< Nyaɖeɖefia 16 >

1 Eye mese gbe gã aɖe tso gbedoxɔ la me le gbɔgblɔm na mawudɔla adreawo be, “Miyi ne miatrɔ Mawu ƒe dɔmedzoekplu adreawo kɔ ɖe anyigba dzi.”
Then I heard a loud voice from the sanctuary say to the seven angels, "Go and pour on to the earth the seven bowls of the anger of God."
2 Mawudɔla gbãtɔ yi ɖatrɔ eƒe kplu la kɔ ɖe anyigba dzi, eye dɔvɔ̃ la na be abi makumaku kple abi si nana wosea veve la kaka ɖe ame siwo xɔ lã wɔadã la ƒe dzesi, eye wosubɔ eƒe legba la dome.
So the first angel went away and poured his bowl on to the earth; and it brought a bad and painful sore upon the men who had on them the mark of the Wild Beast and worshipped his statue.
3 Mawudɔla evelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe atsiaƒu me, eye wòtrɔ zu ʋu si le abe ame kuku tɔ ene, eye nu gbagbe ɖe sia ɖe ku le atsiaƒu la me.
The second angel poured his bowl into the sea, and it became blood, like a dead man's blood, and every living creature in the sea died.
4 Mawudɔla etɔ̃lia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe tɔsisiwo kple tsi dzidziwo me, eye woawo hã trɔ zu ʋu.
The third angel poured his bowl into the rivers and springs of water, and they became blood.
5 Tete mese mawudɔla si kpɔa tsinyawo dzi la gblɔ be, “Wò la, wò ʋɔnudɔdrɔ̃ siawo le eteƒe. Wò, kɔkɔetɔ si li fifia, eye nènɔ anyi kpɔ la, Wò afiatsotsowo le eteƒe,
And I heard the angel of the waters say, "Righteous art Thou, who art and wast, the holy One, because Thou hast thus taken vengeance.
6 elabena wokɔ wò ame kɔkɔewo kple wo nyagblɔɖilawo ƒe ʋu ɖe anyi, eye nèkpe ʋu na wo be woano abe ale si dze wo ene.”
For they poured out the blood of Thy people and of the Prophets, and in return Thou hast given them blood to drink. And this they deserved."
7 Mese vɔsamlekpui la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo nye nyateƒe, eye wole dzɔdzɔe.”
And I heard a voice from the altar say, "Even so, O Lord God, the Ruler of all, true and righteous are Thy judgments."
8 Mawudɔla enelia trɔ eƒe kplu la ɖe ɣe dzi, eye wòna ŋusẽ ɣe la be wòatsɔ dzo ƒe ŋusẽ aɖu amewoe.
Then the fourth angel poured his bowl on to the sun, and power was given to it to scorch men with fire.
9 Ɣe la ɖu wo vevie ale gbegbe be woƒo fi de Mawu ƒe ŋkɔ, ame si kpɔ ŋusẽ ɖe dɔvɔ̃ siawo dzi la. Ke wogbe be yewomatrɔ dzi me atsɔ ŋutikɔkɔe nɛ o.
And the men were severely burned; and yet they spoke evil of God who had power over the plagues, and they did not repent so as to give Him glory.
10 Mawudɔla atɔ̃lia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe lã wɔadã la ƒe fiazikpui dzi, eye viviti nye tsyɔ eƒe fiaɖuƒe la. Amewo ɖu aɖe le vevesese ta,
The fifth angel poured his bowl on to the throne of the Wild Beast; and his kingdom became darkened. People gnawed their tongues because of the pain,
11 eye woƒo fi de dziƒo ƒe Mawu la le woƒe vevesesewo kple abi siwo woxɔ la ta, gake wogbe be yewomatrɔ le yewoƒe nuwɔnawo yome o.
and they spoke evil of the God in Heaven because of their pains and their sores, and did not repent of their misconduct.
12 Mawudɔla adelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe Frat tɔsisi gã la me, eye emetsi la katã mie, ne wòadzra mɔ ɖo na ɣedzeƒefiawo.
The sixth angel poured his bowl into that great river, the Euphrates; and its stream was dried up in order to clear the way for the kings who are to come from the east.
13 Tete mekpɔ gbɔgbɔ makɔmakɔ etɔ̃ siwo ɖi akpɔkplɔwo la. Wodo tso ʋɔ driba la ƒe nu me kple lã wɔadã la ƒe nu me kple aʋatsonyagbɔɖila la ƒe nu me.
Then I saw three foul spirits, resembling frogs, issue from the mouth of the Dragon, from the mouth of the Wild Beast, and from the mouth of the false Prophet.
14 Wonye gbɔgbɔ vɔ̃ siwo le nukunuwo wɔm la, eye wodona yina ɖe xexemefiawo gbɔ, ne woaƒo wo nu ƒu hena aʋawɔwɔ le Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la dzi.
For they are the spirits of demons working marvels--spirits that go out to control the kings of the whole earth, to assemble them for the battle which is to take place on the great day of God, the Ruler of all.
15 “Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene! Woayra ame si le ŋudzɔ, eye wògale eƒe awuwo me la, be masi adzo amamae, eye wòaɖe eƒe ŋukpeƒe ɖe go o.”
("I am coming like a thief. Blessed is the man who keeps awake and guards his raiment for fear he walk about ill-clad, and his uncomeliness become manifest.")
16 Tete woƒo fiawo katã nu ƒu ɖe teƒe aɖe si woyɔna le Hebrigbe me be Armagedon.
And assemble them they did at the place called in Hebrew 'Har-Magedon.'
17 Mawudɔla adrelia tsɔ eƒe kplu la trɔ ɖe yame, eye gbe gã aɖe ɖi tso gbedoxɔ la me kple fiazikpui la gbɔ nɔ gbɔgblɔm be, “Wowu enu vɔ!”
Then the seventh angel poured his bowl into the air; and a loud voice came out of the sanctuary from the throne, saying, "Everything is now ready."
18 Tete dzi ke dzo, dzi ɖe gbe, sokpewo ge, eye anyigba ʋuʋu ŋɔdzitɔe. Anyigba meʋuʋu kpɔ nenema tso ɣeyiɣi si wowɔ amegbetɔ ɖe anyigba dzi o, elabena anyigbaʋuʋu la nu sẽ ŋutɔ.
Flashes of lightning followed, and voices, and peals of thunder, and an earthquake more dreadful than there had ever been since there was a man upon the earth--so terrible was it, and so great!
19 Du gã la ma ɖe akpa etɔ̃ me, eye dukɔwo ƒe duwo mu dze anyi. Mawu ɖo ŋku Babilonia Gã la dzi, eye wòtsɔ kplu si yɔ fũu kple eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ ƒe wain la nɛ.
The great city was split into three parts; the cities of the nations fell; and great Babylon came into remembrance before God, for Him to make her drink from the wine-cup of His fierce anger.
20 Ƒukpo ɖe sia ɖe si dzo, eye womegakpɔ towo gɔ̃ hã o.
Every island fled away, and there was not a mountain anywhere to be seen.
21 Tsikpe gã aɖe dza tso dziƒo, eye tsikpe ɖeka ƒe kpekpeme anɔ kilogram blaade-vɔ-atɔ̃. Woge dze amewo dzi le anyigba. Ameawo ƒo fi de Mawu le tsikpe ƒe dɔvɔ̃ la ta, elabena dɔvɔ̃ la dzi ŋɔ ŋutɔ.
And heavy hail, that seemed to be a talent in weight, fell from the sky upon the people; and they spoke evil of God on account of the plague of the hail--because the plague of it was exceedingly severe.

< Nyaɖeɖefia 16 >