< Psalmowo 84 >

1 Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe gitit ƒe gbeɖiɖi nu. O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, wò nɔƒe dzeani loo!
For the music director. A psalm of the descendants of Korah. On the gittith. How wonderful is the place where you live, Lord Almighty!
2 Yehowa, wò xɔxɔnuwo le nye luʋɔ dzrom kutɔkutɔe. Nye dzi kple ŋutilã le vivi dom ɖe Mawu gbagbe la ŋu.
I long, I ache, to be in the courts of the Lord. My mind and my body sing for joy to the living God.
3 O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Fianye kple Mawunye, sagbadre gɔ̃ hã kpɔ nɔƒe, eye atsutsrɔe wɔ atɔ na eɖokui, afi si wòatsɔ viawo ada ɖo, be wòate ɖe wò vɔsamlekpui la ŋu.
Even a sparrow finds a home there, and a swallow builds a nest for herself where she can raise her chicks near to your altars, Lord Almighty, my king and my God.
4 Woayra ame siwo nɔa wò aƒe me la, elabena wole kafuwòm ɖaa. (Sela)
How happy are those who live in your house—they are always praising you! (Selah)
5 Woayra ame siwo ƒe ŋusẽ le mewò, ame siwo ƒe dzi ku ɖe xɔsemɔzɔzɔ ŋuti.
How happy are those whose strength is in you, those who are determined to make a pilgrimage.
6 Ne woto Baka Balime la, wowɔnɛ wòzua tsidzɔƒewo, eye kelemetsi tsyɔa edzi kple yayra.
As they walk through the Valley of Tears it becomes a spring of water; autumn rains cover it with pools.
7 Wole azɔli dzi tso ŋusẽ me yi ŋusẽ me va se ɖe esime wo dometɔ ɖe sia ɖe nado ɖe Mawu ŋkume le Zion.
They go from strength to strength, and each one will appear before God in Jerusalem.
8 Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ; O! Yakob ƒe Mawu, ɖo to nye gbedodoɖa. (Sela)
Lord God Almighty, please hear my prayer; please listen, God of Jacob. (Selah)
9 O! Mawu, nye kɔ nàkpɔ míaƒe akpoxɔnu, eye nakpɔ wò amesiamina la kple amenuveve.
Please God, look at our defender, look at the face of your anointed one.
10 Ŋkeke ɖeka le wò xɔxɔnu nyo wu akpe le afi aɖe; enyo be manye agbonudzɔla le Mawu ƒe aƒe me wu be manɔ ame vɔ̃ɖi ƒe agbadɔ me,
One day in your courts is better than a thousand anywhere else. I'd rather stand as a doorkeeper in the house of my God than live comfortably in the homes of the wicked.
11 elabena Yehowa Mawue nye ɣe kple akpoxɔnu. Yehowae naa amenuveve kple bubu, eye metea nu nyui ame siwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o.
For the Lord God is our sun and shield, and he gives us grace and honor. The Lord doesn't hold back anything good from those who do right.
12 O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, woayra ŋutsu si ɖoa dzi ɖe ŋuwò la.
Lord Almighty, how happy are those who trust in you.

< Psalmowo 84 >