< Nyaɖeɖefia 21 >

1 Eye mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye, elabena dziƒo gbãtɔ kple anyigba gbãtɔ nu va yi, eye atsiaƒu aɖeke hã megali o.
ⲁ̅ⲁⲩⲱ ⲁⲓⲛⲁⲩ ⲉⲩⲡⲉ ⲛⲃⲣⲣⲉ ⲙⲛ ⲟⲩⲕⲁϩ ⲛⲃⲣⲣⲉ ⲧϣⲟⲣⲡ ⲅⲁⲣ ⲙⲡⲉ ⲙⲛ ⲡϣⲟⲣⲡ ⲛⲕⲁϩ ⲁⲩⲟⲩⲉⲓⲛⲉ ⲁⲩⲱ ⲑⲁⲗⲁⲥⲥⲁ ⲛⲉⲥϣⲟⲟⲡ ⲁⲛ ϭⲉ
2 Mekpɔ Du Kɔkɔe la si nye Yerusalem yeye la le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye woɖo atsyɔ̃ nɛ abe ŋugbetɔ si wowɔ leke na hena srɔ̃a ene.
ⲃ̅ⲁⲩⲱ ⲁⲓⲛⲁⲩ ⲉⲧⲡⲟⲗⲓⲥ ⲉⲧⲟⲩⲁⲁⲃ ⲑⲓⲉⲣⲟⲩⲥⲁⲗⲏⲙ ⲛⲃⲣⲣⲉ ⲉⲥⲛⲏⲩ ⲉⲡⲉⲥⲏⲧ ⲉⲃⲟⲗ ϩⲛ ⲧⲡⲉ ⲉⲃⲟⲗ ϩⲓⲧⲙ ⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ⲉⲥⲥⲃⲧⲱⲧ ⲛⲑⲉ ⲛⲟⲩϣⲉⲗⲉⲉⲧ ⲉⲥⲧⲁⲙⲓⲏⲩ ⲙⲡⲉⲥϩⲁⲓ
3 Tete mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm be, “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe nɔƒe le amegbetɔwo dome azɔ, eye wòanɔ wo gbɔ. Woanye eƒe dukɔ, Mawu ŋutɔ anɔ wo gbɔ, eye wòanye woƒe Mawu.
ⲅ̅ⲁⲓⲥⲱⲧⲙ ⲉⲩⲛⲟϭ ⲛⲥⲙⲏ ⲉⲃⲟⲗ ϩⲛ ⲧⲡⲉ ⲉⲥϫⲱ ⲙⲙⲟⲥ ϫⲉ ⲉⲓⲥ ⲧⲉⲥⲕⲏⲛⲏ ⲙⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ⲙⲛ ⲛⲣⲱⲙⲉ ⲁⲩⲱ ϥⲛⲁⲟⲩⲱϩ ⲛⲙⲙⲁⲩ ⲛⲥⲉϣⲱⲡⲉ ⲛⲁϥ ⲛⲗⲁⲟⲥ ⲁⲩⲱ ⲛⲧⲟϥ ⲡϫⲟⲉⲓⲥ ⲛⲉϥϣⲱⲡⲉ ⲛⲁⲩ ⲛⲛⲟⲩⲧⲉ
4 Atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkuwo dzi; ku alo konyifafa alo avifafa alo vevesese maganɔ anyi o, elabena nuɖoanyi xoxoawo nu va yi.”
ⲇ̅ⲛⲉϥϥⲱⲧⲉ ⲛⲣⲙⲉⲓⲏ ⲛⲓⲙ ⲉⲃⲟⲗ ϩⲛ ⲛⲉⲩⲃⲁⲗ ⲁⲩⲱ ⲙⲛ ⲙⲟⲩ ϭⲉ ⲛⲁϣⲱⲡⲉ ⲟⲩⲇⲉ ϩⲏⲃⲉ ⲟⲩⲇⲉ ⲙⲛ ⲁϣⲕⲁⲕ ⲟⲩⲇⲉ ⲙⲛ ϩⲓⲥⲉ ⲛⲁϣⲱⲡⲉ ϫⲓⲛ ⲛⲧⲉⲛⲟⲩ ϫⲉ ⲁⲛϣⲟⲣⲡ ⲟⲩⲉⲓⲛⲉ
5 Ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la gblɔ be, “Mele nuwo katã wɔm yeyee!” Tete wògblɔ be, “Ŋlɔ nu sia da ɖi, elabena nya siawo nye nya siwo dzi woaka ɖo, eye wonye nyateƒenyawo hã.”
ⲉ̅ⲁⲩⲱ ⲡⲉϫⲁϥ ⲛϭⲓ ⲡⲉⲧϩⲙⲟⲟⲥ ϩⲓ ⲡⲉⲑⲣⲟⲛⲟⲥ ϫⲉ ⲉⲓⲥ ϩⲏⲏⲧⲉ ϯⲛⲁⲧⲁⲙⲓⲉ ⲛⲕⲁ ⲛⲓⲙ ⲛⲃⲣⲣⲉ ⲁⲩⲱ ⲡⲉϫⲁϥ ⲛⲁⲓ ϫⲉ ⲥϩⲁⲓ ϫⲉ ⲛⲉⲓϣⲁϫⲉ ⲛⲧⲁⲓϫⲟⲟⲩ ⲥⲉⲛϩⲟⲧ ⲁⲩⲱ ϩⲉⲛⲙⲉ ⲛⲉ
6 Eyi edzi gblɔ nam be, “Wowɔe vɔ. Nyee nye Alfa kple Omega, Gɔmedzedze kple Nuwuwu. Ame si tsikɔ le wuwum la, mana tsii wòano tso agbetsivudo la me femaxee.
ⲋ̅ⲡⲉϫⲁϥ ⲛⲁⲓ ϫⲉ ⲁⲓϣⲱⲡⲉ ⲛⲁⲗⲫⲁ ⲁⲩⲱ ⲛⲱ ⲡⲉϩⲟⲩⲉⲓⲧⲉ ⲁⲩⲱ ⲡϫⲱⲕ ⲁⲛⲟⲕ ϯⲛⲁϯ ⲙⲡⲉⲧⲟⲃⲉ ⲉⲃⲟⲗ ϩⲛ ⲧⲡⲏⲅⲏ ⲙⲡⲙⲟⲟⲩ ⲙⲡⲱⲛϩ ⲛϫⲓⲛϫⲏ
7 Ame si ɖu dzi la, anyi nu siawo katã ƒe dome, eye manye eƒe Mawu, eye eya hã anye vinye,
ⲍ̅ⲡⲉⲧⲛⲁϫⲣⲟϥ ⲛⲁⲕⲗⲏⲣⲟⲛⲟⲙⲓ ⲛⲛⲁⲓ ⲁⲩⲱ ϯⲛⲁϣⲱⲡⲉ ⲛⲁϥ ⲛⲛⲟⲩⲧⲉ ⲛⲉϥϣⲱⲡⲉ ⲛⲁⲓ ⲛϣⲏⲣⲉ
8 gake vɔvɔ̃nɔtɔwo, dzimaxɔsetɔwo, ame vɔ̃ɖiwo, hlɔ̃dolawo, ahasiwɔlawo, akunyawɔlawo, trɔ̃subɔlawo kple alakpatɔwo katã la, woƒe nɔƒe anye aŋɔdzota si le bibim ŋɔdzitɔe la me. Esiae nye ku evelia.” (Limnē Pyr g3041 g4442)
ⲏ̅ⲛϭⲁⲃϩⲏⲧ ⲇⲉ ⲛⲧⲟⲟⲩ ⲙⲛ ⲛⲁⲡⲓⲥⲧⲟⲥ ⲁⲩⲱ ⲙⲛ ⲛⲉⲧⲃⲏⲧ ⲁⲩⲱ ⲛⲣⲉϥϩⲱⲧⲃ ⲙⲛ ⲛⲡⲟⲣⲛⲟⲥ ⲙⲛ ⲛⲉⲫⲁⲣⲙⲁⲕⲟⲥ ⲁⲩⲱ ⲛⲣϥϣⲙϣⲉ ⲉⲓⲇⲱⲗⲟⲛ ⲙⲛ ⲣⲉϥϫⲓϭⲟⲗ ⲛⲓⲙ ⲉⲣⲉⲧⲉⲩⲧⲟⲉ ⲛⲁϣⲱⲡⲉ ϩⲛ ⲧⲗⲓⲙⲛⲏ ⲉⲧϫⲉⲣⲟ ϩⲛ ⲟⲩⲕⲱϩⲧ ⲙⲛ ⲟⲩⲑⲏⲛ ⲉⲧⲉⲡⲁⲓ ⲡⲉ ⲡⲙⲟⲩ ⲙⲙⲉϩⲥⲛⲁⲩ (Limnē Pyr g3041 g4442)
9 Mawudɔla adre siwo lé kplu adre siwo me dɔvɔ̃ adre mamlɛawo le la dometɔ ɖeka va gblɔ nam be, “Va, ne mafia ŋugbetɔ si nye Alẽvi la srɔ̃ la wò.”
ⲑ̅ⲁⲩⲱ ⲁϥⲉⲓ ⲛϭⲓ ⲕⲉⲟⲩⲁ ⲉⲃⲟⲗ ϩⲙ ⲡⲥⲁϣϥ ⲛⲁⲅⲅⲉⲗⲟⲥ ⲉⲧⲉⲟⲩⲛⲧⲟⲩ ⲧⲥⲁϣϥⲉ ⲙⲫⲓⲁⲗⲏ ⲉⲧⲙⲉϩ ⲛⲛⲉⲡⲗⲏⲅⲏ ⲛϩⲁⲏ ⲁϥϣⲁϫⲉ ⲛⲙⲙⲁⲓ ⲉϥϫⲱ ⲙⲙⲟⲥ ϫⲉ ⲁⲙⲟⲩ ⲧⲁⲧⲥⲁⲃⲟⲕ ⲉⲧϣⲉⲗⲉⲉⲧ ⲧϩⲓⲙⲉ ⲙⲡⲉϩⲓⲉⲓⲃ
10 Tete wòkɔm dzoe le Gbɔgbɔ la me heyi ɖe to gã kɔkɔ aɖe dzi, eye wòɖe Du Kɔkɔe, Yerusalem, si le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ la fiam.
ⲓ̅ⲁⲩⲱ ⲁϥϫⲓⲧ ϩⲙ ⲡⲉⲡⲛⲁ ⲉϫⲛ ⲟⲩⲧⲟⲟⲩ ⲛⲟϭ ⲉϥϫⲟⲥⲉ ⲁϥⲧⲥⲁⲃⲟⲓ ⲉⲧⲡⲟⲗⲓⲥ ⲉⲧⲟⲩⲁⲁⲃ ⲑⲓⲉⲗⲏⲙ ⲉⲥⲛⲏⲩ ⲉⲡⲉⲥⲏⲧ ⲉⲃⲟⲗ ϩⲛ ⲧⲡⲉ ⲉⲃⲟⲗ ϩⲓⲧⲙ ⲡⲛⲟⲩⲧⲉ
11 Ele keklẽm kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe, eye eƒe keklẽ le abe kpe xɔasi aɖe ene, eye wòle abe yaspakpe ene, eye eme kɔ keŋkeŋkeŋ abe kristalokpe ene.
ⲓ̅ⲁ̅ⲉⲟⲩⲛⲧⲁⲥ ⲙⲙⲁⲩ ⲙⲡⲉⲟⲟⲩ ⲙⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ⲉⲣⲉⲡⲉⲥⲟⲩⲟⲉⲓⲛ ⲉϥⲉⲓⲛⲉ ⲛⲟⲩⲱⲛⲉ ⲙⲙⲉ ⲉϥⲧⲁⲓⲏⲩ ⲛⲑⲉ ⲛⲟⲩⲱⲛⲉ ⲛⲓⲁⲥⲡⲓⲥ ⲉϥⲉⲓⲛⲉ ⲛⲟⲩⲕⲣⲩⲥⲧⲁⲗⲟⲥ
12 Wotɔ kpɔ titri kɔkɔ aɖe ɖe eŋu, eye woɖe mɔnu wuieve siwo nu agbo le la ɖe gli la me, eye mawudɔla wuieve le agboawo nu. Woŋlɔ Israel ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe agboawo dzi.
ⲓ̅ⲃ̅ⲉⲩⲛ ⲟⲩⲥⲟⲃⲧ ⲙⲙⲟⲥ ⲉϥϫⲟⲥⲉ ⲉⲩⲛ ⲙⲛⲧⲥⲛⲟⲟⲩⲥ ⲙⲡⲩⲗⲱⲛ ⲙⲙⲟⲥ ⲉⲣⲉⲙⲛⲧⲥⲛⲟⲟⲩⲥ ⲛⲁⲅⲅⲉⲗⲟⲥ ϩⲓϫⲛ ⲙⲡⲩⲗⲱⲛ ⲉⲣⲉϩⲉⲛⲣⲁⲛ ⲥⲏϩ ⲉⲣⲟⲥ ⲕⲁⲧⲁ ⲛⲣⲁⲛ ⲛⲧⲙⲛⲧⲥⲛⲟⲟⲩⲥ ⲙⲫⲩⲗⲏ ⲛⲛϣⲏⲣⲉ ⲙⲡⲉⲓⲥⲗ
13 Agbo etɔ̃ le ɣedzeƒe, etɔ̃ le anyiehe, etɔ̃ le dziehe, eye etɔ̃ le ɣetoɖoƒe.
ⲓ̅ⲅ̅ⲉⲣⲉϣⲟⲙⲛⲧ ⲙⲡⲩⲗⲱⲛ ϭⲱϣⲧ ⲉⲡⲉⲓⲉⲃⲧ ⲁⲩⲱ ϣⲟⲙⲛⲧ ⲙⲡⲩⲗⲱⲛ ⲉⲡⲙϩⲓⲧ ⲁⲩⲱ ϣⲟⲙⲛⲧ ⲉⲡⲉⲙⲛⲧ ⲁⲩⲱ ϣⲟⲙⲛⲧ ⲉⲡⲣⲏⲥ
14 Woɖo gɔmeɖokpe wuieve na du la ƒe gliwo, eye woŋlɔ Alẽvi la ƒe apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.
ⲓ̅ⲇ̅ⲉϫⲛ ⲙⲛⲧⲥⲛⲟⲟⲩⲥ ⲛⲥⲛⲧⲉ ⲙⲡⲥⲟⲃⲧ ⲛⲧⲡⲟⲗⲓⲥ ⲉⲩⲥⲏϩ ⲉⲣⲟⲟⲩ ⲛϭⲓ ⲛⲣⲁⲛ ⲙⲡⲙⲛⲧⲥⲛⲟⲟⲩⲥ ⲛⲁⲡⲟⲥⲧⲟⲗⲟⲥ ⲙⲡⲉϩⲓⲉⲓⲃ
15 Mawudɔla si ƒo nu kplim la lé sikanudzidzenu ɖe asi be yeadzidze du la, eƒe agbowo kple eƒe gliwo.
ⲓ̅ⲉ̅ⲁⲩⲱ ⲡⲉⲧϣⲁϫⲉ ⲛⲙⲙⲁⲓ ⲛⲉⲩⲛ ⲟⲩⲕⲁϣ ⲛⲛⲟⲩⲃ ⲛⲧⲟⲟⲧϥ ⲛϣⲓ ϫⲉⲕⲁⲥ ⲉϥⲉϣⲓ ⲛⲧⲡⲟⲗⲓⲥ ⲙⲛ ⲛⲉⲥⲡⲩⲗⲱⲛ ⲙⲛ ⲛⲉⲥⲥⲟⲃⲧ
16 Wotso du la ale be eƒe kekeme kple didime siaa sɔ. Edzidze du la, eye wòkpɔ be eƒe didime, kekeme kple kɔkɔme katã nye dzidzeme ɖeka si nye kilomita akpe eve kple alafa eve.
ⲓ̅ⲋ̅ⲁⲩⲱ ⲧⲡⲟⲗⲓⲥ ⲛⲉⲥⲟ ⲛⲧⲉⲧⲣⲁⲅⲱⲛⲟⲛ ⲉⲣⲉⲧⲉⲥϣⲓⲏ ϣⲏϣ ⲙⲛ ⲡⲉⲥⲟⲩⲱϣⲥ ⲁⲩⲱ ⲁϥϣⲓ ⲧⲡⲟⲗⲓⲥ ⲙⲡⲕⲁϣ ϣⲁ ⲙⲛⲧⲥⲛⲟⲟⲩⲥ ⲛϣⲉ ⲛⲥⲧⲁⲇⲓⲟⲛ ⲛϣⲓⲏ ⲁⲩⲱ ⲡⲉⲥⲟⲩⲱϣⲥ ⲙⲛ ⲡⲉⲥϫⲓⲥⲉ ⲉⲩϣⲏϣ ⲙⲛ ⲛⲉⲩⲉⲣⲏⲩ
17 Edzidze gli la ƒe titrime, eye le amegbetɔ ƒe dzidzeka si mawudɔla la lé la nu la, titrime la le mita blaade-vɔ-atɔ̃.
ⲓ̅ⲍ̅ⲁⲩⲱ ⲁϥϣⲓ ⲡⲉⲥⲥⲟⲃⲧ ⲛϣⲉ ϩⲙⲉ ⲧⲁϥⲧⲉ ⲙⲙⲁϩⲉ ⲙⲡϣⲓ ⲛⲟⲩⲣⲱⲙⲉ ⲉⲧⲉⲡⲁⲓ ⲡⲉ ⲟⲩⲁⲅⲅⲉⲗⲟⲥ
18 Wotsɔ yaspakpe xɔasi ɖo gli lae, eye wotsɔ sika si me kɔ abe ahuhɔ̃e ene la tso du lae.
ⲓ̅ⲏ̅ⲁⲩⲱ ⲡⲉⲥⲥⲟⲃⲧⲉ ϥⲕⲏⲧ ⲛⲓⲁⲥⲡⲓⲥ ⲁⲩⲱ ⲧⲡⲟⲗⲓⲥ ⲉⲥⲕⲏⲧ ⲛⲛⲟⲩⲃ ⲉⲛⲁⲛⲟⲩϥ ⲉϥⲉⲓⲛⲉ ⲛⲟⲩⲁⲃⲁϭⲏⲉⲓⲛ ⲉϥⲟⲩⲁⲁⲃ
19 Wotsɔ kpe xɔasi vovovowo ɖo atsyɔ̃ na dua ƒe gli ƒe gɔmeɖokpee. Yaspakpe nye fli gbãtɔ, wotsɔ safirkpe ɖo fli eveliae, fli etɔ̃lia nye kalkedonikpe, fli enelia nye emeraldkpe;
ⲓ̅ⲑ̅ⲛⲥⲛⲧⲉ ⲙⲡⲥⲟⲃⲧ ⲛⲧⲡⲟⲗⲓⲥ ⲉⲩⲧⲁⲙⲓⲏⲩ ϩⲓ ⲉⲛⲉ ⲙⲙⲉ ⲛⲓⲙ ⲧϣⲟⲣⲡ ⲛⲥⲛⲧⲉ ⲉⲥⲉⲓⲛⲉ ⲛⲓⲁⲥⲡⲓⲥ ⲧⲙⲉϩⲥⲛⲧⲉ ⲛⲥⲁⲡⲡⲓⲣⲟⲥ ⲧⲙⲉϩϣⲟⲙⲧⲉ ⲛⲭⲁⲣⲭⲏⲇⲓⲟⲛ ⲧⲙⲉϩϥⲧⲟⲉ ⲛⲥⲙⲁⲣⲅⲇⲟⲥ
20 woɖo fli atɔ̃lia kple sardonixkpe, fli adelia nye karneliakpe, adrelia nye krisolitekpe, enyilia nye berilkpe, asiekɛlia nye topazkpe, ewolia nye krisoprasekpe, wuiɖekɛlia nye yakintkpe, eye wuievelia nye ametistkpe.
ⲕ̅ⲧⲙⲉϩϯⲉ ⲛⲥⲁⲣⲇⲟⲛⲓⲝ ⲧⲙⲉϩⲥⲟ ⲛⲥⲁⲣⲇⲓⲟⲛ ⲧⲙⲉϩⲥⲁϣϥⲉ ⲛⲭⲣⲩⲥⲟⲗⲓⲑⲟⲥ ⲧⲙⲉϩϣⲙⲟⲩⲛⲉ ⲛⲃⲏⲣⲩⲗⲗⲟⲥ ⲧⲙⲉϩⲯⲓⲧⲉ ⲛⲧⲟⲡⲁⲍⲓⲟⲛ ⲧⲙⲉϩⲙⲏⲧⲉ ⲛⲭⲣⲩⲥⲟⲡⲣⲁⲥⲟⲥ ⲧⲙⲉϩⲙⲛⲧⲟⲩⲉ ⲛϩⲩⲁⲕⲓⲛⲑⲓⲛⲟⲛ ⲧⲙⲉϩⲙⲛⲧⲥⲛⲟⲟⲩⲥ ⲛⲁⲙⲉⲑⲩⲥⲧⲟⲥ
21 Agbo wuieveawo nye kpe xɔasi wuieve, eye wowɔ agbo ɖe sia ɖe kple kpe xɔasi ɖeka. Wowɔ dumɔ gã la kple sika akuakua, eye eme dza abe ahuhɔ̃e ene.
ⲕ̅ⲁ̅ⲁⲩⲱ ⲡⲙⲛⲧⲥⲛⲟⲟⲩⲥ ⲙⲡⲩⲗⲱⲛ ⲛⲉⲩⲟ ⲙⲙⲛⲧⲥⲛⲟⲟⲩⲥ ⲙⲙⲁⲣⲅⲁⲣⲓⲧⲏⲥ ⲉⲣⲉⲡⲟⲩⲁ ⲡⲟⲩⲁ ⲛⲙⲡⲩⲗⲱⲛ ϣⲟⲟⲡ ⲉⲃⲟⲗ ϩⲛ ⲟⲩⲙⲁⲣⲅⲁⲣⲓⲧⲏⲥ ⲛⲟⲩⲱⲧ ⲁⲩⲱ ⲧⲉⲡⲗⲁⲧⲓⲁ ⲛⲧⲡⲟⲗⲓⲥ ⲉⲥⲟ ⲛⲛⲟⲩⲃ ⲉϥⲟⲩⲁⲁⲃ ⲛⲑⲉ ⲛⲟⲩⲁⲃⲁϭⲏⲉⲓⲛ ⲉϥⲧⲃⲃⲏⲩ
22 Nyemekpɔ gbedoxɔ aɖeke le du la me o, elabena Aƒetɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ kple Alẽvi lae nye eƒe gbedoxɔ.
ⲕ̅ⲃ̅ⲙⲡⲓⲛⲁⲩ ⲇⲉ ⲉⲣⲡⲉ ⲛϩⲏⲧⲥ ⲡϫⲟⲉⲓⲥ ⲅⲁⲣ ⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ⲡⲉ ⲡⲉⲥⲣⲡⲉ ⲙⲛ ⲡⲉϩⲓⲉⲓⲃ
23 Du la mehiã ɣe alo ɣleti be woaklẽ nɛ o, elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe naa kekelii, eye Alẽvi lae nye eƒe akaɖi.
ⲕ̅ⲅ̅ⲁⲩⲱ ⲧⲡⲟⲗⲓⲥ ⲛⲉⲥⲣ ⲭⲣⲓⲁ ⲁⲛ ⲙⲡⲣⲏ ⲙⲛ ⲡⲟⲟϩ ⲉⲧⲣⲉⲩⲣ ⲟⲩⲟⲉⲓⲛ ⲉⲣⲟⲥ ⲡⲉⲟⲟⲩ ⲅⲁⲣ ⲙⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ⲣⲟⲩⲟⲉⲓⲛ ⲉⲣⲟⲥ ⲁⲩⲱ ⲡⲉⲥϩⲏⲃⲥ ⲡⲉ ⲡⲉϩⲓⲉⲓⲃ
24 Dukɔwo azɔ le eƒe kekeli nu, eye anyigbadzifiawo atsɔ woƒe atsyɔ̃ age ɖe eme.
ⲕ̅ⲇ̅ⲁⲩⲱ ⲛϩⲉⲑⲛⲟⲥ ⲛⲁⲙⲟⲟϣⲉ ⲉⲃⲟⲗ ϩⲓⲧⲙ ⲡⲉⲥⲟⲩⲟⲉⲓⲛ ⲙⲛ ⲛⲣⲣⲱⲟⲩ ⲙⲡⲕⲁϩ ⲉⲩⲉⲓⲛⲉ ⲙⲡⲉⲩⲟⲟⲩ ⲉϩⲟⲩⲛ ⲉⲣⲟⲥ
25 Eƒe agbowo anɔ ʋuʋu ɖi ɖaa, elabena zã mado le afi ma o.
ⲕ̅ⲉ̅ⲁⲩⲱ ⲥⲉⲛⲁϣⲱⲧⲙ ⲁⲛ ⲛⲛⲉⲥⲡⲩⲗⲱⲛ ⲙⲡⲉϩⲟⲟⲩ ⲙⲛ ⲧⲉⲩϣⲏ ⲙⲛ ⲟⲩϣⲏ ⲅⲁⲣ ⲛⲁϣⲱⲡⲉ ⲙⲙⲁⲩ
26 Woatsɔ dukɔwo ƒe ŋutikɔkɔe kple bubu ava eme.
ⲕ̅ⲋ̅ⲥⲉⲛⲁϫⲓ ⲉϩⲟⲩⲛ ⲙⲡⲉⲟⲟⲩ ⲙⲛ ⲡⲧⲁⲓⲟ ⲛⲛϩⲉⲑⲛⲟⲥ
27 Nu makɔmakɔ aɖeke mage ɖe eme gbeɖe o; nenema kee nye ŋunyɔnuwɔlawo kple ameblelawo hã, negbe ame siwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe Alẽvi la ƒe agbegbalẽ la me koe age ɖe eme.
ⲕ̅ⲍ̅ⲁⲩⲱ ⲛⲛⲉⲩⲃⲱⲕ ⲉϩⲟⲩⲛ ⲉⲣⲟⲥ ⲛϭⲓ ⲟⲩⲟⲛ ⲛⲓⲙ ⲉⲧϫⲁϩⲙ ⲙⲛ ⲛⲉⲧⲉⲓⲣⲉ ⲛⲛⲃⲟⲧⲉ ⲙⲛ ⲛⲣⲉϥϫⲓϭⲟⲗ ⲉⲓⲙⲏⲧⲉⲓ ⲛⲉⲧⲥⲏϩ ϩⲙ ⲡϫⲱⲱⲙⲉ ⲙⲡⲉϩⲓⲉⲓⲃ

< Nyaɖeɖefia 21 >