< Psalmowo 96 >
1 Midzi ha yeye na Yehowa; Mi anyigbawo katã, midzi ha na Yehowa.
Singet dem HERRN ein neues Lied, singet dem HERRN, alle Welt!
2 Midzi ha na Yehowa, mikafu eƒe ŋkɔ; miɖe gbeƒã eƒe xɔxɔ gbe sia gbe.
Singet dem HERRN, preiset seinen Namen, prediget Tag für Tag sein Heil!
3 Miɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le dukɔwo dome kple eƒe nukudɔwo fia le anyigbadzitɔwo katã dome.
Erzählet unter den Heiden seine Herrlichkeit, unter allen Völkern seine Wunder!
4 Elabena Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ; ele be woavɔ̃e wu mawuwo katã.
Denn groß ist der HERR und hoch zu loben; er ist verehrungswürdiger als alle Götter.
5 Dukɔwo ƒe mawuwo nye legbawo, ke Yehowae wɔ dziƒowo.
Denn alle Götter der Völker sind Götzen; aber der HERR hat den Himmel gemacht.
6 Atsyɔ̃ kple gãnyenye le eŋgɔ, eye ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe le eƒe kɔkɔeƒe la me.
Pracht und Majestät sind vor seinem Angesicht, Macht und Herrlichkeit in seinem Heiligtum.
7 O! Mi dukɔwo ƒe ƒomewo, mitsɔ ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ na Yehowa.
Bringet dem HERRN, ihr Völkerstämme, bringet dem HERRN Ehre und Macht!
8 Mitsɔ ŋutikɔkɔe si dze eƒe ŋkɔ la nɛ, eye mitsɔ vɔsanuwo va eƒe xɔxɔnuwoe.
Bringet dem HERRN die Ehre seines Namens, bringet Gaben und gehet ein zu seinen Vorhöfen!
9 Misubɔ Yehowa le eƒe kɔkɔenyenye ƒe atsyɔ̃ me, eye anyigba katã nedzo nyanyanya le eŋkume.
Betet den HERRN an in heiligem Schmuck; erbebet vor ihm, alle Welt!
10 Migblɔ le dukɔwo dome be, “Yehowae le fia ɖum.” Eɖo xexea me gɔme anyi goŋgoŋgoŋ, mate ŋu aʋã o; eye adrɔ̃ ʋɔnu amewo ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe.
Saget unter den Heiden: der HERR regiert! Darum steht auch der Erdkreis fest und wankt nicht. Er wird die Völker richten mit Gerechtigkeit.
11 Mina dziƒowo natso aseye, anyigba nekpɔ dzidzɔ, atsiaƒu kple emenuwo katã neɖe gbe,
Es freue sich der Himmel, und die Erde frohlocke, es brause das Meer und was es erfüllt!
12 eye gbegbe kple emenuwo katã netso aseye. Ekema avemetiwo adzi ha atso aseye;
Es jauchze das Feld und alles, was darauf ist! Alle Bäume im Wald sollen alsdann jubeln
13 woadzi ha le Yehowa ŋgɔ, elabena egbɔna, eye wògbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge. Adrɔ̃ ʋɔnu xexea me le dzɔdzɔenyenye me kple dukɔwo le nyateƒe me.
vor dem HERRN; weil er kommt, weil er kommt, die Erde zu richten. Er wird den Erdkreis richten mit Gerechtigkeit und die Völker in seiner Treue.