< Nyaɖeɖefia 17 >

1 Mawudɔla adreawo dometɔ ɖeka si lé kplu adreawo ɖe asi la va gblɔ nam be, “Va, mafia tohehe si woana gbolo gã si nɔ anyi ɖe tsi geɖewo dzi la wò.
Alors l'un des sept Anges qui avaient les sept fioles, vint, et il me parla, et me dit: Viens, je te montrerai la condamnation de la grande prostituée, qui est assise sur plusieurs eaux;
2 Anyigbadzifiawo wɔ ahasi kplii, eye anyigbadzitɔwo no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe wain mu.”
Avec laquelle les Rois de la terre ont commis fornication, et qui a enivré du vin de sa prostitution les habitants de la terre.
3 Tete mawudɔla la kɔm le gbɔgbɔ me yi gbedzi. Afi ma mekpɔ nyɔnu aɖe si nɔ anyi ɖe lã dzĩ aɖe dzi, esi ŋu busuŋkɔwo le la. Lã la to ta adre kple dzo ewo.
Ainsi il me transporta en esprit dans un désert; et je vis une femme montée sur une bête de couleur d'écarlate, pleine de noms de blasphème, et qui avait sept têtes et dix cornes.
4 Nyɔnu la do awu legbe si wotɔ kple avɔ blɔ kple avɔ dzĩ, eye wòde sikakɔga keklẽwo, kpe xɔasi dzonuwo kple dzonu bubuwo kɔ. Sikakplu si yɔ fũu kple ŋunyɔnuwo kple eƒe ahasiwɔwɔ ƒe ŋunyɔnu la le esi.
Et la femme était vêtue de pourpre et d'écarlate, et parée d'or, de pierres précieuses, et de perles; et elle tenait à la main une coupe d'or, pleine des abominations de l'impureté de sa prostitution.
5 Woŋlɔ ŋkɔ si nye nya ɣaɣla la ɖe eƒe ŋgonu be: Babilonia gã la, gbolowo kple anyigbadziŋunyɔnuwo dada.
Et il y avait sur son front un nom écrit, mystère, la grande Babylone, la mère des impudicités et des abominations de la terre.
6 Mekpɔ be nyɔnu la mu ame kɔkɔewo kple ame siwo ɖi ɖase le Yesu ŋuti la ƒe ʋu. Esi mekpɔe la, nye mo wɔ yaa.
Et je vis la femme enivrée du sang des Saints, et du sang des martyrs de Jésus; et quand je la vis je fus saisi d'un grand étonnement.
7 Tete mawudɔla la biam be, “Nu ka ta wò mo wɔ yaa ɖo? Maɖe nyɔnu la kple lã si dom wòle, lã si to ta adre kple dzo ewo la ƒe nu ɣaɣla me na wò.
Et l'Ange me dit: pourquoi t'étonnes-tu? je te dirai le mystère de la femme et de la bête qui la porte, laquelle a sept têtes et dix cornes.
8 Lã si nèkpɔ la nɔ anyi tsã, gake megali fifia o, eye ado tso ʋe globo la me ayi eƒe tsɔtsrɔ̃ la me. Anyigbadzitɔ siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe agbegbalẽ la me tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me o la ƒe mo awɔ yaa ne wokpɔ lã la, elabena enɔ anyi tsã, ke megali fifia o, gake agatrɔ ava. (Abyssos g12)
La bête que tu as vue, a été, et n'est plus, mais elle doit monter de l'abîme, et puis être détruite; et les habitants de la terre, dont les noms ne sont point écrits au Livre de vie dès la fondation du monde, s'étonneront voyant la bête qui était, qui n'est plus, et qui toutefois est. (Abyssos g12)
9 “Nya sia hiã na susu si me nunya le. Ta adreawo nye togbɛ adre siwo dzi nyɔnu la nɔ anyi ɖo la. Woganye fia adrewo hã.
C'est ici qu'est l'intelligence pour quiconque a de la sagesse. Les sept têtes sont sept montagnes sur lesquelles la femme est assise.
10 Wo ame atɔ̃ dze anyi, ɖeka li fifia, eye ɖeka mekpɔ va haɖe o. Ke ne eva la, anɔ anyi hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko.
Ce sont aussi sept Rois, les cinq sont tombés; l'un est, et l'autre n'est pas encore venu; et quand il sera venu, il faut qu'il demeure pour un peu de temps.
11 Lã si nɔ anyi kpɔ, eye megali fifia o lae nye fia enyilia. Enye fia adreawo dometɔ ɖeka, eye wòyina ɖe eƒe tsɔtsrɔ̃ la me.
Et la bête qui était, et qui n'est plus, c'est aussi un huitième [Roi], elle vient des sept, mais elle tend à sa ruine.
12 “Dzo ewo siwo nèkpɔ la nye fia ewo siwo si fiaɖuƒe mesu haɖe o la, gake woana dziɖuɖuŋusẽ wo abe fiawo ene, kpe ɖe lã la ŋu hena gaƒoƒo ɖeka.
Et les dix cornes que tu as vues, sont dix Rois, qui n'ont pas encore commencé à régner, mais ils prendront puissance comme Rois, en même temps avec la bête.
13 Taɖodzinu ɖeka le wo si, eye woatsɔ woƒe ŋusẽ kple dziɖuɖuŋusẽ ana lã la.
Ceux-ci ont un même dessein, et ils donneront leur puissance et leur autorité à la bête.
14 Woawɔ aʋa kple Alẽvi la, gake Alẽvi la aɖu wo dzi, elabena eyae nye aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ kple fiawo ƒe Fia la, eye eƒe ame tiatiawo, ame siwo wòyɔ kple ame siwo dze eyome le anukware me la anɔ egbɔ.”
Ceux-ci combattront contre l'Agneau; mais l'Agneau les vaincra; parce qu'il est le Seigneur des Seigneurs, et le Roi des Rois; et ceux qui sont avec lui, [sont du nombre] des appelés, des élus et des fidèles.
15 Mawudɔla la yi edzi gblɔ nam be, “Tsi siwo nèkpɔ, esiwo dzi gbolo la nɔ anyi ɖo la nye amewo, amehawo, dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo.
Puis il me dit: Les eaux que tu as vues, et sur lesquelles la prostituée est assise, sont des peuples, des nations et des Langues.
16 Lã la kple eƒe dzo ewo siwo nèkpɔ la alé fu gbolo la, woahee va gbegblẽ me, eye woagblẽe ɖi amamae; woaɖu eƒe lã, eye woatɔ dzoe,
Mais les dix cornes que tu as vues à la bête, sont ceux qui haïront la prostituée, qui la désoleront, la dépouilleront, et mangeront sa chair, et la brûleront au feu.
17 elabena Mawu tsɔe de woƒe dzi me be woana eƒe tameɖoɖo nava eme ne woalɔ̃ atsɔ woƒe ŋusẽ ana lã la ne wòatsɔ aɖu dzii va se ɖe esime Mawu ƒe nyawo nava eme.
Car Dieu a mis dans leurs cœurs de faire ce qu'il lui plaît, et de former un même dessein, et de donner leur Royaume à la bête, jusqu'à ce que les paroles de Dieu soient accomplies.
18 Nyɔnu si nèkpɔ la, eyae nye du gã si le anyigbadzifiawo dzi ɖum.”
Et la femme que tu as vue, c'est la grande Cité, qui a son règne sur les Rois de la terre.

< Nyaɖeɖefia 17 >