< Psalmowo 99 >

1 Yehowa le fia ɖum, dukɔwo nedzo nyanyanya, enɔ eƒe fiazikpui dzi gli le kerubiwo dome, anyigba neʋuʋu.
Jehovah reigns. Let the peoples tremble. He sits enthroned among the cherubim; the earth shakes.
2 Yehowa nye gã le Zion, ekɔ gbɔ dukɔwo katã ta.
Jehovah is great in Zion. He is high above all the peoples.
3 Wonekafu wò ŋkɔ gã, dziŋɔ la, eya amea le kɔkɔe.
Let them praise your great and awesome name. He is Holy.
4 Fia la nye ŋusẽtɔ, elɔ̃a afia nyui tsotso, wò la, èɖo dzɔdzɔenyenye anyi, eye nèwɔ nu si le dzɔdzɔe le Yakob me.
The King's strength also loves justice. You do establish equity. You execute justice and righteousness in Jacob.
5 Mido Yehowa, míaƒe Mawu la ɖe dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe afɔ nu, elabena eya amea le kɔkɔe.
Exalt Jehovah our God. Worship at his footstool. He is Holy.
6 Mose kple Aron le eƒe nunɔlawo dome; Samuel le ame siwo yɔ eƒe ŋkɔ la dome; woyɔ Yehowa ŋkɔ, eye wòtɔ na wo.
Moses and Aaron were among his priests, Samuel among those who call on his name; they called on Jehovah, and he answered them.
7 Eƒo nu na wo tso lilikpo dodo me, eye wolé se kple ɖoɖo siwo wòtsɔ na wo la me ɖe asi.
He spoke to them in the pillar of cloud. They kept his testimonies, the statute that he gave them.
8 O! Yehowa, míaƒe Mawu, wòe tɔ na wo; togbɔ be èhe to na wo le woƒe nu tovowo ta hã la, ènye tsɔtsɔke ƒe Mawu na Israel.
You answered them, Jehovah our God. You are a God who forgave them, although you took vengeance for their doings.
9 Mido Yehowa, miaƒe Mawu la ɖe dzi, eye misubɔe le eƒe to kɔkɔe la dzi, elabena Yehowa, míaƒe Mawu la le kɔkɔe.
Exalt Jehovah, our God. Worship at his holy mountain, for Jehovah, our God, is holy.

< Psalmowo 99 >