< Psalmowo 97 >

1 Yehowa le fia ɖum, anyigba nekpɔ dzidzɔ, eye ƒutadu siwo le didiƒe ke la netso aseye.
耶和华作王!愿地快乐! 愿众海岛欢喜!
2 Lilikpowo kple blukɔ tsiɖitsiɖi ƒo xlãe, eye dzɔdzɔenyenye kple afia nyui tsotso nye eƒe fiazikpui ƒe gɔmeɖokpe.
密云和幽暗在他的四围; 公义和公平是他宝座的根基。
3 Dzo le bibim le eŋgɔ, eye wòle eƒe futɔwo fiam le akpa sia akpa.
有烈火在他前头行, 烧灭他四围的敌人。
4 Eƒe dzikedzo si akaɖi ɖe xexea me, eye anyigba kpɔe heʋuʋu heyeheye.
他的闪电光照世界, 大地看见便震动。
5 Towo lolo abe yɔkumi ene le Yehowa ŋgɔ, ɛ̃, le anyigba ƒe Aƒetɔ la ŋkume.
诸山见耶和华的面, 就是全地之主的面,便消化如蜡。
6 Dziƒowo le gbeƒã ɖem eƒe dzɔdzɔenyenye, eye dukɔwo katã kpɔ eƒe ŋutikɔkɔe.
诸天表明他的公义; 万民看见他的荣耀。
7 Ŋukpe lé aklamakpakpɛsubɔlawo katã, ame siwo tsɔa legbawo ƒoa adegbee, ke misubɔe, mi mawuwo katã!
愿一切事奉雕刻的偶像、 靠虚无之神自夸的,都蒙羞愧。 万神哪,你们都当拜他。
8 Zion see, dzi dzɔe, eye Yuda ƒe kɔƒewo hã tso aseye le wò afia nyui tsotsowo ta, o Yehowa.
耶和华啊,锡安听见你的判断就欢喜; 犹大的城邑也都快乐。
9 O! Yehowa, wò koe nye Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba la katã dzi, eye wodo wò ɖe dzi gbɔ mawuwo katã ta sãsãsã.
因为你—耶和华至高,超乎全地; 你被尊崇,远超万神之上。
10 Mi ame siwo lɔ̃a Yehowa la, mitsri vɔ̃, elabena edzɔa etɔ siwo wɔa nuteƒe la ƒe agbe ŋuti, eye wòɖea woƒe agbe tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me.
你们爱耶和华的,都当恨恶罪恶; 他保护圣民的性命, 搭救他们脱离恶人的手。
11 Kekeli klẽna ɖe ame dzɔdzɔewo dzi, eye dzidzɔkpɔkpɔ yɔa ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka la ƒe dziwo me.
散布亮光是为义人; 预备喜乐是为正直人。
12 Mi ame dzɔdzɔewo, mitso aseye le Yehowa me, eye mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la.
你们义人当靠耶和华欢喜, 称谢他可记念的圣名。

< Psalmowo 97 >