< Psalmowo 92 >

1 Ha si wokpa. Hadzidzi. Na Dzudzɔgbe ŋkeke la. Enyo be woakafu Yehowa, eye woadzi ha na wò ŋkɔ, o Dziƒoʋĩtɔ,
A Psalm, a Song for the sabbath day. It is a good thing to give thanks unto Jehovah, And to sing praises unto thy name, O Most High;
2 ne woaɖe gbeƒã wò lɔlɔ̃ le ŋdi me kple wò nuteƒewɔwɔ le fiẽ me,
To show forth thy lovingkindness in the morning, And thy faithfulness every night,
3 ɖe ka ewo gakasaŋku kple kasaŋku ƒe gbe vivi nu.
With an instrument of ten strings, and with the psaltery; With a solemn sound upon the harp.
4 O! Yehowa, èna mekpɔ dzidzɔ le wò nuwɔnawo ta. Medzi ha tso aseye le wò asinudɔwo ta.
For thou, Jehovah, hast made me glad through thy work: I will triumph in the works of thy hands.
5 O! Yehowa, wò dɔwɔwɔwo lolo loo, aleke wò susuwo me goglo ale?
How great are thy works, O Jehovah! Thy thoughts are very deep.
6 Numanyala menya esia o, eye bometsilawo mese egɔme o,
A brutish man knoweth not; Neither doth a fool understand this:
7 be togbɔ be ame vɔ̃ɖi tsi mlɔmlɔmlɔ abe gbe ene, eye nu tovo wɔlawo ƒo se hã la, woatsrɔ̃ wo gbidigbidi.
When the wicked spring as the grass, And when all the workers of iniquity do flourish; It is that they shall be destroyed for ever.
8 Ke wò, o Yehowa, woado wò ɖe dzi tegbetegbe.
But thou, O Jehovah, art on high for evermore.
9 Vavã, wò futɔwo, o Yehowa, atsrɔ̃ le nyateƒe me, eye nu vlo wɔlawo katã aka ahlẽ gbẽe.
For, lo, thine enemies, O Jehovah, For, lo, thine enemies shall perish; All the workers of iniquity shall be scattered.
10 Èkɔ nye dzo ɖe dzi abe to tɔ ene, eye nèkɔ ami nyuitɔwo ɖe dzinye.
But my horn hast thou exalted like [the horn of] the wild-ox: I am anointed with fresh oil.
11 Nye ŋkuwo kpɔ ale si woɖu nye ketɔwo dzii, eye nye towo se ale si wonya avuzi le nye futɔ vɔ̃ɖiwo dzii.
Mine eye also hath seen [my desire] on mine enemies, Mine ears have heard [my desire] of the evil-doers that rise up against me.
12 Ame dzɔdzɔewo atsi abe ale si deti tsinae ene, woatsi akɔ abe Lebanon ƒe sedati ene;
The righteous shall flourish like the palm-tree: He shall grow like a cedar in Lebanon.
13 ati siwo wodo ɖe Yehowa ƒe aƒe me, woatsi nyuie le míaƒe Mawu la ƒe xɔxɔnu.
They are planted in the house of Jehovah; They shall flourish in the courts of our God.
14 Aleke gbegbe wotsii hã la, woaganɔ tsetsem, eye woƒe aŋgbawo ada ama, eye womalũ xɛ o.
They shall still bring forth fruit in old age; They shall be full of sap and green:
15 Woaɖe gbeƒã be, “Yehowae nye dzɔdzɔetɔ; eyae nye nye Agakpe, eye vɔ̃ɖinyenye aɖeke mele eme o.”
To show that Jehovah is upright; He is my rock, and there is no unrighteousness in him.

< Psalmowo 92 >