< Nyaɖeɖefia 12 >
1 Dzesi gã wɔnuku aɖe dze le dziƒo. Nyɔnu aɖe si ta ɣe abe avɔ ene, ɣleti le eƒe afɔ te, eye wòɖɔ fiakuku si ŋu ɣletivi wuieve le la va do.
I znamenje veliko pokaza se na nebu: Žena odjevena suncem, mjesec joj pod nogama, a na glavi vijenac od dvanaest zvijezda.
2 Fu nɔ eƒo, eye wònɔ ɣli dom esi wònɔ ku lém be yeadzi vi.
Trudna viče u porođajnim bolima i mukama rađanja.
3 Emegbe la, dzesi bubu gadze le dziƒo: ʋɔ driba gã dzẽ aɖe si to ta adre, dzo ewo, eye fiakuku adre le tawo nɛ la va do.
I pokaza se drugo znamenje na nebu: gle, Zmaj velik, ognjen, sa sedam glava i deset rogova; na glavama mu sedam kruna,
4 Eƒe asike kplɔ ɣletivi siwo le dziŋgɔli ŋu la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka, eye wòhe wo ƒu gbe ɖe anyigba. Ʋɔ driba la nɔ tsitre ɖe nyɔnu si nɔ ku lém la ŋkume, eye wòle klalo be yeavuvu vidzĩ si nyɔnu la adzi la.
a rep mu povlači trećinu zvijezda nebeskih - i obori ih na zemlju. Zmaj stade pred Ženu koja imaše roditi da joj, čim rodi, proždre Dijete.
5 Nyɔnu la dzi ŋutsuvi, ame si ava aɖu dukɔwo katã dzi kple gatikplɔ. Tete woxɔ ɖevi la le esi kaba tsɔ yi ɖe Mawu kple eƒe fiazikpui la gbɔe.
I ona porodi sina, muškića, koji će vladati svim narodima palicom gvozdenom. I Dijete njeno bi uzeto k Bogu i prijestolju njegovu.
6 Emegbe la, nyɔnu la si yi gbedzi le teƒe si Mawu dzra ɖo ɖi nɛ, afi si woakpɔ eta le hena ŋkeke akpe ɖeka alafa eve blaade.
A Žena pobježe u pustinju gdje joj Bog pripravi sklonište da se ondje hrani tisuću dvjesta i šezdeset dana.
7 Eye aʋa dzɔ le dziƒo. Maikel kple eƒe mawudɔlawo wɔ aʋa kple ʋɔ driba la, eye ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo hã wɔ aʋa kpli wo.
I nasta rat na nebu: Mihael i njegovi anđeli zarate se sa Zmajem. Zmaj uđe u rat i anđeli njegovi,
8 Ke ʋɔ driba la ƒe ŋusẽ metri akɔ o, ale wobu woƒe nɔƒe le dziƒo.
ali ne nadvlada. I ne bijaše im više mjesta na nebu.
9 Wotsɔ ʋɔ driba gã la, da xoxo si woyɔna be gbɔgbɔ vɔ̃ alo Abosam, ame si kplɔ xexea me katã trae la ƒu gbe. Wotsɔ eya ŋutɔ kple eƒe dɔlawo ƒu gbe ɖe anyigba.
Zbačen je Zmaj veliki, Stara zmija - imenom Ðavao, Sotona, zavodnik svega svijeta. Bačen je na zemlju, a s njime su bačeni i anđeli njegovi.
10 Tete mese gbe sesẽ aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Azɔ ko míaƒe Mawu la ƒe ɖeɖe, ŋusẽ kple fiaɖuƒe la kple eƒe Kristo ƒe dziɖuɖu ƒe ŋusẽ la va ɖo, elabena wotsɔ mía nɔviawo nu tsola, ame si nɔa wo nu tsom zã kple keli le Mawu ŋkume la ƒu gbe ɖe anyigba.
I začujem glas na nebu silan: “Sada nasta spasenje i snaga i kraljevstvo Boga našega i vlast Pomazanika njegova! Jer zbačen je tužitelj braće naše koji ih je dan i noć optuživao pred Bogom našim.
11 Woɖu edzi to Alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi me. Womelɔ̃ woƒe agbe nenema gbegbe be woayi sisi ge le ku nu o,
Ali oni ga pobijediše krvlju Jaganjčevom i riječju svojega svjedočanstva: nisu ljubili života svoga - sve do smrti.
12 eya ta dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple mi ame siwo nɔ wo me la! Ke baba na anyigba kple atsiaƒu, elabena Abosam ɖi va mia gbɔ! Dzi le ekum vevie, elabena enyae be yeƒe ɣeyiɣi la le kpuie.”
Zato veselite se, nebesa i svi nebesnici! A jao vama, zemljo i more, jer Ðavao siđe k vama, gnjevan veoma, znajući da ima malo vremena!”
13 Esi ʋɔ driba la kpɔ be wotsɔ ye ƒu gbe ɖe anyigba la, eti nyɔnu si dzi ŋutsuvi la yome.
Kad Zmaj vidje da je zbačen na zemlju, stade progoniti Ženu koja rodi muškića.
14 Wotsɔ hɔ̃ gã aɖe ƒe aʋala eveawo na nyɔnu la, ale be wòate ŋu adzo ayi ɖe teƒe si wodzra ɖo ɖi nɛ le gbedzi, afi si woakpɔ eta le hena ɣeyiɣi aɖe, ɣeyiɣiwo kple ɣeyiɣi afã le afi si ʋɔ driba la mate ŋu ade o la.
No Ženi bijahu dana dva velika krila orlujska da odleti u pustinju, u svoje sklonište gdje se, sklonjena od Zmije, hrani jedno vrijeme i dva vremena i polovicu vremena.
15 Tete ʋɔ driba la tu tsi to eƒe nu me, esi ɖuɖu abe tɔsisi ene, ne wòaɖɔ alé nyɔnu la, eye tɔsisi la nakplɔe adzoe.
I Zmija iz usta pusti za Ženom vodu poput rijeke da je rijeka odnese.
16 Ke anyigba la kpe ɖe nyɔnu la ŋu esi wòke eƒe nu hemi tɔsisi si ʋɔ driba la tu to eƒe nu me la.
Ali zemlja priteče u pomoć Ženi: otvori usta i popi rijeku što je Zmaj pusti iz usta.
17 Dzi ku ʋɔ driba la vevie ɖe nyɔnu la ŋu, eye wòyi be yeaɖawɔ aʋa kple eƒe dzidzimevi mamlɛawo, ame siwo ɖoa to Mawu kple eƒe sededewo, eye wolé Yesu ƒe ɖaseɖiɖi me ɖe asi sesĩe la.
I razgnjevi se Zmaj na Ženu pa ode i zarati se s ostatkom njezina potomstva, s onima što čuvaju Božje zapovijedi i drže svjedočanstvo Isusovo.