< Nyaɖeɖefia 19 >

1 Le esia megbe la, mese nane si ɖi abe ameha gã aɖee le ɣli dom le dziƒo ene be, “Haleluya! Ɖeɖe kple ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ nye míaƒe Mawu la tɔ,
此後,我聽見好像群眾在天上大聲說: 哈利路亞! 救恩、榮耀、權能都屬乎我們的上帝!
2 elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo nye nyateƒe, eye wole dzɔdzɔe. Ebu fɔ gbolo gã la, ame si do gu anyigba to eƒe ahasiwɔwɔwo me. Ebia hlɔ̃ ɖe eƒe dɔlawo ƒe ʋu ta.”
他的判斷是真實公義的; 因他判斷了那用淫行敗壞世界的大淫婦, 並且向淫婦討流僕人血的罪, 給他們伸冤。
3 Wogado ɣli ake be, “Haleluya! Eƒe dzotɔtɔ ƒe dzudzɔ le tutum le dziƒo yim tso mavɔ me yi mavɔ me.” (aiōn g165)
又說: 哈利路亞! 燒淫婦的煙往上冒, 直到永永遠遠。 (aiōn g165)
4 Amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo kple nu gbagbe eneawo tsyɔ mo anyi, eye wosubɔ Mawu, ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui dzi la. Wodo ɣli be, “Amen, Haleluya!”
那二十四位長老與四活物就俯伏敬拜坐寶座的上帝,說: 阿們!哈利路亞!
5 Tete gbe aɖe ɖi tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm be, “Mikafu míaƒe Mawu la, mi eƒe dɔlawo katã, mi ame siwo vɔ̃nɛ, ame gblɔewo kple ŋusẽtɔwo siaa!”
有聲音從寶座出來說: 上帝的眾僕人哪, 凡敬畏他的,無論大小, 都要讚美我們的上帝!
6 Tete mese nu si ɖi abe ameha gã aɖe ƒe gbe ene, eye wòle abe tsi geɖewo ƒe sisi ƒe hoowɔwɔ alo dzi ƒe gbeɖeɖe sesẽ aɖe ene be, “Haleluya! Elabena míaƒe Aƒetɔ, Mawu Ŋusẽkatãtɔ lae le dzi ɖum.
我聽見好像群眾的聲音,眾水的聲音,大雷的聲音,說: 哈利路亞! 因為主-我們的上帝、 全能者作王了。
7 Mina míakpɔ dzidzɔ, atso aseye, eye míatsɔ ŋutikɔkɔe nɛ! Elabena Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeŋkekenyui la ɖo, eye eƒe ŋugbetɔ la dzra eɖokui ɖo le klalo.
我們要歡喜快樂, 將榮耀歸給他。 因為,羔羊婚娶的時候到了; 新婦也自己預備好了,
8 Wotsɔ aklala biɖibiɖi ƒe awu si le dzo dam, eye eŋuti kɔ la nɛ be wòado.” (Aklala biɖibiɖi nye dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ siwo ame kɔkɔeawo wɔ la ƒe dzesi.)
就蒙恩得穿光明潔白的細麻衣。 (這細麻衣就是聖徒所行的義。)
9 Tete mawudɔla la gblɔ nam be, “Ŋlɔ agbalẽ be, ‘Woayra ame siwo wokpe va Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe fiẽnuɖuƒe la!’” Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Esiawoe nye Mawu ƒe nya vavãwo.”
天使吩咐我說:「你要寫上:凡被請赴羔羊之婚筵的有福了!」又對我說:「這是上帝真實的話。」
10 Esi wògblɔ esiawo vɔ la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu be masubɔe, gake egblɔ nam be, “Mègawɔe o! Nye hã menye dɔla abe wò ke ene, kpe ɖe nɔviwò siwo lé Yesu ƒe ɖaseɖiɖi me ɖe asi la ŋuti; subɔ Mawu ko! Elabena Yesu ƒe ɖaseɖiɖi la nye nyagblɔɖi ƒe gbɔgbɔ.”
我就俯伏在他腳前要拜他。他說:「千萬不可!我和你,並你那些為耶穌作見證的弟兄同是作僕人的,你要敬拜上帝。」因為預言中的靈意乃是為耶穌作見證。
11 Mekpɔ dziƒo nu le ʋuʋu ɖi, eye ame aɖe si le sɔ ɣi aɖe dzi la le nye ŋkume. Sɔdola la ƒe ŋkɔe nye Nuteƒewɔla kple Nyateƒetɔ. Edrɔ̃a ʋɔnu, eye wòwɔa aʋa le dzɔdzɔenyenye me.
我觀看,見天開了。有一匹白馬,騎在馬上的稱為誠信真實,他審判,爭戰,都按着公義。
12 Eƒe ŋkuwo le abe dzoka xɔxɔwo ene, eye fiakuku geɖewo nɔ eƒe ta. Woŋlɔ ŋkɔ aɖe ɖe eŋuti, esi ame aɖeke menya o, negbe eya ŋutɔ ko.
他的眼睛如火焰,他頭上戴着許多冠冕;又有寫着的名字,除了他自己沒有人知道。
13 Edo awu ʋlaya si wonyrɔ ɖe ʋu me la, eye eƒe ŋkɔe nye Mawu ƒe Nya.
他穿着濺了血的衣服;他的名稱為上帝之道。
14 Dziƒoʋakɔwo nɔ eyome. Wonɔ sɔ ɣiwo dom, eye wodo awu siwo wotɔ kple aklala biɖibiɖi, wofu tititi la, eye wo ŋuti kɔ.
在天上的眾軍騎着白馬,穿着細麻衣,又白又潔,跟隨他。
15 Yi ɖaɖɛ aɖe do tso eƒe nu me, esi wòatsɔ adza dukɔwo akɔ ɖi; atsɔ gatikplɔ akplɔ wo. Efia wain le wainfiaƒe kple Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dziku helĩhelĩ.
有利劍從他口中出來,可以擊殺列國。他必用鐵杖轄管他們,並要踹全能上帝烈怒的酒醡。
16 Woŋlɔ ŋkɔ sia ɖe eƒe awu ʋlaya kple eƒe ata ŋu be, Fiawo ƒe Fia kple Aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ.
在他衣服和大腿上有名寫着說:「萬王之王,萬主之主。」
17 Mekpɔ mawudɔla aɖe le tsitre ɖe ŋdɔgbe, ame si do ɣli kple gbe sesẽ na xevi siwo katã le dzodzom le yame la be, “Miva ƒo ƒu hena Mawu ƒe fiẽnuɖuɖu ƒe kplɔ̃ɖoɖo gã la,
我又看見一位天使站在日頭中,向天空所飛的鳥大聲喊着說:「你們聚集來赴上帝的大筵席,
18 ale be miaɖu fiawo, aʋafiawo, kalẽtɔwo, sɔwo kple wo dolawo kple amewo katã ƒe lã, ablɔɖeviwo kple kluviwo, ame gblɔewo kple ŋusẽtɔwo siaa.”
可以吃君王與將軍的肉,壯士與馬和騎馬者的肉,並一切自主的為奴的,以及大小人民的肉。」
19 Tete mekpɔ lã wɔadã la kple anyigbadzifiawo kple woƒe aʋakɔwo woƒo ƒu hena aʋawɔwɔ kple ame si le sɔ ɣi la dzi la kple eƒe aʋakɔ.
我看見那獸和地上的君王,並他們的眾軍都聚集,要與騎白馬的並他的軍兵爭戰。
20 Ke wolé lã wɔadã la kple aʋatsonyagbɔɖila la, ame si wɔ nukunu geɖewo le eƒe ŋkɔ me. Etsɔ dzesi siawo ble ame siwo xɔ lã wɔadã la ƒe dzesi, ame siwo hã subɔ eƒe legba la. Wotsɔ wo kple eve la katã ƒu gbe ɖe aŋɔdzota si le bibim la me agbagbee. (Limnē Pyr g3041 g4442)
那獸被擒拿;那在獸面前曾行奇事、迷惑受獸印記和拜獸像之人的假先知,也與獸同被擒拿。他們兩個就活活地被扔在燒着硫磺的火湖裏; (Limnē Pyr g3041 g4442)
21 Wowu wo dometɔ mamlɛawo kple yi si do go tso sɔdola la ƒe nu me la, eye dziƒoxeviwo va ɖu woƒe lã, eye woɖi ƒo.
其餘的被騎白馬者口中出來的劍殺了;飛鳥都吃飽了他們的肉。

< Nyaɖeɖefia 19 >