< Nyaɖeɖefia 20 >

1 Eye mekpɔ mawudɔla aɖe wòɖi tso dziƒo gbɔna. Ʋe globo la ƒe safui kple gakɔsɔkɔsɔ gã aɖe nɔ esi. (Abyssos g12)
І бачив я ангола, що схо́див із неба, що мав ключа від безодні, і кайда́ни великі в руці своїй. (Abyssos g12)
2 Elé ʋɔ driba la, da xoxo ma si nye gbɔgbɔ vɔ̃ alo Satana, eye wòblae hena ƒe akpe ɖeka.
І схопи́в вій змі́я, вужа́ стародавнього, що диявол він і сатана́, і зв'язав його на тисячу ро́ків, —
3 Etsɔe ƒu gbe ɖe ʋe gbobo la me, eye wòtui kple safui hetre enu be magable dukɔwo azɔ o, va se ɖe esime ƒe akpe ɖeka la nawu enu. Le ema megbe la, woaɖe gae hena ɣeyiɣi kpui aɖe. (Abyssos g12)
та й кинув його до безо́дні, і замкнув його, і печатку над ним поклав, щоб наро́ди не зво́див уже, аж поки не скі́нчиться тисяча ро́ків. А по цьо́му він розв'я́заний буде на короткий час. (Abyssos g12)
4 Mekpɔ fiazikpui siwo dzi ame siwo wona ŋusẽe be woadrɔ̃ ʋɔnu la nɔ, eye mekpɔ ame siwo nu wotso ta le, le woƒe ɖaseɖiɖi na Yesu kple Mawu ƒe nya la ta la ƒe luʋɔwo. Mekpɔ ame siwo mede ta agu na lã la alo eƒe legba o la. Wogbɔ agbe, eye woɖu fia kple Kristo hena ƒe akpe ɖeka.
І бачив я престоли та тих, хто сидів на них, — і суд їм був да́ний, — і душі стятих за сві́дчення про Ісуса й за Слово Боже, які не вклонились звіри́ні, ані о́бразові її, і не прийняли́ знаме́на на чо́ла свої та на руку свою. І вони ожили́, і царювали з Христом тисячу ро́ків.
5 Ame kuku mamlɛawo megbɔ agbe o, va se ɖe esime ƒe akpe ɖeka la wu enu. Esiae nye tsitretsitsi gbãtɔ.
А інші померлі не ожили́, аж поки не скі́нчиться тисяча ро́ків. Це перше воскресі́ння.
6 Yayratɔwo kple ame kɔkɔewoe nye ame siwo kpɔ gome le tsitretsitsi gbãtɔ me. Ku evelia mekpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o, ke woanye nunɔlawo na Mawu kple Kristo, eye woaɖu dzi kplii hena ƒe akpe ɖeka.
Блаженний і святий, хто має частку в першому воскресі́нні! Над ними друга смерть не матиме вла́ди, але вони будуть священиками Бога й Христа, і царюватимуть з Ним тисячу ро́ків.
7 Ne ƒe akpe ɖeka la de la, woaɖe Satana tso eƒe gaxɔa me,
Коли ж скінчиться тисяча ро́ків, сатана́ буде ви́пущений із в'язниці своєї.
8 eye wòado go ayi aɖable dukɔwo le xexea me ƒe dzogoe eneawo dzi, esiwo nye Gog kple Magog, be wòaƒo ame siwo ƒe xexlẽme sɔ gbɔ abe ƒutake ene la nu ƒu hena aʋawɔwɔ.
І ви́йде він зво́дити наро́ди, що вони на чотирьох края́х землі, Ґо́ґа й Маґо́ґа, щоб зібрати їх до бо́ю, а число їхнє — як мо́рський пісок.
9 Wozɔ to anyigba blibo la dzi heyi ɖaɖe to ɖe Mawu ƒe amewo ƒe asaɖa, du si wòlɔ̃na vevie la. Ke dzo ge tso dziƒo va fia wo katã.
І вийшли вони на ширину́ землі, і оточи́ли та́бір святих та улю́блене місто. І зійшов огонь з неба, — і пожер їх.
10 Wokɔ Abosam, ame si ble wo la ƒu gbe ɖe aŋɔdzota si le bibim la me, afi si wotsɔ lã wɔadã la kple aʋatsonyagbɔɖila la hã ƒu gbe ɖo la. Woawɔ funyafunya wo zã kple keli tso mavɔ me yi mavɔ me. (aiōn g165, Limnē Pyr g3041 g4442)
А диявол, що зво́див їх, був укинений в озеро огняне́ та сірча́не, де звіри́на й пророк неправдивий. І мучені будуть вони день і ніч на вічні віки́. (aiōn g165, Limnē Pyr g3041 g4442)
11 Tete mekpɔ fiazikpui ɣi gã aɖe kple ame si nɔ anyi ɖe edzi la. Anyigba kple dziŋgɔli si le eŋkume, eye teƒe aɖeke meli na wo o.
І я бачив престола великого білого, і Того, Хто на ньому сидів, що від лиця Його втекла земля й небо, і місця для них не знайшло́ся.
12 Eye mekpɔ ame kukuwo, ame deŋgɔwo kple ame gblɔewo nɔ tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye woʋu agbalẽwo. Woʋu agbalẽ bubu si nye agbegbalẽ la. Wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuawo ɖe nu si wowɔ woŋlɔ ɖe agbalẽawo me la nu.
І бачив я мертвих малих і великих, що стояли перед Богом. І розгорну́лися книги, і розгорнулась інша книга, — то книга життя. І су́джено мертвих, як написано в книгах, за вчинками їхніми.
13 Atsiaƒu tsɔ ame kuku siwo le eme la hena. Ku kple tsiẽƒe hã ɖe woƒe ame kukuwo ɖe go, eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ɖe nu si wòwɔ la nu. (Hadēs g86)
І дало́ море мертвих, що в ньому, і смерть і ад дали мертвих, що в них, — і су́джено їх згідно з їхніми вчинками. (Hadēs g86)
14 Wotsɔ ku kple tsiẽƒe ƒu gbe ɖe dzota la me. Dzota siae nye ku evelia. (Hadēs g86, Limnē Pyr g3041 g4442)
Смерть же та ад були вкинені в озеро огняне́. Це друга смерть, — озеро огняне́. (Hadēs g86, Limnē Pyr g3041 g4442)
15 Ne womekpɔ ame aɖe ƒe ŋkɔ le agbegbalẽ la me o la, wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzota la me. (Limnē Pyr g3041 g4442)
А хто не знайшовся написаний в книзі життя, той уки́нений буде в озеро огняне́. (Limnē Pyr g3041 g4442)

< Nyaɖeɖefia 20 >