< Nyaɖeɖefia 10 >

1 Tete mekpɔ mawudɔla triakɔ bubu wòtso dziƒo gbɔna. Lilikpo nye awu ʋlaya wòdo, eye anyieʋɔ le eƒe ta dzi, eƒe mo le abe ɣe ene, eye eƒe afɔwo le abe dzosɔtiwo ene.
سپس فرشتهٔ نیرومند دیگری را دیدم که از آسمان پایین می‌آمد. گرداگرد او را ابر فرا گرفته بود و بر فراز سرش رنگین کمانی قرار داشت. صورتش نیز همچون خورشید می‌درخشید و پاهایش مانند ستونهای آتش بود.
2 Elé agbalẽ sue aɖe ɖe asi, esi le ʋuʋu le eƒe asiƒome. Etsɔ eƒe ɖusifɔ da ɖe atsiaƒu me, tsɔ eƒe miafɔ da ɖe anyigba dzi,
در دست او طوماری کوچک و گشوده قرار داشت. او پای راستش را بر دریا و پای چپش را بر زمین گذاشت،
3 eye wòdo ɣli sesẽ aɖe abe dzata ƒe gbeɖeɖe ene. Esi wòdo ɣlia la, dziɖegbe adreawo ƒe gbe ɖi.
و صدایی بلند چون غرش شیر برآورد. در جواب او هفت رعد سخن گفتند.
4 Esi dziɖegbe adreawo ƒo nu la, menɔ klalo be maŋlɔ nu, gake mese gbe aɖe tso dziƒo gblɔ nam be, “Tre nu si dziɖegbe adreawo gblɔ la nu, eye mègaŋlɔe da ɖi o.”
آماده می‌شدم تا گفتهٔ رعدها را بنویسم که ناگاه صدایی از آسمان به من گفت: «دست نگه دار! سخن رعدها نباید آشکار شود. آنها را ننویس!»
5 Ke mawudɔla si mekpɔ wònɔ tsitre ɖe atsiaƒu me kple anyigba dzi la do eƒe ɖusibɔ ɖe dziƒo,
آنگاه فرشته‌ای که بر دریا و خشکی ایستاده بود، دست راست خود را به سوی آسمان بلند کرد،
6 eye wòyɔ eya ame si nɔ agbe tegbetegbe, ame si wɔ dziƒowo kple nu siwo katã le wo me, anyigba kple nu siwo le edzi kple atsiaƒu kple nu siwo katã le eme la ƒe ŋkɔ heka atam be, “Heheɖemegbe aɖeke maganɔ anyi o! (aiōn g165)
و به کسی که تا به ابد زنده است و آسمان را با تمام موجودات آنها، و زمین را با تمام موجودات آنها، و دریا را با تمام موجودات آنها آفرید، قسم خورد که دیگر تأخیری پیش نخواهد آمد، (aiōn g165)
7 Gake le ŋkeke siwo me mawudɔla adrelia aku eƒe kpẽa la, Mawu ƒe nu ɣaɣla la ava eme abe ale si wòɖe gbeƒã na eƒe dɔla nyagblɔɖilawoe ene.”
بلکه وقتی فرشتهٔ هفتم شیپور را بنوازد، نقشۀ رازگونۀ خدا عملی خواهد شد، همان‌گونه که خدا به انبیای خود وعده داده بود.
8 Esi gbe si mese tso dziƒo gaƒo nu nam la, egblɔ nam be, “Heyi nàxɔ agbalẽ si le ʋuʋu le mawudɔla si le tsitre ɖe atsiaƒu me kple anyigba dzi la ƒe asi me.”
بار دیگر صدایی از آسمان به من گفت: «برو و طومار باز را از آن فرشته‌ای که بر دریا و خشکی ایستاده است، بگیر.»
9 Ale meyi ɖe mawudɔla la gbɔ, eye mebiae be wòatsɔ agbalẽ sue la nam. Egblɔ nam be, “Xɔe, eye nàɖui. Atrɔ azu nu veve le wò dɔ me, gake le wò nu me ya la, avivi abe anyitsi ene.”
پس به او نزدیک شدم و از او خواستم طومار را به من بدهد. گفت: «بگیر و بخور. وقتی آن را در دهانت گذاشتی، مانند عسل شیرین خواهد بود، اما وقتی خوردی معده‌ات تلخ خواهد شد.»
10 Mexɔ agbalẽ sue la le mawudɔla la si, eye meɖui. Evivi le nye nu me abe anyitsi ene, ke esi meɖui vɔ la, etrɔ zu nu veve le nye dɔ me.
پس طومار را گرفتم و خوردم. درست همان‌گونه که گفته بود، در دهانم شیرین بود، اما وقتی خوردم، معده‌ام تلخ شد.
11 Eyi edzi gblɔ nam be, “Ele na wò be nàgagblɔ nya ɖi tso ame geɖewo, dukɔwo, gbegbɔgblɔwo kple fiawo ŋuti.”
آنگاه به من گفت: «تو باید باز هم دربارهٔ قومها، نژادها، زبانها و پادشاهان بسیار، نبوّت کنی.»

< Nyaɖeɖefia 10 >