< Psalmowo 90 >

1 Mose, Mawu ƒe ame ƒe gbedodoɖa. Yehowa, wòe nye míaƒe sitsoƒe le dzidzimewo katã me.
Lord, thou hast been our dwelling place in all generations.
2 Hafi towo nava dzɔ, alo hafi nàwɔ anyigba kple xexea me, tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, wò koe nye Mawu.
Before the mountains were brought forth, or ever thou hadst formed the earth and the world, even from everlasting to everlasting, thou art God.
3 Ènana amegbetɔwo gatrɔna zua kewɔ, eye nègblɔna be, “O! Amegbetɔviwo, mitrɔ zu kewɔ.”
Thou turnest man to destruction; and sayest, Return, ye children of men.
4 Elabena ƒe akpewo le ŋkuwò me le abe etsɔ ŋkeke si va yi la ene, alo abe ŋudzɔɣi le zã me ene.
For a thousand years in thy sight are but as yesterday when it is past, and as a watch in the night.
5 Èkplɔa amewo dzonae to ku me; wole abe gbe mumu le ŋdi me ene.
Thou carriest them away as with a flood; they are as a sleep: in the morning they are like grass which groweth up.
6 Togbɔ be emie le ŋdi yeyee hã la, le fiẽ me la, eƒu, eye wòku.
In the morning it flourisheth, and groweth up; in the evening it is cut down, and withereth.
7 Wò dɔmedzoe la tsrɔ̃ mí eye wò dɔmedzoe do ŋɔdzi na mí.
For we are consumed by thine anger, and by thy wrath are we troubled.
8 Ètsɔ míaƒe vodadawo ɖo wò ŋkume kple míaƒe nu vɔ̃ siwo míewɔ le ɣaɣlaƒe la ɖo wò mo ƒe kekeli nu.
Thou hast set our iniquities before thee, our secret sins in the light of thy countenance.
9 Míaƒe ŋkekewo katã nu va yi le wò dziku ta, eye míewu míaƒe ƒewo nu kple ŋeŋe.
For all our days are passed away in thy wrath: we spend our years as a tale that is told.
10 Míaƒe agbemeŋkekewo le ƒe blaadre, alo blaenyi, gake ne ŋusẽ gale mía ŋutie nye ema, elabena woƒe didi nye fuɖename kple aɖukliɖuɖu; wo nu va yi kaba, eye míedzo.
The days of our years are threescore years and ten; and if by reason of strength they be fourscore years, yet is their strength labour and sorrow; for it is soon cut off, and we fly away.
11 Ame kae nya wò dɔmedzoe ƒe ŋusẽ? Elabena wò dziku nu sẽ abe ale si woavɔ̃ wòe ene.
Who knoweth the power of thine anger? even according to thy fear, so is thy wrath.
12 Fia ale si míaxlẽ míaƒe ŋkekewo dedie la mí, ale be dzi si me dziƒonunya le la nasu mía si.
So teach us to number our days, that we may apply our hearts unto wisdom.
13 O! Yehowa, bɔbɔ wò asi! Va se ɖe ɣe ka ɣi? Kpɔ nublanui na wò dɔlawo.
Return, O Yhwh, how long? and let it repent thee concerning thy servants.
14 Tsɔ wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ɖi ƒoe na mí le ŋdi me, be míadzi ha kple dzidzɔ, eye míatso aseye le míaƒe ŋkekewo katã me.
O satisfy us early with thy mercy; that we may rejoice and be glad all our days.
15 Na míatso aseye, ɖe ŋkeke siwo katã nètu nu kpli mí kple ƒe siwo katã me nèhe fukpekpe va mía dzi la ta.
Make us glad according to the days wherein thou hast afflicted us, and the years wherein we have seen evil.
16 Na woaɖe wò dɔwɔwɔwo afia wò dɔlawo kple wò atsyɔ̃ afia wo viwo.
Let thy work appear unto thy servants, and thy glory unto their children.
17 Aƒetɔ, míaƒe Mawu, na wò amenuveve nanɔ mía dzi, eye nàli ke míaƒe asinudɔwo na mí, ɛ̃, míaƒe asinudɔwo, nàna woali ke nyuie.
And let the beauty of Yhwh our God be upon us: and establish thou the work of our hands upon us; yea, the work of our hands establish thou it.

< Psalmowo 90 >