< Psalmowo 87 >

1 Korah ƒe viwo ƒe ha. Eɖo eƒe agunu anyi ɖe to Kɔkɔe la dzi.
לִבְנֵי־קֹרַח מִזְמוֹר שִׁיר יְסוּדָתוֹ בְּהַרְרֵי־קֹֽדֶשׁ׃
2 Yehowa lɔ̃ Zion ƒe agbowo wu Yakob ƒe nɔƒewo katã.
אֹהֵב יְהֹוָה שַׁעֲרֵי צִיּוֹן מִכֹּל מִשְׁכְּנוֹת יַעֲקֹֽב׃
3 O! Mawu ƒe du, wogblɔ nu nyui geɖewo tso ŋuwò. (Sela)
נִכְבָּדוֹת מְדֻבָּר בָּךְ עִיר הָאֱלֹהִים סֶֽלָה׃
4 “Maŋlɔ Rahab kple Babilon ƒe ŋkɔ ɖe ame siwo nyam la dome, nenema kee nye Filistia kple Tiro hekpe ɖe Kus ŋuti, magblɔ be, ‘Wodzi esia le Zion.’”
אַזְכִּיר ׀ רַהַב וּבָבֶל לְֽיֹדְעָי הִנֵּה פְלֶשֶׁת וְצֹר עִם־כּוּשׁ זֶה יֻלַּד־שָֽׁם׃
5 Vavã, woagblɔ le Zion ŋu be, “Wodzi esia kple ekemɛ le afi ma, eye Dziƒoʋĩtɔ la ŋutɔ aɖo egɔme anyi.”
וּלְצִיּוֹן ׀ יֵאָמַר אִישׁ וְאִישׁ יֻלַּד־בָּהּ וְהוּא יְכוֹנְנֶהָ עֶלְיֽוֹן׃
6 Yehowa aŋlɔ ɖe dukɔwo ƒe agbalẽ me be, “Wodzi esia le Zion.” (Sela)
יְֽהֹוָה יִסְפֹּר בִּכְתוֹב עַמִּים זֶה יֻלַּד־שָׁם סֶֽלָה׃
7 Ne wole ha dzim la, woadzi ha be, “Nye agunuwo katã le mewò.”
וְשָׁרִים כְּחֹלְלִים כׇּֽל־מַעְיָנַי בָּֽךְ׃

< Psalmowo 87 >