< Psalmowo 85 >

1 Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la. O! Yehowa, èɖe amenuveve fia wò anyigba; ègaɖo Yakob ƒe nunyonamewo te.
[For the Chief Musician. A Psalm by the sons of Korah.] LORD, you have been favorable to your land. You have restored the fortunes of Jacob.
2 Ètsɔ wò dukɔ la ƒe vodada kee, eye nètsyɔ nu woƒe nu vɔ̃wo katã dzi. (Sela)
You have forgiven the iniquity of your people. You have covered all their sin. (Selah)
3 Èɖe asi le wò dzikudodo helĩhelĩ ŋuti eye nèdzudzɔ dɔmedzoe kaɖikaɖi dodo.
You have taken away all your wrath. You have turned from the fierceness of your anger.
4 O! Mawu, míaƒe Ɖela, gaɖo mí te, míaƒe nu meganɔ dzi kum na wò o.
Restore us, God of our salvation, and cause your indignation toward us to cease.
5 Ɖe nàdo dɔmedzoe ɖe mía ŋu ɖikaa? Ɖe nàdidi wò dɔmedzoe la wòazɔ ato dzidzimewo katã mea?
Will you be angry with us forever? Will you draw out your anger to all generations?
6 Màgagbɔ agbe mí, be wò dukɔ nàkpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò oa?
Won't you revive us again, that your people may rejoice in you?
7 O! Yehowa, ɖe wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la fia mí, eye nàna wò xɔname mí.
Show us your loving kindness, LORD. Grant us your salvation.
8 Maɖo to ase nya si Yehowa Mawu agblɔ; edo ŋutifafa ƒe ŋugbe na eƒe dukɔ, eƒe ame kɔkɔewo, gake ɖeko mègana woatrɔ ayi bometsitsi gbɔ o.
I will hear what God, the LORD, will speak, for he will speak peace to his people, his faithful ones; but let them not turn again to folly.
9 Vavã eƒe ɖeɖe tsɔ ɖe ame siwo vɔ̃nɛ la gbɔ, ale be eƒe ŋutikɔkɔe nanɔ míaƒe anyigba dzi.
Surely his salvation is near those who fear him, that glory may dwell in our land.
10 Lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ do go wo nɔewo, eye dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa gbugbɔ nu na wo nɔewo.
Mercy and truth meet together. Righteousness and peace have kissed each other.
11 Nuteƒewɔwɔ mie tso anyigba me, eye dzɔdzɔenyenye do mo ɖa kpɔ anyigba tso dziƒo.
Truth springs out of the earth. Righteousness has looked down from heaven.
12 Yehowa ana nu si nyo la mí vavã, eye míaƒe anyigba atse eƒe ku.
Yes, the LORD will give that which is good. Our land will yield its increase.
13 Dzɔdzɔenyenye le eŋgɔ, eye wòle mɔ tam na eƒe afɔtoƒewo.
Righteousness goes before him, And prepares the way for his steps.

< Psalmowo 85 >