I am a fellow servant of yoʋrs, and of yoʋr brothers the prophets, and of those who keep the words of this book. Worship God.”
10 Tete wògblɔ nam be, “Mègatre nyagblɔɖi siwo le agbalẽ sia me la nu o, elabena ɣeyiɣi la tu aƒe.
Then he said to me, “Do not seal up the words of the prophecy of this book, for the time is near.
11 Vɔ̃wɔla nenɔ vɔ̃wɔwɔ dzi, ame vɔ̃ɖi nenɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ dzi, nyuiwɔla hã nenɔ nyuiwɔwɔ dzi, eye ame si le kɔkɔe la, nenɔ kɔkɔenyenye dzi.”
Let the evildoer still do evil, and the filthy still be filthy, and the righteous still do right, and the holy still be holy.”
12 “Kpɔ ɖa, megbɔna kpuie! Nye fetu kpe ɖe ŋutinye, eye maxe fe na ame sia ame le nu si wòwɔ la nu.
“Behold, I am coming quickly, and my reward is with me, to repay each person according to their works.
13 Nyee nye Alfa kple Omega, Gbãtɔ kple Mamlɛtɔ, Gɔmedzedze kple Nuwuwu.
I am the Alpha and the Omega, the first and the last, the beginning and the end.”
14 “Woayra ame siwo nya woƒe awu ʋlayawo be woakpɔ mɔ ayi ɖe agbeti la gbɔ, eye be woato agboawo nu age ɖe du la me.
Blessed are those who keep his commandments, so that they may have the right to the tree of life and may enter the city by its gates.
15 Ke avuwo, akunyawɔlawo, ahasiwɔlawo, hlɔ̃dolawo, trɔ̃subɔlawo kple ame siwo lɔ̃a aʋatso, eye wokanɛ hã la atsi agbo la godo.
Outside are the dogs, the sorcerers, the fornicators, the murderers, the idolaters, and everyone who loves and practices falsehood.
16 “Nye, Yesue dɔ nye mawudɔla be wòatsɔ ɖaseɖiɖi siawo na wò hena hameawo. Nyee nye Ke tso David me kple eƒe dzidzimevi. Nyee nye Ŋukeɣletivi Keklẽ la.”
“I, Jesus, have sent my angel to testify to you about these things for the churches. I am the root and offspring of David, the bright morning star.”
17 Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la gblɔ be, “Va!” Eye ame si le esem la hã negblɔ be, “Va!” Ne tsikɔ le ame aɖe wum la, neva; eye ame sia ame si lɔ̃ ko la, nexɔ agbetsi la no faa.
The Spirit and the bride say, “Come.” Let anyone who hears say, “Come.” Let anyone who is thirsty come. And let anyone who wishes to do so take the water of life freely.
18 Mele nu xlɔ̃m ame sia ame si le agbalẽ sia me nyagblɔɖiwo sem la be: Ne ame aɖe atsɔ nane akpe wo la, Mawu ana dɔvɔ̃ siwo katã ƒe nya woŋlɔ ɖe agbalẽ la me la nava edzi,
I testify to everyone who hears the words of the prophecy of this book: If anyone adds to them, may God add to him the plagues that are written in this book.
19 eye ne ame aɖe aɖe nya aɖewo le nyagblɔɖigbalẽ sia me la, Mawu mana wòakpɔ gome le agbeti la kple du kɔkɔe si ŋuti woƒo nu le le agbalẽ sia me la me o.
If anyone takes away from the words of the book of this prophecy, may God take away his share in the tree of life and in the holy city, which are written about in this book.
20 Ame si le ɖase ɖim le nu siawo ŋuti la gblɔ be, “Ɛ̃, megbɔna kpuie.” Amen. Va, Aƒetɔ Yesu.
He who testifies to these things says, “Surely I am coming quickly.” Amen. So shall it be. Come, Lord Jesus!
21 Aƒetɔ Yesu ƒe amenuveve nenɔ anyi kple Mawu ƒe amewo. Amen.
The grace of the Lord Jesus Christ be with all the saints. Amen.

< Nyaɖeɖefia 22 +