< Nyaɖeɖefia 13 >

1 Ale ʋɔ driba la nɔ tsitre ɖe atsiaƒu la to. Tete mekpɔ lã wɔadã aɖe wòdo go tso atsiaƒu me gbɔna. Eto dzo ewo kple ta adre; fiakuku ewo nɔ dzoawo dzi, eye woŋlɔ busuŋkɔwo ɖe ta adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.
Now I was standing on the seashore, and I saw a Beast of prey coming up out of the sea, having seven heads and ten horns, and on his horns ten diadems and on his heads blasphemous names.
2 Lã wɔadã si mekpɔ la ɖi lãkle, gake eƒe afɔwo nɔ abe sisiblisi tɔwo ene, eye eƒe nu le abe dzata tɔ ene. Ʋɔ driba la tsɔ eƒe ŋusẽ, fiazikpui kple dziɖuɖuŋusẽ na lã wɔadã la.
The beast that I saw was similar to a leopard, his feet were like those of a bear, and his mouth was like a lion's mouth. And the dragon gave him his power and his throne and great authority.
3 Edze abe lã wɔadã la ƒe tawo dometɔ ɖeka ɖe wòxɔ abi vevie ene, gake abi gã si wòxɔ la ku. Xexea me katã ƒe nu ku, eye wodze lã wɔadã la yome.
And one of his heads was as if it had been mortally wounded, but his fatal wound was healed. And the whole earth marveled after the Beast.
4 Amewo subɔ ʋɔ driba la, elabena etsɔ dziɖuɖu ƒe ŋusẽ na lã wɔadã la, eye wosubɔ lã wɔadã la hã hebia be, “Ame kae le abe lã wɔadã la ene? Ame kae ate ŋu awɔ aʋa kplii?”
And they did obeisance to the dragon who had given the authority to the Beast, and they did obeisance to the Beast saying, “Who is like the Beast, and who is able to make war with him?”
5 Wona nu lã wɔadã la be wòagblɔ adegbeƒonyawo kple busunyawo, eye be wòaɖu dzi hena ɣleti blaene-vɔ-eve.
And he was given a mouth speaking great things, that is, blasphemy; and he was given authority to make war forty-two months.
6 Eke eƒe nu be yeagblɔ busunya ɖe Mawu ŋu, eye yeaƒo ɖi eƒe ŋkɔ, eƒe nɔƒe kple ame siwo katã li kplii le dziƒo la.
So he opened that mouth of his in blasphemy against God, to blaspheme His name and His tabernacle, those who dwell in Heaven.
7 Wona ŋusẽe be wòawɔ aʋa kple ame kɔkɔeawo, eye wòaɖu wo dzi. Nenema ke wona dziɖuɖuŋusẽe ɖe to sia to, ƒome sia ƒome, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple dukɔ sia dukɔ dzi.
And it was given to him to make war with the saints and to conquer them. And authority was given him over every tribe and language and ethnic nation.
8 Anyigbadzitɔwo katã asubɔ lã wɔadã la, ame siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe Alẽvi si wowu tso xexea me ƒe gɔmedzedze ke la ƒe agbegbalẽ la me o.
All who dwell on the earth will do obeisance to him, whose names have not been written in the Book of Life of the Lamb slaughtered from the foundation of the world.
9 Ame si to senu li na la nesee.
If anyone has an ear, let him hear.
10 “Ne ame aɖe ayi aboyo me la, aboyo mee wòayi. Ne woawu ame aɖe kple yi la, yie woatsɔ awui.” Esia hiã na dzigbɔɖi le dzidodo me kple nuteƒewɔwɔ le ame kɔkɔeawo ƒe akpa dzi.
If anyone has captivity, he goes away. If anyone kills with the sword, with the sword he must be killed. Here is the endurance and the faith of the saints.
11 Eye mekpɔ lã wɔadã bubu wònɔ dodom tso anyigba ƒe tume. Eto dzo eve abe agbovi ene, gake enɔ nu ƒom abe ʋɔ driba ene.
Now I saw another beast of prey coming up out of the land, and he had two horns like a lamb and spoke like a dragon.
12 Ewɔ lã wɔadã gbãtɔ ƒe dziɖuɖuŋusẽwo katã ŋu dɔ ɖe lã wɔadã gbãtɔ teƒe, eye wòna be anyigba kple edzinɔlawo katã nasubɔ lã wɔadã gbãtɔ, ame si ƒe kubi wowɔ wòku la.
And he exercises all the authority of the first Beast in his presence; and he started to cause the earth and those who dwell in it to worship the first Beast, whose mortal wound was healed.
13 Ewɔ dzesi kple nukunu gãwo, eye wòna be dzo gɔ̃ hã ge tso dziƒo va dze anyi le amewo ƒe ŋkume.
And he performs great signs, including that fire should come down from heaven upon the earth before the people.
14 Le ŋusẽ si wonae be wòawɔ nukunuwo ɖe lã wɔadã gbãtɔ teƒe ta la, eble anyigbadzitɔwo katã. Ede se na wo be woali legba abe bubudede lã wɔadã si ŋu wode abi kple yi, eye wògale agbe la ŋu ene.
And he deceives my own people, those dwelling on the earth, by the signs that it was given to him to perform before the Beast, telling those who dwell on the earth to make an image to the Beast who had the sword wound and lived.
15 Wona ŋusẽe be wòade gbɔgbɔ lã wɔadã gbãtɔ ƒe legba me, ale be legba la nate ŋu aƒo nu, eye be woawu ame siwo katã gbe be yewomasubɔ lã wɔadã la ƒe legba o la.
And it was granted to him to give breath to the image of the Beast, so that the image of the Beast should actually speak, and should cause as many as would not worship the image of the Beast to be killed.
16 Nenema ke wòzi ame sia ame, suewo kple gãwo, kesinɔtɔwo kple ame dahewo, ablɔɖeviwo kple kluviwo dzi be woade dzesi woƒe nuɖusibɔ alo woƒe ŋgonu,
And he causes everyone—both small and great, both rich and poor, both free and slave—to receive marks on their right hand or on their foreheads,
17 ale be ame aɖeke mate ŋu aƒle nu alo adzra nu o, negbe ɖe wòxɔ dzesi si nye lã wɔadã la ƒe ŋkɔ alo xexlẽme si nye eƒe ŋkɔ la hafi.
so that no one would be able to buy or sell who does not have the mark, the name of the Beast or the number of his name.
18 Esia hiã nunya. Ne sidzedze le ame aɖe si la, nebu lã wɔadã la ƒe xexlẽme kpɔ, elabena enye ame ƒe xexlẽme ƒe dzesi. Eƒe xexlẽme ƒe dzesie nye alafa ade blaade-vɔ-ade.
Here is wisdom: let the one who has understanding evaluate the number of the Beast, for it is the number of man—his number is 666.

< Nyaɖeɖefia 13 >