< Psalmowo 88 >

1 Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la. Enye nufiameha si Ezrahitɔ Heman kpa; woadzii ɖe Mahalat Leanot ƒe gbeɖiɖi nu. O! Yehowa, Mawu si ɖem, mele ɣli dom le ŋkuwò me zã kple keli.
Gospode Bože, spasitelju moj, danju vièem i noæu pred tobom.
2 Nye gbedodoɖa nede gbɔwò, ƒu to anyi ɖe nye kokoƒoƒo ŋu,
Nek izaðe preda te molitva moja, prigni uho svoje k jauku mojemu;
3 elabena nye luʋɔ yɔ fũu kple xaxawo, eye nye agbe ɖo kudo nu. (Sheol h7585)
Jer je duša moja puna jada, i život se moj primaèe paklu. (Sheol h7585)
4 Wobum ɖe ame siwo yi aʋlime la dome; mele abe ŋutsu si si ŋusẽ mele o la ene.
Izjednaèih se s onima koji u grob odlaze, postadoh kao èovjek bez sile,
5 Woɖem ɖe aga da ɖe ame kukuwo dome, eye mele abe ame siwo wowu wole yɔdo me la ene, ame siwo dzi miagaɖo ŋkui o, eye woɖe wo ɖa le wò dzikpɔkpɔ te.
Kao meðu mrtve baèen, kao ubijeni, koji leže u grobu, kojih se više ne sjeæaš, i koji su od ruke tvoje daleko.
6 Ètsɔm de ʋe goglotɔ me, yi ɖe keke viviti tsiɖitsiɖi me.
Metnuo si me u jamu najdonju, u tamu, u bezdanu.
7 Wò dziku helĩhelĩ le dzinye vevie, eye nètsɔ wò ƒutsotsoewo tsyɔ dzinye. (Sela)
Oteža mi gnjev tvoj, i svima valima svojim udaraš me.
8 Èxɔ xɔ̃nye veviwo le asinye, eye nètsɔm wɔ ŋunyɔnu na wo. Ètsɔm da ɖe xaxɛƒe, nyemate ŋu asi o,
Udaljio si od mene poznanike moje, njima si me omrazio; zatvoren sam, i ne mogu izaæi.
9 eye nuxaxa wɔe be nye ŋkuwo dzi tsyɔ. O! Yehowa, mele yɔwòm gbe sia gbe, eye meke nye abɔwo me na wò.
Oko moje usahnu od jada, vièem te, Gospode, vas dan, pružam k tebi ruke svoje.
10 Ɖe nàte ŋu aɖe wò nukunuwo afia ame kukua? Ɖe ame siwo ku la ate ŋu atsi tsitre akafu wòa? (Sela)
Eda li æeš na mrtvima èiniti èudesa? ili æe mrtvi ustati i tebe slaviti?
11 Ɖe woaɖe gbeƒã wò lɔlɔ̃ le yɔdo me kple wò nuteƒewɔwɔ le tsiẽƒea?
Eda li æe se u grobu pripovijedati milost tvoja, i istina tvoja u truhljenju?
12 Ɖe woanya nu le wò nukunuwo ŋu le viviti me, alo le wò dzɔdzɔenyenyedɔwo ŋu le anyigba manyamanya dzia?
Eda li æe u tami poznati èudesa tvoja, i pravdu tvoju gdje se sve zaboravlja?
13 Ke wò, o Yehowae, mele ɣli dom na be nàxɔ nam, eye le ŋdi me la, nye gbedodoɖa neva gbɔwò.
Ali ja, Gospode, k tebi vièem, i jutrom molitva moja sreta te.
14 O! Yehowa, nu ka ta nègbem, eye nèɣla wò mo ɖem ɖo?
Zašto, Gospode, odbacuješ dušu moju, i odvraæaš lice svoje od mene?
15 Tso nye ɖekakpuime ke, mekpe hiã, eye meɖo kudo nu, mekpe fu le wò ŋɔdzidodowo ta, eye dzi ɖe le ƒonye.
Muèim se i izdišem od udaraca, podnosim strahote tvoje, bez nadanja sam.
16 Wò dziku helĩhelĩ tsyɔ dzinye, eye wò ŋɔdzi gblẽ donyeme.
Gnjev tvoj stiže me, strahote tvoje razdiru me.
17 Woƒo xlãm ŋkeke blibo la abe tsiɖɔɖɔ ene, eye wonye tsyɔ dzinye.
Optjeèu me svaki dan kao voda, stežu me otsvuda.
18 Èɖe nye zɔhɛwo kple xɔ̃nyewo ɖa le ŋunye, eye vivitie nye xɔ̃nye si tsɔ ɖe gbɔnye.
Udaljio si od mene druga i prijatelja; poznanici moji sakrili su se u mrak.

< Psalmowo 88 >