< Psalmowo 95 >

1 Miva, mina míatso aseye ɖe Yehowa ŋu, eye míado dzidzɔɣli ɖe míaƒe xɔxɔ ƒe Agakpe la ŋu.
率われらヱホバにむかひてうたひ すくひの磐にむかひてよろこばしき聲をあげん
2 Mina míado ɖe eŋkume kple akpedada, eye míadoe ɖe dzi to saŋku kple hadzidzi me.
われら感謝をもてその前にゆき ヱホバにむかひ歌をもて歓ばしきこゑをあげん
3 Elabena Yehowae nye Mawu gã la, eye wònye fiagã si ƒo mawuwo katã ta.
そはヱホバは大なる神なり もろもろの神にまされる大なる王なり
4 Anyigba ƒe gogloƒewo le eƒe asi me, eye towo ƒe tsutsueƒe ke hã nye etɔ.
地のふかき處みなその手にあり 山のいただきもまた神のものなり
5 Atsiaƒu hã nye etɔ, elabena eyae wɔe, eye eƒe asie wɔ anyigba ƒuƒui hã.
うみは神のものその造りたまふところ旱ける地もまたその手にて造りたまへり
6 Miva, mina míabɔbɔ ade ta agu nɛ, eye mina míadze klo ɖe Yehowa, mía Wɔla la ƒe ŋkume.
いざわれら拝みひれふし我儕をつくれる主ヱホバのみまへに曲跪くべし
7 Elabena eyae nye míaƒe Mawu, eye míenye amewo le eƒe lãnyiƒe, kple lãha le eƒe dzikpɔkpɔ te. Egbe, ne miese eƒe gbe la,
彼はわれらの神なり われらはその草苑の民その手のひつじなり 今日なんぢらがその聲をきかんことをのぞむ
8 migasẽ miaƒe dzi me abe ale si miewɔ le Meriba kple ale si miewɔ gbe ma gbe le Masa le gbea dzi ene o.
なんぢらメリバに在りしときのごとく 野なるマサにありし日の如く その心をかたくなにするなかれ
9 Afi mae mia fofowo, togbɔ be wokpɔ nu si mewɔ hã la, wodom kpɔ, eye wotem kpɔ le.
その時なんぢらの列祖われをこころみ我をためし 又わがわざをみたり
10 Medo dɔmedzoe ɖe dzidzime ma ŋu ƒe blaene sɔŋ, megblɔ be, “Wonye ame siwo ƒe dzi tra mɔ, eye womenya nye mɔwo o.”
われその代のためにうれへて四十年を歴 われいへり かれらは心あやまれる民わが道を知ざりきと
11 Ale le nye dɔmedzoe me, meka atam be, “Womayi ɖe nye dzudzɔ la me gbeɖe o.”
このゆゑに我いきどほりて彼等はわが安息にいるべからずと誓ひたり

< Psalmowo 95 >