< Nyaɖeɖefia 18 >
1 Le esia megbe la, mekpɔ mawudɔla bubu wòɖi tso dziƒo gbɔna. Ŋusẽ gã aɖe nɔ esi, eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigba dzi klẽ.
After this I saw another angel descending from heaven with great authority, and the earth was illuminated by his glory.
2 Edo ɣli kple gbe gã aɖe be, “‘Womui! Womu Babilonia Gã la!’ Eva zu aƒe na gbɔgbɔ vɔ̃wo kple mɔ sesẽ na gbɔgbɔ makɔmakɔwo kple xadza na xevi makɔmakɔwo kple lã siwo womeɖuna o la,
And he cried out in a mighty voice: “Fallen, fallen is Babylon the great! She has become a lair for demons and a haunt for every unclean spirit, every unclean bird, and every detestable beast.
3 elabena dukɔwo katã no eƒe dɔmedzoe ƒe wain si nye eƒe gbolowɔwɔ la. Anyigbadzifiawo wɔ ahasi kplii, eye anyigbadzisitsala gãwo zu hotsuitɔ gãwo to eƒe kesinɔnu gbogboawo me.”
All the nations have drunk the wine of the passion of her immorality. The kings of the earth were immoral with her, and the merchants of the earth have grown wealthy from the extravagance of her luxury.”
4 Tete mese gbe bubu tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “‘Nye amewo, mido go le wo dome,’ be miagakpɔ gome le woƒe nu vɔ̃wo me o, be woƒe dɔvɔ̃wo dometɔ aɖeke nagava mia dzi o,
Then I heard another voice from heaven say: “Come out of her, My people, so that you will not share in her sins or contract any of her plagues.
5 elabena woƒe nu vɔ̃wo li kɔ yi ɖe dziƒo ke, eye Mawu ɖo ŋku woƒe nu tovowo wɔwɔ dzi.
For her sins are piled up to heaven, and God has remembered her iniquities.
6 Wɔe nɛ abe ale si wòwɔ ene. Ɖo eteƒe nɛ zi eve ɖe nu si wòwɔ la ta. Tɔtɔ eya ŋutɔ ƒe kplu eve ne nàtsɔ nɛ.
Give back to her as she has done to others; pay her back double for what she has done; mix her a double portion in her own cup.
7 Egblɔ le eƒe dzi me dadatɔe be, ‘Menɔ anyi abe nyɔnufia ene, nyemenye ahosi o, eye nyemafa konyi akpɔ o.’ Eya ta tsɔ fuwɔame kple vevesese nɛ wòasɔ gbɔ abe ale si wòtsɔ ŋutikɔkɔe kple kesinɔnuwo na eɖokui ene.
As much as she has glorified herself and lived in luxury, give her the same measure of torment and grief. In her heart she says, ‘I sit as queen; I am not a widow and will never see grief.’
8 Eya ta le ŋkeke ɖeka me la, eƒe dɔvɔ̃wo ava ƒo ɖe edzi, esiwo nye ku, konyifafa kple dɔwuame. Dzo ava fiae keŋkeŋ, elabena ŋusẽtɔe nye Aƒetɔ Mawu, ame si drɔ̃ ʋɔnui.
Therefore her plagues will come in one day— death and grief and famine— and she will be consumed by fire, for mighty is the Lord God who judges her.”
9 “Ne anyigbadzifia siwo wɔ ahasi kplii, eye wokpɔ gome le eƒe kesinɔnuwo me kpɔ dzo si wotɔe ƒe dzudzɔ la, woafa avi, eye woafa nɛ.
Then the kings of the earth who committed sexual immorality and lived in luxury with her will weep and wail at the sight of the smoke rising from the fire that consumes her.
10 Eƒe fuwɔame ado ŋɔdzi na wo ale gbegbe be woanɔ adzɔge ke anɔ avi fam kple ɣli be, “‘Baba! O du gã, baba na wò. O Babilonia, du si ŋu ŋusẽ le! Le gaƒoƒo ɖeka me, wò tsɔtsrɔ̃ va ɖo!’
In fear of her torment, they will stand at a distance and cry out: “Woe, woe to the great city, the mighty city of Babylon! For in a single hour your judgment has come.”
11 “Anyigbadzisitsalawo afa avi, eye woafa nɛ, elabena ame aɖeke megale woƒe adzɔnuwo ƒlem o.
And the merchants of the earth will weep and mourn over her, because there is no one left to buy their cargo—
12 Adzɔnu siawoe nye sika, klosalo, kpe xɔasiwo, dzonuwo, aklala biɖibiɖiwo, ago, sedavɔ, avɔ dzĩwo, ati ʋeʋĩ vovovowo kple nu vovovo siwo wowɔ kple nyiɖu, ati xɔasiwo, akɔbli, gayibɔ kple kpe xɔasiwo.
cargo of gold, silver, precious stones, and pearls; of fine linen, purple, silk, and scarlet; of all kinds of citron wood and every article of ivory, precious wood, bronze, iron, and marble;
13 Bubuawoe nye atike ʋeʋĩ, sinamɔn, detsiƒonu ʋeʋĩwo, dzudzɔʋeʋĩdonuwo, kotoklobo, lifi, wain, amitimi, wɔ memi, lu, nyiwo, alẽwo, sɔwo kple woƒe tasiaɖamwo, kluviwo kple amewo ƒe luʋɔwo.
of cinnamon, spice, incense, myrrh, and frankincense; of wine, olive oil, fine flour, and wheat; of cattle, sheep, horses, and chariots; of slaves and souls of men.
14 “Wo katã woagblɔ be, ‘Kutsetse si nèdi vevie la do le asiwò me. Wò kesinɔnuwo kple wò atsyɔ̃ hã tsrɔ̃; womagatrɔ agbɔ gbeɖe o.’
And they will say: “The fruit of your soul’s desire has departed from you; all your luxury and splendor have vanished, never to be seen again.”
15 Asitsala siwo dzra nu siawo, eye wokpɔ woƒe kesinɔnuwo tso egbɔ la atsi tsitre ɖe adzɔge ke le ŋɔdzi si lé wo ɖe eƒe fuwɔame ta la ta. Woafa avi, afa konyi,
The merchants who sold these things and grew their wealth from her will stand at a distance, in fear of her torment. They will weep and mourn,
16 eye woado ɣli be, “‘Baba! O du gã si do aklala biɖibiɖi kple avɔ dzĩ kple avɔ blɔtɔ ƒe awu legbe, eye nède sikakɔga si le dzo dam, kpe xɔasiwo kple dzonu ƒuƒuiwo, baba na wò!
saying: “Woe, woe to the great city, clothed in fine linen and purple and scarlet, adorned with gold and precious stones and pearls!
17 Le gaƒoƒo ɖeka pɛ ko me la, wò kesinɔnu gbogbo siawo tsrɔ̃!’ “Azɔ la, kuɖɔɖola ɖe sia ɖe, ame siwo katã ɖoa tɔdziʋu, tɔdziʋukulawo kple ame siwo katã kpɔa woƒe abolo tso ƒudzidɔwɔwɔ me la katã anɔ adzɔge.
For in a single hour such fabulous wealth has been destroyed!” Every shipmaster, passenger, and sailor, and all who make their living from the sea, will stand at a distance
18 Ne wokpɔ dzo si wotɔe ƒe dzudzɔ le tutum la, woado ɣli be, ‘Du aɖe nɔ anyi kpɔ abe du gã sia enea?’
and cry out at the sight of the smoke rising from the fire that consumes her. “What city was ever like this great city?” they will exclaim.
19 Woalɔ ke akɔ ɖe tame, woafa avi, eye woado konyifaɣli be, “‘Baba! O du gã, afi si ame siwo katã si tɔdziʋu si nɔa ƒu dzi le la kpɔ woƒe kesinɔnuwo le. Baba na wò! Le gaƒoƒo ɖeka pɛ ko me, wotsrɔ̃e keŋkeŋ.’
Then they will throw dust on their heads as they weep and mourn and cry out: “Woe, woe to the great city, where all who had ships on the sea were enriched by her wealth! For in a single hour she has been destroyed.”
20 “O dziƒo, dzɔ dzi le eya amea ta! Mi Mawu ƒe amewo apostolowo kple nyagblɔɖilawo, mitso aseye! Elabena Mawu drɔ̃ ʋɔnui ɖe ale si wòwɔ fu mi la ta.”
Rejoice over her, O heaven, O saints and apostles and prophets, because God has pronounced for you His judgment against her.
21 Tete mawudɔla triakɔ aɖe tsɔ kpe aɖe si ƒe lolome anɔ abe wɔtute ene la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me, eye wògblɔ be, “Aleae woatsɔ dziku kple ŋusẽ aƒu Babilonia, du gã la anyii, eye magafɔ gbeɖe o.
Then a mighty angel picked up a stone the size of a great millstone and cast it into the sea, saying: “With such violence the great city of Babylon will be cast down, never to be seen again.
22 Kasaŋkuƒolawo, hadzilawo, dzekulawo kple kpẽkulawo la, womagase woƒe ŋkɔ le mewò akpɔ gbeɖe o. Nenema ke womagakpɔ asinudɔwɔla aɖeke tɔgbi le mewò akpɔ gbeɖe o. Womagase wɔtutewo ƒe wɔtutu le mewò akpɔ gbeɖe o.
And the sound of harpists and musicians, of flute players and trumpeters, will never ring out in you again. Nor will any craftsmen of any trade be found in you again, nor the sound of a millstone be heard in you again.
23 Womagakpɔ akaɖi ƒe bibi le mewò akpɔ gbeɖe o. Nenema ke ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe magaɖi le mewò akpɔ gbeɖe o. Wò asitsalawoe nye ame xɔŋkɔwo le xexea me; ètsɔ wò akunyawɔwɔ kplɔ dukɔwo katã trae.
The light of a lamp will never shine in you again, and the voices of a bride and bridegroom will never call out in you again. For your merchants were the great ones of the earth, because all the nations were deceived by your sorcery.”
24 Wokpɔ nyagblɔɖilawo kple ame kɔkɔewo kpakple ame siwo katã wowu le anyigba dzi la ƒe ʋu le mewò.”
And there was found in her the blood of prophets and saints, and of all who had been slain on the earth.