< Psalmowo 94 >

1 O! Yehowa, Mawu si biaa hlɔ̃, O! Mawu si biaa hlɔ̃, klẽ.
אל-נקמות יהוה אל נקמות הופיע
2 Tso, o xexea me ƒe Ʋɔnudrɔ̃la, ɖo nu si dadalawo wɔ la teƒe na wo.
הנשא שפט הארץ השב גמול על-גאים
3 O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi ame vɔ̃ɖi la atso aseye?
עד-מתי רשעים יהוה עד-מתי רשעים יעלזו
4 Wole nya tovowo gblɔm, eye dada yɔ ame vɔ̃ɖiwo katã me fũu.
יביעו ידברו עתק יתאמרו כל-פעלי און
5 O! Yehowa, wogbã wò dukɔ la nyanyanya, wote wò domenyinu la ɖe to.
עמך יהוה ידכאו ונחלתך יענו
6 Wowu ahosiwo kple amedzrowo, eye wowu tsyɔ̃eviwo hã.
אלמנה וגר יהרגו ויתומים ירצחו
7 Wogblɔ be, “Yehowa mele ekpɔm o, Yakob ƒe Mawu la metsɔ ɖeke le eme o.”
ויאמרו לא יראה-יה ולא-יבין אלהי יעקב
8 Mikpɔ nyuie, mi gegeme siwo le dukɔ la me, mi bometsilawo, ɣe ka ɣi miadze nunya?
בינו בערים בעם וכסילים מתי תשכילו
9 Ɖe eya ame si wɔ to la mase nu oa? Ɖe eya ame si wɔ ŋku la makpɔ nu oa?
הנטע אזן הלא ישמע אם-יצר עין הלא יביט
10 Ɖe eya ame si hea to na dukɔwo la mahe to oa? Ɖe eya ame si fiaa nu ame la, ahiã na nunya?
היסר גוים הלא יוכיח המלמד אדם דעת
11 Yehowa nya amegbetɔ ƒe susu, eye wònya be tofloko ko wònye.
יהוה--ידע מחשבות אדם כי-המה הבל
12 O, Yehowa, woayra ame si nèhe to na, ame si nèfia nui tso wò se la me,
אשרי הגבר אשר-תיסרנו יה ומתורתך תלמדנו
13 eye nèna gbɔdzɔe tso dzɔgbevɔ̃eŋkekewo me, va se ɖe esime wòɖe ʋe na ame vɔ̃ɖiwo.
להשקיט לו מימי רע-- עד יכרה לרשע שחת
14 Elabena Yehowa magbe eƒe dukɔ la o, eye magblẽ eƒe domenyinu ɖi o.
כי לא-יטש יהוה עמו ונחלתו לא יעזב
15 Woagaɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ anyi ɖe dzɔdzɔenyenye dzi, eye ame siwo katã ƒe dzi to mɔ ɖeka la adze eyome.
כי-עד-צדק ישוב משפט ואחריו כל-ישרי-לב
16 Ame ka atso ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu nam? Ame ka atsi tsitre ɖe nu tovo wɔlawo ŋu ɖe nunye?
מי-יקום לי עם-מרעים מי-יתיצב לי עם-פעלי און
17 Ɖe menye Yehowae kpe ɖe ŋunye o la, anye ne eteƒe madidi o la, manɔ ɖoɖoezizi me le tsiẽƒe.
לולי יהוה עזרתה לי-- כמעט שכנה דומה נפשי
18 Esi medo ɣli be, “Nye afɔ le ɖiɖim” la, wò lɔlɔ̃, O! Yehowa, de megbe nam.
אם-אמרתי מטה רגלי חסדך יהוה יסעדני
19 Esi dzitsitsi yɔ menye la, wò akɔfaname he dzidzɔ vɛ na nye luʋɔ.
ברב שרעפי בקרבי-- תנחומיך ישעשעו נפשי
20 Ɖe fiazikpui madzɔmadzɔ si hea hiãkame vɛ to eƒe sededewo me la ate ŋu ade ha kpli wòa?
היחברך כסא הוות יצר עמל עלי-חק
21 Wowɔa ɖeka ɖe ame dzɔdzɔewo ŋu, eye wotsoa kufia na ame maɖifɔ.
יגודו על-נפש צדיק ודם נקי ירשיעו
22 Gake Yehowae nye nye mɔ sesẽ, nye Mawu kple agakpe si nye nye sitsoƒe.
ויהי יהוה לי למשגב ואלהי לצור מחסי
23 Aɖo woƒe nu vɔ̃wo teƒe na wo, eye wòatsrɔ̃ wo le woƒe vɔ̃ɖinyenye ta, ɛ̃, Yehowa, míaƒe Mawu la atsrɔ̃ wo.
וישב עליהם את אונם-- וברעתם יצמיתם יצמיתם יהוה אלהינו

< Psalmowo 94 >