< Psalmowo 91 >

1 Ame si nɔ Dziƒoʋĩtɔ la ƒe bebeƒe la agbɔ ɖe eme le Ŋusẽkatãtɔ la ƒe vɔvɔli te.
Celui qui demeure sous l’abri du Très-Haut Repose à l’ombre du Tout-Puissant.
2 Magblɔ na Yehowa be, “Eyae nye nye sitsoƒe kple nye mɔ sesẽ, nye Mawu si ŋu meku ɖo.”
Je dis à l’Éternel: Mon refuge et ma forteresse, Mon Dieu en qui je me confie!
3 Vavã, aɖe wò le xevimɔtrela ƒe mɔ kple dɔvɔ̃ dziŋɔ me.
Car c’est lui qui te délivre du filet de l’oiseleur, De la peste et de ses ravages.
4 Atsɔ eƒe fuwo atsyɔ dziwò, àkpɔ sitsoƒe le eƒe aʋala te, eye eƒe nuteƒewɔwɔ anye wò akpoxɔnu kple mɔxenu aƒo xlã wò.
Il te couvrira de ses plumes, Et tu trouveras un refuge sous ses ailes; Sa fidélité est un bouclier et une cuirasse.
5 Màvɔ̃ zãmeŋɔdzi alo aŋutrɔ si le ʋɔ lũm le ŋkeke me,
Tu ne craindras ni les terreurs de la nuit, Ni la flèche qui vole de jour,
6 dɔvɔ̃ si le tsatsam le viviti me, alo dɔxɔleameŋu si le nu gblẽm le ŋdɔ la o.
Ni la peste qui marche dans les ténèbres, Ni la contagion qui frappe en plein midi.
7 Akpe adze anyi ɖe axawò, eye akpe ewo ɖe wò nuɖusime, ke wò la, mate ɖe ŋuwò o.
Que mille tombent à ton côté, Et dix mille à ta droite, Tu ne seras pas atteint;
8 Ɖeko nàkpɔe kple wò ŋkuwo, eye àkpɔ ale si woahe to na ame vɔ̃ɖiwoe.
De tes yeux seulement tu regarderas, Et tu verras la rétribution des méchants.
9 Ne ètsɔ Dziƒoʋĩtɔ la, Yehowa, ame si nye nye sitsoƒe wɔ nɔwòƒee la,
Car tu es mon refuge, ô Éternel! Tu fais du Très-Haut ta retraite.
10 ekema dzɔgbevɔ̃e maɖi kpe wò o, eye gbegblẽ mate ɖe wò agbadɔ ŋu o,
Aucun malheur ne t’arrivera, Aucun fléau n’approchera de ta tente.
11 elabena ade se na eƒe dɔlawo tso ŋutiwò, be woakpɔ tawò le wò mɔwo katã dzi.
Car il ordonnera à ses anges De te garder dans toutes tes voies;
12 Woakɔ wò ɖe woƒe asiwo me, be màtsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o.
Ils te porteront sur les mains, De peur que ton pied ne heurte contre une pierre.
13 Àɖo afɔ dzata kple ƒli dzi, eye ànya avuzi le dzata dziŋɔ kple da vɔ̃ɖi dzi.
Tu marcheras sur le lion et sur l’aspic, Tu fouleras le lionceau et le dragon.
14 Yehowa be, “Maɖee, elabena elɔ̃m, madzɔ eŋu, elabena enya nye ŋkɔ.
Puisqu’il m’aime, je le délivrerai; Je le protégerai, puisqu’il connaît mon nom.
15 Ayɔm, eye matɔ nɛ; manɔ anyi kplii le xaxa me, maɖee, eye made bubu eŋuti.
Il m’invoquera, et je lui répondrai; Je serai avec lui dans la détresse, Je le délivrerai et je le glorifierai.
16 Matsɔ agbe didi aɖi ƒo nɛ, eye maɖe nye xɔxɔ afiae.”
Je le rassasierai de longs jours, Et je lui ferai voir mon salut.

< Psalmowo 91 >